Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 50

Yehowa Wɔ Aʋa Na Yehosafat

Yehowa Wɔ Aʋa Na Yehosafat

Yuda-fia Yehosafat ɖe Baal ƒe vɔsamlekpuiwo kple legbawo ɖa le anyigba la dzi. Edi be ameawo nanya Yehowa ƒe sewo. Eya ta edɔ eƒe amegãwo kple Lewi viwo ɖo ɖe Yuda be woafia Yehowa ƒe sewo ameawo.

Dukɔ siwo ƒo xlã Yuda la, nɔ vɔvɔ̃m be yewoava wɔ aʋa kple Yuda elabena wonya be Yehowa li kple eƒe amewo. Wotsɔ nunanawo gɔ̃ hã vɛ na Fia Yehosafat. Gake Moabitɔwo, Amonitɔwo kple ame siwo le Seir nutowo me va be yewoawɔ aʋa kple Yuda. Yehosafat kpɔe be ele be yeabia Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Ena ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo katã va ƒo ƒu ɖe Yerusalem. Edo gbe ɖa le wo katã ŋkume be: ‘Oo Yehowa, míate ŋu aɖu dzi wò manɔmee o. Míeɖe kuku gblɔ nu si wòle be míawɔ la na mí.’

Yehowa ɖo gbedodoɖaa ŋu be: ‘Migavɔ̃ o. Makpe ɖe mia ŋu. Mitɔ ɖe mia nɔƒewo ne miakpɔ ale si maxɔ na mii ɖa.’ Aleke Yehowa xɔ na woe?

Esi ŋu ke la, Yehosafat tia hadzilawo eye wògblɔ na wo be woazɔ adze aʋawɔlawo ŋgɔ. Wozɔ tso Yerusalem yi Tekoa si nye afi si woawɔ aʋaa le.

Esi hadzilawo le ha dzim sesĩe dzidzɔtɔe nɔ Yehowa kafum la, Yehowa wɔ aʋa na eƒe amewo. Ena Amonitɔwo kple Moabitɔwo tɔtɔ ale gbegbe be wowu wo nɔewo ale be wo dometɔ aɖeke metsi agbe o. Gake ekpɔ Yudatɔwo, aʋawɔlawo kple nunɔlawo ta. Dukɔ siwo katã te ɖe wo ŋu la se nu si Yehowa wɔ eye wonyae be Yehowa gale aʋa wɔm na eƒe amewo kokoko. Mɔ kawo nue Yehowa xɔna na eƒe amewo le? Exɔna na wo le mɔ geɖe nu. Mehiã amegbetɔwo ƒe kpekpeɖeŋu hafi axɔ na eƒe amewo o.

“Miele asi de ge aʋa la me o. Mitɔ ɖe mia nɔƒewo keŋ ne miakpɔ ale si Yehowa le xɔxɔ ge na mii.”—2 Kronika 20:17