Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 32

Kplɔla Yeye Kple Nyɔnu Eve Siwo Mevɔ̃na O

Kplɔla Yeye Kple Nyɔnu Eve Siwo Mevɔ̃na O

Esi Yosua kplɔ Yehowa ƒe amewo ƒe geɖe megbe la, eku esime wòxɔ ƒe 110. Israel-viwo yi edzi subɔ Yehowa le Yosua ƒe agbenɔɣi. Gake le eƒe ku megbe la, wosubɔ trɔ̃wo abe Kanaantɔwo ene. Esi Israel-viwo meyi edzi subɔ Yehowa o ta la, ena Kanaan-fia si ŋkɔe nye Yabin na wokpe fu. Israel-viwo ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Eya ta Yehowa ɖo kplɔla yeye si ŋkɔe nye Barak na wo. Akpe ɖe Israel-viwo ŋu be woagatrɔ ɖe Yehowa ŋu.

Nyɔnunyagblɔɖila Debora dɔ ame ɖo ɖe Barak. Nya aɖe le esi tso Yehowa gbɔ na Barak be: ‘Kplɔ ŋutsu 10,000 eye nàɖakpe kple Yabin ƒe aʋakɔa le Kison-tɔsisia nu. Àɖu Sisera si nye Yabin ƒe aʋafia la dzi le afi ma.’ Barak gblɔ na Debora be: ‘Ne àyi kplim la, ekema mayi.’ Debora ɖo eŋu be: ‘Mayi kpli wò. Gake nyae be menye wòe awu Sisera o. Yehowa be nyɔnu aɖee awui.’

Debora, Barak kple eƒe aʋakɔ la yi Tabor To la tame be yewoadzra ɖo ɖe aʋa la ŋu. Esi Sisera see ko la, eƒo eƒe aʋatasiaɖamwo kple aʋawɔlawo nu ƒu ɖe toa ƒe bali me. Debora gblɔ na Barak be: ‘Yehowa ana nàɖu aʋa dzi egbe.’ Barak kple eƒe aʋawɔla 10,000-awo lũ ɖe Sisera kple eƒe aʋakɔ sesẽ la dzi tso to la dzi.

Yehowa na Kison-tɔʋua ɖɔ. Sisera ƒe aʋatasiaɖamwo ɖi ɖe ba me. Sisera gblẽ eƒe tasiaɖam la ɖi hede afɔ du me. Barak kple eƒe aʋawɔlawo ɖu Sisera ƒe aʋakɔa dzi, gake Sisera ya si! Esi yi ɖabe ɖe nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Yael ƒe agbadɔ me. Nyɔnua na notsii wòno eye emegbe wòtsɔ kuntru tsyɔ nɛ. Aʋakalẽtɔ sia si ŋu ɖeɖi te la dɔ alɔ̃. Eye Yael wɔ dzadzadza yi egbɔ eye wòƒo tsyoti ɖe eƒe ta me wòku.

Barak va eye wònɔ Sisera dim. Yael do go le eƒe agbadɔ me eye wògblɔ nɛ be: ‘Ge ɖe eme. Ne mafia ame si dim nèle la wò.’ Barak ge ɖe agbadɔa me eye wòkpɔ be Sisera ku ɖe afi ma. Barak kple Debora dzi ha kafu Yehowa le esi wòna Israel-viwo ɖu woƒe futɔwo dzi ta. Ale Israel-viwo kpɔ ŋutifafa ƒe 40 sɔŋ.

“Nyɔnu nya nyui gblɔlawo de ha kpaŋ.”—Psalmo 68:11