Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa 10 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa 10 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Yehowa nye Fia ɖe nuwo katã dzi. Eyae kpɔ ŋusẽ ɖe nuwo katã dzi eye akpɔ ŋusẽ ɖe nuwo katã dzi ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, exɔ na Yeremiya esime wodee vudo me be wòaku. Eɖe Sadrak, Mesak kple Abednego tso kpodzo bibi aɖe me eye wòɖe Daniel tso dzatawo si me. Yehowa kpɔ Esta ta ale be wòate ŋu axɔ na eƒe dukɔ bliboa. Mawu maɖe mɔ nu vlo wɔwɔ nayi edzi tegbee o. Nyagblɔɖi siwo ƒo nu tso legba gã la kple ati gã la ŋu ɖo kpe edzi be eteƒe madidi o Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ava ɖe nu vlo wɔwɔwo katã ɖa eye eya ŋutɔ ƒe Fiaɖuƒea naɖu anyigbaa dzi.

LE AKPA SIA

NUSƆSRƆ̃ 57

Yehowa Dɔ Yeremiya Be Wòaɖe Gbeƒã

Nya si ɖekakpui nyagblɔɖila sia gblɔ la na amegãwo do dziku vevie.

NUSƆSRƆ̃ 58

Wotsrɔ̃ Yerusalem

Yudatɔwo yi edzi subɔ alakpamawuwo eya ta Yehowa ɖe asi le wo ŋu.

NUSƆSRƆ̃ 59

Ŋutsuvi Ene Siwo Ðo To Yehowa

Yuda ɖekakpuiawo ɖoe kplikpaa be yewoawɔ nuteƒe na Yehowa le Babilontɔwo ƒe fiasãa me gɔ̃ hã.

NUSƆSRƆ̃ 60

Fiaɖuƒe Aɖe Si Anɔ Anyi Tegbee

Daniel ɖe nu si Nebukadnezar ƒe drɔ̃e dziŋɔa fia la me.

NUSƆSRƆ̃ 61

Womebɔbɔ De Ta Agu O

Sadrak, Mesak kple Abednego gbe be yewomade ta agu na Babilon-fia ƒe sikanyivi la o.

NUSƆSRƆ̃ 62

Fiaɖuƒe Aɖe Si Le Abe Ati Gã Ene

Drɔ̃e si Nebukadnezar ku la ku ɖe eya ŋutɔ ƒe etsɔme ŋu.

NUSƆSRƆ̃ 63

Asi Aɖe Va Ŋlɔ Nu Ðe Gli Ŋu

Ɣekaɣie nuŋɔŋlɔ si gɔme womese o la dze, eye egɔme ɖe?

NUSƆSRƆ̃ 64

Daniel Le Dzatawo Ƒe Do Me

Do gbe ɖa na Yehowa gbe sia gbe, abe Daniel ene!

NUSƆSRƆ̃ 65

Esta Xɔ Na Eƒe Amewo

Togbɔ be amedzro kple tsyɔ̃evie wònye hã la eva zu fianyɔnu.

NUSƆSRƆ̃ 66

Ezra Fia Mawu Ƒe Se La

Esi Israel-viwo ɖo to Ezra vɔ megbe la, wodo ŋugbe tɔxɛ aɖe na Mawu.

NUSƆSRƆ̃ 67

Yerusalem Ƒe Gliawo

Nehemiya se be yeƒe futɔwo ɖoe be yewoava dze yewo dzi. Nu ka tae mevɔ̃ o?