Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa 13 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa 13 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Yesu va anyigba dzi be yeatsɔ yeƒe agbe aɖo anyi ɖe amegbetɔ siwo mede blibo o la ta. Togbɔ be Yesu ku hã la, eɖu xexea dzi. Yehowa wɔ nuteƒe na Via eye wòfɔe ɖe tsitre. Yesu bɔbɔ eɖokui subɔ amewo eye wòlɔ̃na tsɔa woƒe vodadawo kea wo va se ɖe eƒe ku me. Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo. Efia ale si woawɔ dɔ vevitɔ kekeake si wòde asi na wo la wo. Ne dzilae nènye la, kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔe be ele be míawo hã míawɔ akpa aɖe le dɔ sia me egbea.

LE AKPA SIA

NUSƆSRƆ̃ 87

Yesu Ƒe Fiẽnuɖuɖu Mamlɛa

Yesu fia nu vevi aɖe eƒe apostoloawo esi wonɔ fiẽnuɖuɖu mamlɛa ɖum.

NUSƆSRƆ̃ 88

Wolé Yesu

Yuda Iskariot kplɔ ame gbogbo siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi la vɛ ale be woalé Yesu.

NUSƆSRƆ̃ 89

Petro Gbe Nu Le Yesu Gbɔ

Nu kae dzɔ le Kayafa ƒe aƒea ƒe xɔxɔnu? Eye nu kae wowɔ Yesu le aƒea me?

NUSƆSRƆ̃ 90

Wowu Yesu Le Golgata

Nu ka tae Pilato ɖe mɔ be woawu Yesu?

NUSƆSRƆ̃ 91

Wofɔ Yesu Ðe Tsitre

Esi wowu Yesu le ŋkeke aɖewo megbe la nu wɔnuku kawoe dzɔ?

NUSƆSRƆ̃ 92

Yesu Ðe Eɖokui Fia Lãɖelaawo

Nu kae Yesu wɔ hafi wonya be eyae?

NUSƆSRƆ̃ 93

Yesu Trɔ Yi Dziƒo

Do ŋgɔ la, ena mɔfiame vevi aɖewo eƒe nusrɔ̃lawo.