Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 6

Nukata Yehowa Wɔ Mí Ðo?

Nukata Yehowa Wɔ Mí Ðo?

Fia Salomo bu biabia si ku ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti

VI KAE Yehowa nyanya aɖe na wò? Vi siwo wòaɖe dometɔ ɖekae nye be àkpɔ ta na biabia si tɔtɔ ame biliɔn geɖe, si nye: ‘Nukatae mele afisia ɖo?’ Ðewohĩ èbu biabia ma ŋu ɣeaɖeɣi kpɔ. Fia nyanu aɖe si si kesinɔnuwo nɔ ‘wu fia bubu siwo katã’ nɔ anyi le eŋɔli me hã bu biabia ma si ku ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti. (Kronika II, 9:22; Nyagblɔla 2:1-13) Ŋusẽ gã, kesinɔnu geɖe, kpakple nunya manyagblɔ aɖe nɔ fia sia si nye Salomo si. Nukae wòkpɔ le eƒe numekukua me? “Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!” (Nyagblɔla 12:13) Esi wònye be afisi Salomo kpɔ nuteƒe se ɖo gbɔ ame akpa gãtɔ tɔ ŋu ta la, asɔ be míabu eƒe nyataƒoƒo ya ŋu teti.—Nyagblɔla 2:12.

2 Mawu vɔvɔ̃ si ŋu Salomo ƒo nu tsoe menye vɔvɔ̃ na gbɔgbɔmeŋusẽ manyamanya aɖe o. Ke boŋ enye vɔvɔ̃ ɖɔʋu be màgadze agɔ le ame aɖe si nèlɔ̃ vevie dzi o. Ne èlɔ̃ ame aɖe vevie la, àdi kokoko be yeadze ame ma ŋu ɣesiaɣi eye be yeaƒo asa na nusianu si ate ŋu avee. Ne èva lɔ̃ Yehowa la, nenemae nàse le ɖokuiwò me ɖe eŋu.

3 Biblia xexlẽ ana nànya nusi mía Wɔla la di kple nusiwo medi o kpakple tameɖoɖo si ta wòwɔ anyigba. Biblia gblɔ be Yehowae nye ‘anyigba Wɔla kple Emela’ eye wògayɔe be “[Amesi] ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.” (Yesaya 45:18) Yehowa ɖe wòdzra anyigbaa dzi ɖo be amegbetɔwo nanɔ edzi, eye be woakpɔ anyigba la kple edzi nugbagbewo dzi. (Mose I, 1:28) Gake tameɖoɖo ma ta koe Yehowa wɔ amegbetɔwo ɖoa—be woanye anyigbadzikpɔlawo koa?

Ƒomedodo nyui nɔ Adam kple Xawa kpakple Mawu dome

4 Ao, tameɖoɖo si de ŋgɔ wu ema li. Ƒomedodo nyui aɖe nɔ ame gbãtɔ, Adam, kpakple Yehowa dome. Adam te ŋu ɖoa dze kple Wɔla la tẽ. Ete ŋu sea nya siwo Mawu gblɔna nɛ eye eya hã te ŋu gblɔa nusi wòsusu na Yehowa. (Mose I, 1:28-30; 3:8-13, 16-19; Dɔwɔwɔwo 17:26-28) Eyata mɔnukpɔkpɔ gã aɖe nɔ Adam kple srɔ̃a, Xawa, si be woanya Yehowa nyuie ahana wo kplii dome ƒomedodoa nade to ɖe edzi. Anye ne Yehowa nyanya kple esɔsrɔ̃ ana dzidzeme nanɔ woƒe agbe me hafi, elabena ‘dzidzɔ ƒe Mawue’ wònye. (Timoteo I, 1:11) Esi Yehowa nye Mawu “si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ” ta la, paradiso si woyɔ be Eden-bɔ la mee wòda ame gbãtɔa ɖo, eye mɔkpɔkpɔ nɔ anyi be wòanɔ agbe tegbee.—Timoteo I, 6:17; Mose I, 2:8, 9, 16, 17.

Nukae nusiwo ŋu woke ɖo nyitsɔ laa tso amegbetɔ ƒe lãmenugbagbevi ŋu ɖe fia?

5 Tegbeea? Ðewohĩ àbu agbe mavɔ nɔnɔ be enye nya maɖinya, gake nya maɖinyae wònyea? Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔ se be azɔ la, yewokpɔ nusi gbɔ wòtso be lãmenugbagbeviwo tsina. Domenyiŋusẽmenugbagbevi siwo woyɔna be telomeres, siwo ƒo to na domenyiŋusẽfianuwo nyina hezua kpuie zi ɖesiaɖe si lãmenugbagbeviawo mana. Le lãmenugbagbeviawo ƒe mama zi 50 va ɖo 100 megbe la, telomere siawo nyina vɔna keŋkeŋ, eye lãmenugbagbeviawo dzudzɔa mama. Gake nusiwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖo nyitsɔ laa ɖee fia be lãmetsi aɖe si woyɔna be telomerase ate ŋu awɔe be amegbetɔ ƒe lãmenugbagbeviwo nayi mama dzi ɖaa. Togbɔ be nusia si wova kpɔ mefia be Yehowa ato lãmetsi sia koŋ dzi ana woanɔ agbe mavɔ o hã la, efia nu ɖeka aɖe, si nye be: Menye nya maɖinyae agbe mavɔ nɔnɔ ƒe nukpɔsusua nye o!

6 Ẽ, Biblia me nuŋlɔɖi si ɖee fia be ɖe wowɔ amegbetɔ atsu kple asi gbãtɔa be woanɔ agbe tegbee la dzi anya xɔ ase. Ðe woɖoe be amegbetɔwo kple Yehowa dome ƒomedodo natsi ɖe edzi tegbee. Ðe wodi be kadodo sẽŋu aɖe nanɔ wo kple wo Fofo si le dziƒo dome, anya tameɖoɖo si le esi na amegbetɔwo le anyigba dzi nyuie ahawɔ dɔ tso eŋu. Womeɖoe be agbe nati kɔ na wo o. Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku nɔ Adam kple Xawa si be woadzi vi deblibo kpɔdzidzɔwo bene woayɔ anyigbaa dzi. Anye ne dɔwɔna ɖɔʋu si me dzidzeme le ye woanɔ wɔwɔm tegbetegbe. Anye ne dzidzemegbenɔnɔ vavãe wòanye hafi!—Mose I, 1:28.