Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 9

Noa Kpa Aɖakaʋu Aɖe

Noa Kpa Aɖakaʋu Aɖe

SRƆ̃NYƆNU ɖeka kple viŋutsu etɔ̃ nɔ Noa si. Viaŋutsuawo ƒe ŋkɔwoe nye Sem, Xam, kple Yafet. Eye srɔ̃ ɖekaɖeka nɔ viaŋutsu siawo dometɔ ɖesiaɖe si. Eyata ame enyi ye le Noa ƒe ƒomea me.

Azɔ Mawu na Noa wɔ nu mawɔkpɔ aɖe. Egblɔ nɛ be wòakpa aɖakaʋu gã aɖe. Aɖakaʋu sia lolo abe tɔdziʋu gã aɖe ene, gake eɖi aɖaka gã aɖe, si didi legbee. Mawu gblɔ be: ‘Nawɔe wòakɔ dzisasrã etɔ̃, eye natso eme woanye xɔdɔmewo.’ Xɔdɔmeawo nye Noa kple eƒe ƒomea tɔ, lãwo tɔ, kple nuɖuɖu, siwo katã ahiã na wo la tɔ.

Mawu gagblɔ na Noa be wòatre aɖakaʋua be tsi nagatoe age ɖe eme o. Mawu gblɔ be: ‘Mele tsiɖɔɖɔ gã aɖe he ge vɛ ahatsrɔ̃ xexeame katã. Nusianu, si mele aɖakaʋua me o la aku.’

Noa kple viaŋutsuawo ɖo to Yehowa hedze aɖakaʋua kpakpa gɔme. Gake ame bubuawo ya la, ɖeko woko wo. Woyi nu vlo wɔwɔ dzi. Esi Noa gblɔ nusi Mawu wɔwɔ ge la na wo la, amea ɖeke mexɔ edzi se o.

Exɔ ɣeyiɣi aɖe hafi wokpa aɖakaʋu la vɔ, elabena elolo ŋutɔ. Mlɔeba la, le ƒe geɖe megbe la, wowu enu. Azɔ Mawu gblɔ na Noa be wòakplɔ lãwo ade aɖakaʋu la me. Mawu gblɔ be nekplɔ lã ƒomevi aɖewo eveve, atsu kple asi ayi emee. Ke eƒomevi bubuawo la, Mawu gblɔ na Noa be wòakplɔ adreadre ayi emee. Mawu gagblɔ na Noa be wòakplɔ dziƒoxe ƒomevi vovovowo katã ayi emee. Alesi tututu Mawu gblɔ la, nenemae Noa wɔ.

Emegbe la, Noa kple eƒe ƒomea hã yi ɖe aɖakaʋua me. Tete Mawu do ʋɔa ɖe wo nu. Noa kple eƒe ƒomea lala le eme. Bu eŋu kpɔ ko be yele aɖakaʋu ma me kpli wo hele lalam. Ðe tsiɖɔɖɔa ava nyateƒe abe alesi Mawu gblɔ enea?