Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 5

Mawu Nyanya

Mawu Nyanya

NE ÈLE aɖaŋuɖoɖo dim la, ɖe menye amesi dzi nèka ɖo gbɔe nèyina oa? Ne èka ɖe amesi le aɖaŋua ɖom dzi la, ɖikeke mele eme o be àdi be yeawɔ ɖe edzi, ne aɖe vi na wò enumake loo alo emegbe hã. Ne aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Biblia me aɖe vi na wò nyateƒe la, ke ele be nàdze si Eŋlɔla. Nya lae nye be woate ŋu abu wò ‘exɔlɔ̃e’ gɔ̃ hã!—Yesaya 41:8.

Mawu ƒe ŋkɔ si dze le Hebrigbe me nuŋɔŋlɔ me le Yesaya ƒe agbalẽa me

2 Ðikeke mele eme o be ne èdi be yeadze xɔ̃ ame aɖe la, àdi be yeanya eƒe ŋkɔ. Ðe ŋkɔ le Biblia ƒe Mawu la sia? Egblɔ be: “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee, nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o.” (Yesaya 42:8) Eƒe ŋkɔe nye “Yehowa,” si woŋlɔ be יהוה (woxlẽnɛ tsoa ɖusime yia miame) le Hebrigbe me. Ŋkɔ ma dze zi 7,000 kloe le Biblia ƒe Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Gɔmesese si le Mawu ƒe ŋkɔ ŋue nye be “Enana Wòvaa Eme,” si fia be Yehowa trɔa eɖokui wɔa nusianu si hiã bene yeate ŋu awɔ yeƒe tameɖoɖowo dzi. Gakpe ɖe eŋu la, woŋlɔ eƒe ŋkɔa le Hebrigbe me gbeŋutise aɖe nu si fia wɔna aɖe si yina eme va ge. Nya ma gɔme ɖe? Efia mí be Yehowa trɔa eɖokui wɔ nusi hiã bene yeƒe tameɖoɖowo nava eme eye egale eɖokui tɔtrɔ dzi. Mawu gbagbe wònye, ke menye ŋusẽ aɖe si menye ame o ye wònye o!

3 Yehowa va zu Wɔla. (Mose I, 1:1) Eyae nye “Mawu gbagbe, si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nusiwo katã le wo me.” (Dɔwɔwɔwo 14:15) Yehowae wɔ nusianu, siwo dome atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, le. Eyata Mawue nye “Agbedzɔƒe.” (Psalmo 36:10) Eva zu Agbeléɖetela hã. Eyata “medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eɖokui ŋuti o, le esime wòwɔa nyui, eye wòna tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo, eye wòtsɔ nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.” (Dɔwɔwɔwo 14:17) Le Afrika kple Asia la, ame geɖe subɔa wo tɔgbuiwo le esi wokpɔ agbe tso wo gbɔ ta. Ðe mele be woada akpe na Wɔla la kple Agbeléɖetela, Amesi wɔ atsu kple asi gbãtɔa eye wòna vidzidziŋutete wo boŋ oa? Ŋugbledede le nya sia ŋu ate ŋu aʋã wò nàkɔ gbe dzi agblɔ be: “Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.”—Nyaɖeɖefia 4:11.

4 Àte ŋu ato Biblia dzi anya Wɔwòla, Yehowa, ahasrɔ̃ nu tso Mawu si ƒomevi wònye ŋu. Eɖee fia be ‘Mawu nye lɔlɔ̃.’ (Yohanes I, 4:16; Mose II, 34:6, 7) Ne èle Biblia xlẽm tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ dzi vaseɖe Nyaɖeɖefia dzi la, àkpɔ nuŋlɔɖi geɖe siwo fia be enye Mawu lɔ̃ame vavã. Nukata màna wòazu numame na wò be nànɔ Mawu ƒe Nya xlẽm gbesiagbe be nànya Wɔwòla o? Amesiwo nya Biblia me nyawo nakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃e nyuie. (Dɔwɔwɔwo 8:26-35) Esɔsrɔ̃ ana nàkpɔe be enye Mawu dzɔdzɔetɔ hã, amesi maɖe mɔ ɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu tegbee o. (Mose V, 32:4) Mele bɔbɔe na amegbetɔ be wòada asɔ le lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ŋudɔwɔwɔ me o, gake nunya si le Yehowa si na Wòwɔa wo ŋudɔ wodana sɔna pɛpɛpɛ. (Romatɔwo 11:33; 16:27) Esi wònye Mawu Ŋusẽkatãtɔ ta la, ŋusẽ le esi be wòawɔ nusianu si wòdi ade goe kple susu be yeƒe tameɖoɖowo nava eme. (Mose I, 17:1) Dze agbagba nàtsɔ aɖaŋuɖoɖo nyui si nàkpɔ le Biblia me awɔ dɔe, eye àva kpɔ ŋudzedze ɖe Wɔwòla la ŋu geɖe wu, eye àdze sii be eƒe aɖaŋuɖoɖo ɖea vi na mí ɣesiaɣi.

Nukatae màte ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me o?

5 Mɔ bubu aɖe gali si dzi nàte ŋu ato ate ɖe Mawu ŋu. Eyae nye to gbedodoɖa dzi. Yehowa nye ‘Gbedodoɖasela.’ (Psalmo 65:3) Ate ŋu ‘awɔ nusianu geɖe awu nusiwo katã míebiana alo wu nusiwo ŋu míebuna.’ (Efesotɔwo 3:20) Gake aleke nàbu ɖe “xɔlɔ̃” si ne edi nane tso gbɔwò ko hafi wòvaa gbɔwò ŋu? Ðewohĩ màbui xɔlɔ̃ vevii o. Eyata, ɖikeke mele eme o be màdi be yeazã gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔa atsɔ abia nusiwo nèdi tso Mawu gbɔ ko o ke àtsɔe ada akpe nɛ ahakafui hã.—Filipitɔwo 4:6, 7; Tesalonikatɔwo I, 5:17, 18.