Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 3

Ŋutsu Kple Nyɔnu Gbãtɔ

Ŋutsu Kple Nyɔnu Gbãtɔ

NUKAE to vovo le nɔnɔmetata sia me? Ehẽ, amesiwo le eme lae. Woawoe nye ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ. Amekae wɔ wo? Mawue. Ènya Mawu ŋkɔa? Eŋkɔe nye Yehowa. Eye wotsɔ ŋkɔ na ŋutsu kple nyɔnua be Adam kple Xawa.

Alesi Yehowa Mawu wɔ Adam enye si. Eka anyi aɖe tso anyigba me hetsɔe mè ŋutilã deblibo aɖe, si nye ŋutsu. Emegbe egbɔ ya ɖe ŋutsua ƒe ŋɔti me, eye agbe ɖo Adam me.

Dɔ aɖe nɔ Yehowa Mawu si na Adam. Egblɔ na Adam be wòatsɔ ŋkɔ na lã ƒomevi vovovoawo. Ðewohĩ Adam lé ŋku ɖe lãwo ŋuti hena ɣeyiɣi didi aɖe be wòate ŋu atsɔ ŋkɔ, si sɔ nyuie la na ɖesiaɖe. Esime Adam nɔ ŋkɔ tsɔm na lãawo la, ete nane kpɔkpɔ. Ènya nusi wònyea?

Kpeɖeŋutɔ le lãwo katã si. Atiglinyi, siwo nye papa kple dada woli, eye dzata, siwo nye papa kple dada woli. Gake ame aɖeke mele Adam si si anye eƒe kpeɖeŋutɔ o. Eyata Yehowa na Adam dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ, eye wòɖe agbaƒuti ɖeka le eƒe axada me. Yehowa tsɔ agbaƒuti sia wɔ nyɔnue na Adam, eye nyɔnua zu srɔ̃a.

Dzidzɔ ka gbegbee nye si Adam kpɔ azɔ! Azɔ bu alesi Xawa akpɔ dzidzɔe be woda ye ɖe abɔ nyui sia gbegbe me be yeanɔ agbe la ŋu kpɔ! Fifia woate ŋu adzi viwo ahanɔ anyi ɖekae le dzidzɔkpɔkpɔ me.

Yehowa di be Adam kple Xawa nanɔ agbe tegbee. Edi be woawɔ anyigba blibo la katã wòanya kpɔ abe Eden-bɔ la ene. Aleke gbegbe Adam kple Xawa akpɔ dzidzɔe nye si ne wole tame bum le alesi woawɔ esiae la ŋuti! Ðe nàdi be yeakpe asi ɖe eŋu awɔ anyigba la wòanye abɔ nyui aɖea? Gake Adam kple Xawa ƒe dzidzɔkpɔkpɔ la menɔ anyi eteƒe didi o. Na míakpɔ nusitae la ɖa.