Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 77

Nyɔnu Si Va Vudoa To

Nyɔnu Si Va Vudoa To

Le Ŋutitotoŋkekenyuia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ mɔ to Samaria trɔ yina Galilea. Esi wogogo Sixar dua la, Yesu tɔ ɖe teƒe aɖe si Yakob ƒe vudo le. Esi wònɔ ɖiɖim ɖe eme le afi ma la, eƒe nusrɔ̃lawo yi dua me be yewoaƒle nuɖuɖu.

Nyɔnu aɖe va vudoa to be yeaku tsi. Yesu gblɔ nɛ be: “Na tsi vi aɖem mano.” Nyɔnua gblɔ be: ‘Nu ka tae nèle nu ƒom nam? Samariatɔe menye. Yudatɔwo meƒoa nu na Samariatɔwo o.’ Yesu gblɔ nɛ be: ‘Ne ɖe nènya ame si menye la, àbia tsim eye mana agbetsi wò.’ Nyɔnua biae be: ‘Wò nyaa gɔme ɖe? Tsikunu gɔ̃ hã mele asiwò o.’ Yesu gblɔ nɛ be: ‘Ame sia ame si ano tsi si manae ƒe ɖe la, tsikɔ magawui akpɔ o.’ Nyɔnua gblɔ be: “Aƒetɔ, na tsi siam.”

Yesu gblɔ nɛ be: ‘Yi nàkplɔ srɔ̃wò vɛ.’ Nyɔnua gblɔ be: ‘Srɔ̃ mele asinye o.’ Yesu gblɔ be: ‘Èto nyateƒe. Èɖe srɔ̃ zi atɔ̃ va yi, eye ŋutsu si gbɔ nèle fifia menye srɔ̃wò o.’ Nyɔnua gblɔ be: ‘Mekpɔe be nyagblɔɖilae nènye. Mía de tɔwo xɔe se be míate ŋu asubɔ Mawu le to sia dzi, gake Yudatɔwo gblɔna be Yerusalem koe wòle be míasubɔ le. Mexɔe se be ne Mesia la va la, afia ale si wòle be míasubɔ Mawui la mí.’ Eya ta Yesu gblɔ nya aɖe si megblɔ na ame aɖeke kpɔ o la nɛ. Egblɔ nɛ be: ‘Nyee nye Mesia la.’

Nyɔnu la wɔ kaba yi Samaria dua me eye wògblɔ na wo be: ‘Mesusu be mekpɔ Mesia la. Enya nu sia nu tso ŋunye. Miva kpɔe ɖa!’ Amewo dze nyɔnua yome va vudoa to eye Yesu fia nu wo.

Samariatɔawo gblɔ na Yesu be netsi yewoƒe dua me. Efia nu wo ŋkeke eve, eye ame geɖe xɔ edzi se. Ameawo gblɔ na Samaria-nyɔnua be: ‘Esi míeɖo to ŋutsu sia la, míekpɔe be eyae nye ame si aɖe xexea.’

“‘Va!’ eye ame sia ame si tsikɔ le wuwum la neva; ame sia ame si lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa.”—Nyaɖeɖefia 22:17