Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 10

Tsiɖɔɖɔ Gã La

Tsiɖɔɖɔ Gã La

AÐAKAƲUA godo la, ameawo yi woƒe agbenɔnɔ dzi abe tsã ene. Womexɔe se be Tsiɖɔɖɔ ava o. Ðewohĩ woko nu wu tsã. Gake eteƒe medidi o wodzudzɔ nukoko.

Zi ɖeka kasia, tsi te dzadza. Ekɔ ɖi bababa tso dziƒo abe alesi nakɔ tsi ɖe anyi tso tɔkpo me ene. Noa to nyateƒe! Gake fifia la, wotsi megbe, ame aɖeke magate ŋu age ɖe aɖakaʋua me o. Yehowa do ʋɔ la sesĩe.

Kasia anyigbaʋewo katã yɔ. Tsi la nyẽ zi abe tɔsisi gã aɖe ene. Tsia ho atiwo ƒu anyi hemli kple gagãwo, eye eƒe sisi la ɖi hoo ŋutɔ. Vɔvɔ̃ ɖo ameawo. Wolia to kɔkɔwo. Oo, edzro wo ŋutɔ be ɖe yewonya la, ne yewoɖo to Noa heyi ɖe aɖakaʋu la me esime ʋɔtrua nɔ ʋuʋu ɖi na yewo la! Gake fifia la, etsi megbe akpa.

Tsia le ɖɔɖɔm ɖe edzi ŋutɔ. Tsia kɔ ɖi bababa tso dziƒolilia ŋu hena ŋkeke 40 kple zã 40 sɔŋ. Tsia do agbogbo ɖe towo, eye kasia to kɔkɔtɔ kekeakewo kura gɔ̃ hã bu ɖe eme. Eyata abe alesi pɛpɛpɛ Mawu gblɔe ene la, amewo kple lã, siwo le aɖaka la godo la ku. Gake nusianu, si le eme la le dedie.

Noa kple viaŋutsuawo wɔ dɔ nyui aɖe le aɖakaʋu la kpakpa me. Tsi la kɔe ɖe dzi, eye wòho ɖe tsi la dzi. Emegbe esi tsia ke la, ŋdɔ te ʋuʋu. Enya kpɔ ale gbegbe! Atsiaƒu gã ɖeka koe le afisiafi. Eye nusi nàte ŋu akpɔ koe nye aɖakaʋu, si ho ɖe tsia dzi.

Ame dzɔtsuawo nu yi azɔ. Womegale afi aɖeke azɔ be woawɔ nuvevi amewo o. Wo katã woku, hekpe ɖe wo dadawo kpakple ame vlo bubuawo ŋu. Gake nukae dzɔ ɖe wo fofowo ya dzi?

Ame dzɔtsuawo fofowo ya menye amegbetɔ ŋutɔŋutɔwo abe míawo ene o. Mawudɔlawo wonye heɖi va be woanɔ agbe abe amegbetɔwo ene le anyigba dzi. Eyata esi Tsiɖɔɖɔa va la, woawo meku kpe ɖe ame mamlɛawo ŋu o. Woɖe asi le amegbetɔ ƒe ŋutilã, siwo wotrɔ zu la ŋu, eye wogatrɔ yi dziƒo abe mawudɔlawo ene. Gake womegaɖe mɔ na wo be woanye Mawu ƒe dɔlawo ƒe ƒomea ƒe akpa aɖe o. Eyata wotrɔ zu Satana ƒe dɔlawo. Le Biblia me la, woyɔ wo be gbɔgbɔ vɔ̃wo.

Mawu na ya aɖe ƒo azɔ, eye tsiɖɔɖɔ la de asi miemie me. Le ɣleti atɔ̃ megbe la, aɖakaʋua va xa ɖe to aɖe tame. Ŋukeke geɖewo va yi, eye amesiwo le aɖakaʋua me la te ŋu doa mo ɖa hekpɔa toawo tame ɖa. Tsia le miemie dzi ʋɛʋɛʋɛ.

Tete Noa ɖe asi le xevi yibɔ aɖe, si ŋkɔe nye akpaviã ŋu ɖo ɖa. Ne edzo yi ɖatsa sẽ la, egatrɔna gbɔna, elabena mekpɔ teƒe nyui aɖeke wòadze ɖo o. Eyi esia wɔwɔ dzi, eye zi alesi wòtrɔ gbɔ la, edzena ɖe aɖaka la tame.

Noa di be yeanya be tsia mie vɔ le anyigba dzi hã; eyata egadɔ ahɔ̃nɛ aɖe ɖa tso aɖakaʋua me. Gake ahɔ̃nɛa hã trɔ gbɔ elabena mekpɔ teƒe aɖeke wòanɔ o. Noa gadɔe ɖo ɖa zi evelia, eye wògatrɔ gbɔ helé amitiɖɔmee ɖe nu vɛ. Eyata Noa dze sii be tsia mie keŋkeŋ. Noa dɔ ahɔ̃nɛa ɖo ɖa zi etɔ̃lia, eye mlɔeba la, ekpɔ anyigba ƒuƒui, si dzi wòanɔ.

Mawu ƒo nu na Noa azɔ. Egblɔ bena: ‘Mi kple wò ƒome bliboa katã mido go le aɖakaʋua me, hekpe ɖe lã, siwo le gbɔwò la ŋu.’ Wonɔ aɖakaʋu la me wu ƒe blibo ɖeka. Eyata míate ŋu akpɔe ɖa le susu me alesi wo katã kpɔ dzidzɔe be yewogado ɖe gota, eye be yewogale agbe!