Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 17

Mose Tiae Be Yeasubɔ Yehowa

Mose Tiae Be Yeasubɔ Yehowa

Le Egipte la, wova yɔ Yakob ƒe ƒome la be Israel-viwo. Le Yakob kple Yosef ƒe ku megbe la, Farao bubu aɖe va zu fia. Evɔ̃ be ŋusẽ va le Israel-viwo ŋu ɖom wu Egiptetɔwo. Eya ta Farao sia na Israel-viwo zu kluviwo. Ezi wo dzi be woamè anyikpewo eye woawɔ dɔ sesẽ le agblewo me. Gake zi ale si Egiptetɔwo zi Israel-viwo dzi be woawɔ dɔ sesẽ la, zi nenemae wonɔ dzidzim ɖe edzii. Esi Farao medi be woanɔ dzidzim ɖe edzi o ta la, ede se be ne Israel-vi aɖe dzi ŋutsuvi la woawui. Bu ale si gbegbe vɔvɔ̃ alé Israel-viwoe ɖa!

Israel-nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Yokebed dzi ŋutsuvi dzeɖekɛ aɖe. Esi wòdi be yeakpɔ ɖevia ta ta la, etsɔe de kusi aɖe me eye wòtsɔe yi ɖaɣla ɖe aɖawo dome le Nil-tɔsisia to. Ðevia nɔvinyɔnu Miriam tɔ ɖe teƒea lɔƒo be yeakpɔ nu si ava dzɔ ɖa.

Farao vinyɔnu va tsi le ge le tɔsisia me eye wòkpɔ kusia. Ekpɔ vidzĩ aɖe le kusia me eye eƒe nu wɔ nublanui nɛ. Miriam biae be: ‘Mayi aɖayɔ nyɔnu aɖe si ate ŋu ana no ɖevia vɛ na wòa?’ Esi Farao vinyɔnu la lɔ̃ la, Miriam yi ɖayɔ eya ŋutɔ dadaa Yokebed vɛ. Farao vinyɔnu la gblɔ nɛ be: ‘Xɔ vidzĩ sia, na noe nam, eye maxe fe na wò.’

Esi ɖevia nɔ tsitsim la, Yokebed kplɔe yi na Farao vinyɔnu la, ame si tsɔ ŋkɔ nɛ be Mose eye wònyii abe eya ŋutɔ via ene. Mose tsi abe fiavi ene eye eƒe asi ate ŋu asu nu sia nu si wòdi la dzi hafi. Gake Mose meŋlɔ Yehowa be o. Enya nyuie be Israel-vie yenye ke menye Egiptetɔ o. Eya ta etiae be yeasubɔ Yehowa.

Esi Mose xɔ ƒe 40 la, edi be yeakpe ɖe yeƒe amewo ŋu. Esi Mose kpɔ Egiptetɔ aɖe wònɔ Israel-vi aɖe si nye kluvi ƒom la, eƒo Egiptetɔ la vevie ale gbegbe be wòku. Mose ɖi ame kukua ɖe ke me. Esi Farao va se nu tso eŋu la, edi be yeawu Mose. Gake Mose si yi Midian-nyigba dzi. Eye Yehowa kpɔ eta le afi ma.

‘Le xɔse me Mose gbe be woagayɔ ye be Farao vinyɔnu la ƒe vi o, eye wòtiae be yeakpe fu kple Mawu ƒe dukɔ la.’—Hebritɔwo 11:24, 25