Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 67

Yerusalem Ƒe Gliawo

Yerusalem Ƒe Gliawo

Na míade ŋugble le ƒe ʋɛ siwo va yi ŋu kpɔ. Nehemiya si nye Fia Artasasta ƒe subɔvi nye Israel-vi nɔ Persia dugã Susan me. Nehemiya nɔvi aɖe tso Yuda va gblɔ nya vɔ̃ aɖe nɛ be: ‘Ame siwo trɔ yi Yerusalem la mele dedie o. Womegbugbɔ dua ƒe gli kple agbo siwo Babilontɔwo gbã la tu o.’ Nya sia te ɖe Nehemiya dzi. Edi be yeayi ava na kpekpeɖeŋu le Yerusalem, eya ta edo gbe ɖa be fia la naɖe mɔ na ye yeayi.

Emegbe la, fia la kpɔ be Nehemiya lé blanui. Fia la biae be: ‘Nyemekpɔ wò nèlé blanui alea kpɔ o. Nu kae wɔwòm?’ Nehemiya ɖo eŋu be: ‘Nu ka tae nyemalé blanui esi Yerusalem gliawo gbã o?’ Fia la biae be: ‘Nu kae nèdi be mawɔ na wò?’ Enumake Nehemiya do gbe ɖa ɖe tame. Eye wògblɔ na fia la be: ‘Meɖe kuku, na mayi Yerusalem agbugbɔ gliawo aɖo.’ Fia Artasasta ɖe mɔ na Nehemiya be wòayi, eye fia la wɔ nu siwo ana be wòanɔ dedie le mɔ legbe la zɔzɔ me. Eɖo Nehemiya Yuda nutoa dzi ɖula eye wòna ati siwo wòatsɔ awɔ dua ƒe agbowo lae.

Esi Nehemiya va ɖo Yerusalem la, elé ŋku ɖe dua ƒe gliwo ŋu. Emegbe eƒo nunɔlawo kple dumegãwo nu ƒu eye wògblɔ na wo be: ‘Nu sia menyo kura o. Ele be míatso ɖe dɔ ŋu.’ Ameawo lɔ̃ ɖe edzi eye wodze gliawo ɖoɖo gɔme.

Gake Israel-viwo ƒe futɔ aɖewo ɖu fewu le wo ŋu eye wogblɔ be: ‘Abei ate ŋu amu gli si ɖom miele la.’ Dɔwɔlawo mede nu eme na wo o, woyi glia ɖoɖo dzi. Glia nɔ dzi yim eye wònɔ sesẽm ɖe edzi.

Futɔawo ɖoe be yewoato mɔ aɖewo dzi ava dze Yerusalemtɔwo dzi le vo me. Esi Yudatɔwo se nugbe si woɖo ɖe wo ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo wo. Gake Nehemiya gblɔ be: ‘Migavɔ̃ o. Yehowa li kpli mí.’ Eɖo dzɔlawo be woakpɔ dɔwɔlawo ta, eye esia wɔe be futɔawo mete ŋu va dze wo dzi o.

Le ŋkeke 52 pɛ ko me la, woɖo gliawo wu enu eye wode agboawo hã. Nehemiya na Lewi viwo va ƒo ƒu ɖe Yerusalem be woakɔ glia ŋu. Eɖo wo wonye hadziha eve. Woto Vudogboa ƒe atrakpuia dzi yi glia dzi eye hadziha ɖeka to glia ƒe akpa ɖeka eye evelia to akpa kemɛa ƒo xlã dua. Woku kpẽwo, ƒo gakogoewo kple saŋkuwo eye wodzi ha kafu Yehowa. Ezra yi kple hadziha ɖeka eye Nehemiya hã yi kple hadziha kemɛa eye wova do go le gbedoxɔa me. Ameawo katã, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo sa vɔwo na Yehowa eye woɖu azã. Wose woƒe dzidzɔɣlia le didiƒe ke.

“Lãnu sia lãnu si woatu ɖe ŋuwò la madze edzi o.”—Yesaya 54:17