Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 2

Tso Tsiɖɔɖɔ Dzi Va Se Ðe Ðeɖe Tso Egipte

Tso Tsiɖɔɖɔ Dzi Va Se Ðe Ðeɖe Tso Egipte

Ame enyi pɛ koe tsi agbe le Tsiɖɔɖɔ la me, gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wosɔ gbɔ ɖe edzi de akpe nanewo. Azɔ le Tsiɖɔɖɔ megbe ƒe 352 la, wodzi Abraham. Míenya alesi Mawu wɔ ɖe eƒe ŋugbedodo dzie, be wòna viŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Isak la Abraham. Emegbe la, Mawu tia Yakob tso Isak ƒe viŋutsu eveawo dome.

Ƒome gã aɖe, si nye viŋutsu 12 kple nyɔnuvi aɖewo nɔ Yakob si. Yakob ƒe vi 10 lé fu wo nɔvi suetɔ Yosef, eye wotsɔe dzra ɖe kluvinyenye me le Egipte. Emegbe Yosef trɔ zu dziɖula vevi aɖe le Egipte. Esime dɔ sesẽ aɖe to la, Yosef do nɔviawo kpɔ be yeakpɔ be wotrɔ dzime hã. Mlɔeba la, Yakob ƒe ƒome bliboa katã, si nye Israel-viwo la ʋu ɖanɔ Egipte. Abraham dzidzi megbe ƒe 290 ye esia dzɔ.

Ƒe 215, siwo dze eyome la, Israel-viwo nɔ Egipte. Le Yosef ƒe ku megbe la, wotrɔ zu kluviwo le afima. Emegbe wodzi Mose, eye Mawu wɔ eŋudɔ be wòaɖe Israel-viwo tso Egipte. Le yi katã me la, ƒe 857 ƒe ŋutinyae wokpe ɖo le Akpa EVELIA me.

 

LE AKPA SIA

ŊUTINYA 11 LIA

Anyieʋɔ Gbãtɔ La

Ne èkpɔ anyieʋɔ aɖe la, nu ka dzie wòɖoa ŋkui na wò?

ŊUTINYA 12 LIA

Amegbetɔwo Tu Mɔ́ Kɔkɔ Aɖe

Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o, eye tohehe si wòna wo la le ŋusẽ kpɔm ɖe mía dzi va se ɖe egbea.

ŊUTINYA 13 LIA

Abraham—Mawu Xɔlɔ̃

Nu ka tae Abraham dzo le aƒe si me nu dze edzi nɛ le la me heyi ɖanɔ avɔgbadɔwo me le eƒe agbeŋkeke mamlɛawo me?

ŊUTINYA 14 LIA

Mawu Do Abraham Ƒe Xɔse Kpɔ

Nu ka tae Mawu bia tso Abraham si be wòatsɔ via Isak asa vɔe?

ŊUTINYA 15 LIA

Lot Srɔ̃ Kpɔ Megbe

Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso nu si wòwɔ la me.

ŊUTINYA 16 LIA

Isak Kpɔ Nyɔnu Nyui Aɖe

Nu kae wɔe be Rebeka nye srɔ̃nyɔnu nyui? Eƒe tugbedzedze ye loo alo nu bubu aɖee?

ŊUTINYA 17 LIA

Venɔvi Siwo To Vovo

Wo fofo Isak lɔ̃ Esau ŋutɔ, gake wo dada Rebeka ya lɔ̃ Yakob wu.

ŊUTINYA 18 LIA

Yakob Dzo Yi Haran

Lea ye Yakob ɖe gbã, togbɔ be Rahel ye lɔ̃ hã.

ŊUTINYA 19 LIA

Ƒome Gã Aɖe Le Yakob Si

Yakob ƒe viŋutsu 12-awo ƒe ŋkɔwoe woyɔna na Israel-to 12-awoa?

ŊUTINYA 20 LIA

Dina Ge Ðe Xaxa Me

Nu sia dzɔ le esi wòtia xɔlɔ̃ siwo mesɔ o ta.

ŊUTINYA 21 LIA

Yosef Nɔviŋutsuwo Lé Fui

Susu ka koŋ tae wo dometɔ aɖewo di be yewoawu yewo nɔvia?

ŊUTINYA 22 LIA

Wode Yosef Gaxɔ Me

Menye esi wòda se dzi tae wodee gaxɔ me ɖo o, ke boŋ esi wòwɔ nu nyui tae.

ŊUTINYA 23 LIA

Farao Ƒe Drɔ̃ewo

Nyi adreawo kple lutsetse adreawo fia nu ɖeka.

ŊUTINYA 24 LIA

Yosef Do Nɔviawo Kpɔ

Aleke wòawɔ anya nenye be wotrɔ agbenɔnɔ tso esime wodzrae kluvii?

ŊUTINYA 25 LIA

Ƒome La Ʋu Yi Egipte

Nu ka tae woyɔa Yakob ƒe ƒomea me tɔwo be Israel-viwo, ke menye Yakob-viwo o?

ŊUTINYA 26 LIA

Hiob Wɔ Nuteƒe Na Mawu

Hiob ƒe nunɔamesiwo dome gblẽ, edze dɔ vevie eye viawo katã ku. Mawue nɔ to hem nɛa?

ŊUTINYA 27 LIA

Fia Vɔ̃ɖi Aɖe Ðu Egipte Dzi

Nu ka tae wòde se na eƒe amewo be woawu ŋutsuvi siwo katã woadzi na Israel-viwo?

ŊUTINYA 28 LIA

Ale Si Woɖe Mose Vidzĩ Lae

Togbɔ be wode se be woawu ŋutsuvi siwo wodzi na Israel-viwo hã la, dadaa to mɔ aɖe dzi kpɔ eta.

ŊUTINYA 29 LIA

Nu Si Tae Mose Si Dzo

Esi Mose xɔ ƒe 40 la, esusui be yesu te aɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me, evɔ mesu te hafi o.

ŊUTINYA 30 LIA

Ave Bidzo La

Mawu wɔ nukunu vovovowo Mose kpɔ, eye wògblɔ na Mose be ɣeyiɣia de be wòayi aɖakplɔ Israel-viwo adzoe le Egipte.

ŊUTINYA 31 LIA

Mose Kple Aron Yi Farao Gbɔ

Nu ka tae Farao meɖo to Mose ale be wòaɖe asi le Israel-viwo ŋu o?

ŊUTINYA 32 LIA

Fukpekpe 10 La

Mawu he fuwuame 10 va Egiptetɔwo dzi le esi Egipte fia Farao sẽ dzi me hegbe be yemaɖe asi le Israel-viwo ŋu o ta.

ŊUTINYA 33 LIA

Ƒudzĩ La Tsotso

Mose ma Ƒudzĩa le Mawu ƒe ŋusẽ me eye Israel-viwo tsoe le anyigba ƒuƒui dzi.