Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 14

Mawu Do Abraham Ƒe Xɔse Kpɔ

Mawu Do Abraham Ƒe Xɔse Kpɔ

ÈKPƆ nusi wɔm Abraham le le afisia? Elé hɛ ɖe asi, eye ewɔ abe ɖe wòle via wu ge ene. Nukatae wòle be wòawui ya? Gbã la, na míakpɔ alesi Abraham kple Sara wɔ va dzi wo vi ŋutsuvi lae ɖa.

Ðo ŋku edzi be Mawue do ŋugbe na wo be woadzi vi. Gake ema dze abe nusi manya wɔ o ene, elabena Abraham kple Sara wotsi ku amegã kple nyagã. Gake Abraham xɔ edzi se be Mawu ate ŋu awɔ nusi dze abe nu manyawɔ ene la. Eyata nukae va dzɔ?

Ƒe ɖeka blibo va yi tso esime Mawu do ŋugbe la. Emegbe esi Abraham tsi xɔ ƒe 100, eye Sara xɔ ƒe 90 la, wodzi ŋutsuvi aɖe, si wona ŋkɔe be Isak. Mawu wɔ eƒe ŋugbedodoa dzi!

Gake esi Isak tsi nyuie la, Yehowa do Abraham ƒe xɔse kpɔ. Eyɔe be: ‘Abraham!’ Eye Abraham ɖo ŋu bena: ‘Nyee nye si!’ Tete Mawu gblɔ bena: ‘Kplɔ viwò, wò tenuvi ɖeka kolia, Isak la, yi ɖe to aɖe, si mafia wò la dzi. Wu viwòa le afima, eye nàtsɔe asa vɔe.’

Nya mawo na Abraham lé blanui ale gbegbe, elabena Abraham lɔ̃a via vevie ŋutɔ. Ke ɖo ŋku edzi bena, Mawu do ŋugbe be Abraham ƒe viwoe anɔ Kanaan-nyigba la dzi. Gake aleke ema ate ŋu ava emee nenye be Isak ku? Abraham mese egɔme o, gake eɖo to Mawu.

Esi Abraham ɖo toa gbɔ la, ebla Isak hekɔe mlɔ vɔsamlekpui si wòɖi la dzi. Emegbe etsɔ hɛ be yeawu viaŋutsu lae. Gake le aɖabaƒoƒo ma tututu dzi la, Mawu ƒe dɔla yɔe be: ‘Abraham, Abraham!’ Eye Abraham tɔ bena: ‘Nyee nye si!’

Mawu gblɔ be: ‘Megawɔ nuvevi aɖeke ɖevia o. Fifia medze sii be èxɔ dzinye se, elabena mète viwòŋutsuvi ɖeka kolia lam o.’

Xɔse triakɔ kae nye si le Abraham si ɖe Mawu ŋu! Exɔe se be naneke mesesẽ na Yehowa o, eye be Yehowa ate ŋu afɔ Isak ɖe tsitre tso ame kukuwo dome kura gɔ̃ hã. Gake menye Mawu ƒe didi ŋutɔŋutɔe wònye be Abraham nawu Isak o. Eyata Mawu na ave aɖe, si te ɖe afima la ƒe ka ɖe agbo aɖe, eye Mawu gblɔ na Abraham be wòatsɔe asa vɔe ɖe via teƒe.