Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 3

Mɔfiamegbalẽ Si Ŋu Kakaɖedzi Le

Mɔfiamegbalẽ Si Ŋu Kakaɖedzi Le

WOGBLƆ le agbalẽ aɖe si Chung Shang Yunivɛsiti si le Guangzhou, China, ta me be: “Ameƒomea ƒe ŋkuʋuʋu kple agbemenuteƒekpɔkpɔwoe ƒo ƒu le Biblia me eye ele etɔxɛ.” Wogblɔ be Immanuel Kant si nye ƒe alafa 18 lia me xexemenunyala gblɔ be: “Alesi Biblia li wònye agbalẽ na amesiame la, nye viɖenu gãtɔ kekeake si su amegbetɔƒomea si kpɔ. Agbagba ɖesiaɖe si woadze be woadae ɖe anyi . . . la nye vɔ̃wɔwɔ ɖe ameƒomea ŋu.” The Encyclopedia Americana gblɔ be: “Menye Yudatɔwo kple Kristotɔwo ko dzie Biblia kpɔ ŋusẽ ɖo o. . . . Fifia wobunɛ be enye agbalẽ vevi le agbenɔnɔ kpakple subɔsubɔ nyawo me eye eƒe nufiame gbogboawo agava xɔ asi geɖe wu zi alesi mɔkpɔkpɔ na xexeme ƒe ŋkuʋuʋu le dzidzim ɖe edzi ko.”

2 Subɔsubɔha ka mee nèɖale o, ɖe màdi be yeanya nane tso agbalẽ sia ŋu oa? Va ɖo ƒe alafa 20 lia ƒe nuwuwu la, woɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 2,200 kple edzivɔ me. Ame akpa gãtɔ ate ŋu akpɔ eƒe ɖe le gbegbɔgblɔ si woate ŋu axlẽ ase egɔme la me. Tso esime woto agbalẽtamɔ̃ si zãa nuŋlɔgba si wogate ŋu zãna vɛ la, Biblia agbɔsɔsɔme si wota wòka amewo si le xexeame godoo la ade ɖekaɖeka biliɔn ene.

3 Ne Biblia le asiwò la, ke taflatse ʋui azɔ, eye nàlé ŋku ɖe emenyawo ɖoƒe ŋu kpɔ. Àkpɔ agbalẽawo ƒe ŋkɔwo, tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ dzi vaseɖe Nyaɖeɖefia dzi. Le nyateƒe me la, agbalẽ 66 siwo ame 40 aɖewo ŋlɔ ye woƒo ƒu wòle Biblia me. Esɔ be wona ŋkɔ akpa gbãtɔ si me agbalẽ 39 le, si ame geɖe yɔna be Nubabla Xoxoa, be Hebri Ŋɔŋlɔawo elabena Hebrigbe koŋ mee woŋlɔe ɖo. Esɔ be wona ŋkɔ akpa evelia si me agbalẽ 27 le, si ame geɖe yɔna be Nubabla Yeyea, be Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo elabena Helagbe mee Kristotɔ agbalẽŋlɔlawo ŋlɔe ɖo. Biblia ŋɔŋlɔ xɔ wu ƒe 1,600, tso ƒe 1513 D.M.Ŋ. va ɖo ƒe 98 M.Ŋ. me. Eŋlɔlawo mekpe kple wo nɔewo kpɔ gbeɖe le eŋɔŋlɔ me o, eye ɣeyiɣi ɖeka mee woŋlɔ agbalẽawo dometɔ aɖewo le le teƒe siwo didi tso wo nɔewo gbɔ kilometa geɖe. Ke hã nyati vevi ɖeka koŋ ŋu koe Biblia ƒo nu le eye ɖekawɔwɔ le eƒe nyawo katã me; metsia tre ɖe eɖokui ŋu o. Ðeko míabia be, ‘Aleke wɔ be ame 40 kple edzivɔ siwo nɔ agbe le ƒe alafa 16 dome te ŋu ŋlɔ agbalẽ si gblɔ nya ɖeka alea gbegbe?’

‘Mawu keke dziehe ɖe yame, eye meku anyigba ɖe naneke ŋu o’

4 Togbɔ be wowu Biblia ŋɔŋlɔ nu ƒe 1,900 kple edzivɔe nye si va yi hã la, emenyawo wɔa dɔ ɖe ŋutsu kple nyɔnu siwo li le egbeŋkekeawo me dzi ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, ʋu Hiob 26:7 le wò Biblia me. Nenɔ susu me na wò be ƒe alafa 15 lia D.M.Ŋ. mee woŋlɔ nya sia. Exlẽ be: ‘Mawu keke dziehe ɖe ya me, eye meku anyigba ɖe naneke ŋu o.’ Emegbe gaʋu Yesaya 40:22, eye nàde dzesii be ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. mee woŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa. Kpukpui sia xlẽ be: “Eya, amesi le xexeame godoo ta me, eye eme nɔlawo le dzedzem abe ʋetsuviwo ene; eya, amesi he dziƒo me abe avɔ beli ene, eye wòkekee abe agbadɔ ene.” Nukae va susu me na wò esi nèxlẽ nɔnɔme si woɖɔ le mɔ eve sia nu? Nɔnɔme nogoo aɖe si ‘le yame’ le dziŋgɔli mee wòfia. Ðewohĩ èkpɔ nɔnɔme sia ƒe foto si woɖe tso egbegbe yamenutomeyimɔ̃ me la kpɔ. Àbia be, ‘Aleke wɔ hafi amesiwo nɔ anyi gbaɖegbe ʋĩ ke te ŋu gblɔ nya siwo sɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me pɛpɛpɛ alea?’

5 Mina míagade ŋugble le biabia bubu si ku ɖe Biblia ŋu kpɔ. Ðe Biblia ƒe ŋutinyawo le eteƒea? Ame aɖewo bu be xotutu siwo menye ŋutinya adodoewo o ye le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, bu Israel-fia Dawid si wonya nyuie ŋu kpɔ. Va ɖo nyitsɔ laa la, Biblia dzi koe wote ŋu nɔa te ɖo nyaa nane tso eŋu be enɔ anyi kpɔ. Togbɔ be ŋutinyaŋlɔla veviwo lɔ̃ ɖe edzi be enye ame ŋutɔŋutɔ nɔ anyi kpɔ hã la, ɖikela aɖewo dzea agbagba danɛ ɖe anyi be xotutu me me aɖe koe wònye Yudatɔ togblẽla aɖewo kpa. Nyateƒenya kawoe li ku ɖe eŋu?

Nuŋɔŋlɔ si ku ɖe “Dawid ƒe Aƒe” ŋu

6 Le ƒe 1993 me la, wokpɔ nuŋɔŋlɔ aɖe si ƒo nu tso “Dawid ƒe Aƒe” ŋu le blema Israel-du Dan ƒe gli gbagbãwo dome. Nuŋɔŋlɔa nye ƒe alafa asiekelia D.M.Ŋ. me ƒe ŋkuɖodzikpe gbagbã aɖe si wotu tsɔ ɖo ŋku alesi futɔwo va ɖu Israel-viwo dzii la ƒe akpa aɖe. Wokpɔ blemanu aɖe le vome si ƒo nu tso Dawid ŋu le Biblia megbe! Ðe nusia le veviea? Israel Finkelstein, si le Tel Aviv Yunivɛsiti gblɔ le nusia si wofɔ ŋu be: “Esi wofɔ Dawid ŋuti nuŋlɔɖia ko la, ɖeko tsitretsitsi ɖe Biblia ŋu nu tso enumake.” Enya se be Nufialagã William F. Albright, si ku tome ƒe geɖe le Palestina gblɔ kpɔ be: “Nusiwo ŋu wokena ɖo enuenu ɖoa kpe nya gbogbo aɖewo ƒe nyateƒenyenye dzi, si wɔe be wova kpɔ asixɔxɔ si gbegbe le Biblia ŋu dze sii be blemaŋutinyawo le eme.” Míagate ŋu abia be, ‘Aleke wɔ blemagbalẽ sia te ŋu gblɔ blemaŋutinya pɛpɛpɛ alea wòto vovo na gliwo kple xotutuwo?’ Gake nya geɖe gali.

Gaku si dzi wota Aleksanda Gãtɔ ƒe ta ɖo

7 Biblia nye nyagblɔɖigbalẽ hã. (Petro II, 1:20, 21) Ðewohĩ nya si nye “nyagblɔɖi” na nèɖo ŋku nya siwo amesiwo wɔ wo ɖokui nyagblɔɖilawoe gblɔ gake womeva eme o la dzi enumake. Gake ɖe asi le nazãbubu ɖesiaɖe ŋu, eye nàʋu Daniel ta 8 le wò Biblia me. Daniel ƒo nu tso ŋutega si me agbo dzoevee aɖe kple gbɔ̃tsu aɖe si to “dzo gã” aɖe wonɔ avu wɔm le la ŋu. Gbɔ̃tsua ɖu dzi gake eƒe dzo gã la ŋe. Dzo ene to ɖe eteƒe. Nukae ŋutegaa fia? Daniel ƒe nuŋlɔɖia yi edzi be: “Agbo dzoevee, si nèkpɔ la, enye Media- kple Persia-fiawo. Gbɔ̃tsu la nye Hela-nyigba ƒe fia, eye dzo gã, si le ŋugbladome nɛ la, enye fia gbãtɔ. Eye esi dzo ene to ɖe ŋeŋea teƒe la, egɔme enye: Fiaɖuƒe ene atso dukɔ la me, ke womasesẽ ade eya nu o.”—Daniel 8:3-22.

“Nusiwo ŋu wokena ɖo enuenu ɖo kpe nya gbogbo aɖewo ƒe nyateƒenyenye dzi, si wɔe be wova kpɔ asixɔxɔ si gbegbe le Biblia ŋu dze sii be enye agbalẽ si me woakpɔ blemaŋutinyawo le.”—Nufialagã William F. Albright

8 Ðe nyagblɔɖi sia va emea? Wowu Daniel ƒe agbalẽa ŋɔŋlɔ nu le ƒe 536 D.M.Ŋ. lɔƒo. Makedonia-fia Alexander Gãtɔ, amesi wodzi le ƒe 180 megbe le ƒe 356 D.M.Ŋ. mee ɖu Persia Fiaɖuƒea dzi. Eyae nye “dzo gã” si nɔ “gbɔ̃tsu” la ƒe ŋugbladome. Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be esi Alexander va ɖo Yerusalem hafi wòava si Persia la, wotsɔ Daniel ƒe agbalẽa fiae. Eƒo nya ta be Daniel ƒe nyagblɔɖia me nya siwo wotsɔ fiae la ku ɖe aʋa si eya ŋutɔ ho ɖe Persia ŋu la ŋuti. Gakpe ɖe eŋu la, àte ŋu axlẽ nu tso nusiwo va dzɔ le Alexander ƒe fiaɖuƒea me esi wòku le ƒe 323 D.M.Ŋ. megbe ŋu le xexeme ŋutinyagbalẽwo me. Emegbe aʋafiagã ene va ɖu eƒe fiaɖuƒea dzi, eye anye ƒe 301 D.M.Ŋ. me lɔƒo la, “dzo ene” siwo to ɖe “dzo gã” la teƒe la ma fiaɖuƒea ɖe akpa ene me. Le afisia hã la, esɔ kokoko be míabia be, ‘Aleke wɔ hafi agbalẽ ɖeka te ŋu gblɔ nusi ava dzɔ anye ƒe 200 megbe ɖi pɛpɛpɛ eme kɔ alea gbegbe?’

9 Biblia ŋutɔ ɖo nya siwo míebia va yi la ŋu be: ‘Ŋɔŋlɔawo katã tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.’ (Timoteo II, 3:16) Le nyaa ŋutɔŋutɔ nu la, Helagbe me nya si gɔme woɖe be “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me” la fia “ya si Mawu gbɔ.” Mawue “gbɔ” nyatakaka siwo míekpɔna le Biblia ƒe agbalẽwo me fifia ɖe agbalẽŋlɔla siwo ade 40 ƒe susu me. Edze ƒã be kpɔɖeŋu ʋɛ siwo ŋu míede ŋugble le—le dzɔdzɔmeŋutinunya, blemaŋutinya, kple nyagblɔɖi gome—fia nu ɖeka ko. Menye amegbetɔ ƒe nunyae le agbalẽ tɔxɛ sia si nye Biblia me o, ke Mawu gbɔe wòtso. Ke hã ame geɖe kea ɖi le Eŋlɔla—Mawu—ƒe anyinɔnɔ ŋu. Ke wò ya ɖe?