Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 7

Babel Xɔ Kɔkɔ La

Babel Xɔ Kɔkɔ La

Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Noa viŋutsuawo kple wo srɔ̃wo dzi vi geɖe. Woƒe ƒomewo va dzi ɖe edzi eye wokaka ɖe anyigba la ƒe teƒe vovovowo abe ale si Yehowa gblɔe na wo ene.

Gake ameawo dometɔ aɖewo meɖo to Yehowa o. Wogblɔ be: ‘Mina míatso du anɔ eme le afi sia. Eye míatu xɔ kɔkɔ aɖe si ƒe tame atɔ dziƒo, ale be míaxɔ ŋkɔ.’

Yehowa mekpɔ dzidzɔ ɖe nu si wɔm ame mawo nɔ la ŋu o, eya ta edi be yeana woadzudzɔ. Ènya nu si wòwɔa? Ena wodze gbegbɔgblɔ vovovowo dodo gɔme zi ɖeka. Esi womegale wo nɔewo ƒe gbegbɔgblɔwo gɔme sem o ta la, wodzudzɔ xɔa tutu. Wova yɔ du si tsom wonɔ la be Babel, si gɔmee nye “Tɔtɔ.” Ameawo ʋu tso afi ma yi anyigba ƒe teƒe vovovowo. Ke hã woyi edzi wɔ nu vɔ̃ɖiwo le teƒe siwo katã woyi. Ðe ame aɖewo li siwo galɔ̃ Yehowa kokokoa? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le ta si kplɔe ɖo me.

“Ame sia ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, ke ame si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.”—Luka 18:14