Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 11

Anyieʋɔ Gbãtɔ La

Anyieʋɔ Gbãtɔ La

ÈNYA nu gbãtɔ, si Noa wɔ esime eya kple eƒe ƒomea do go tso aɖakaʋua mea? Wowɔ numeme alo nunana aɖe na Mawu. Àte ŋu akpɔ eyama wòle esia wɔm le nɔnɔmetata, si le ete la me. Noa tsɔ lãwo ƒe nunana sia da akpee na Mawu le esi wòɖe eƒe ƒomea tso tsiɖɔɖɔ gã la me ta.

Èxɔe se be Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe nunana la ŋutia? Ẽ. Eyata edo ŋugbe na Noa be yemagatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ xexeamee azɔ gbeɖe o.

Eteƒe medidi o anyigba la dzi ƒu keŋkeŋ, eye Noa kple eƒe ƒomea dze agbe yeye nɔnɔ gɔme le aɖakaʋua godo. Mawu yra wo hegblɔ na wo be: ‘Midzi vi geɖe. Miasɔ gbɔ ɖe edzi vaseɖe esime amewo nayɔ anyigba blibo la katã dzi.’

Gake emegbe ne amewo ase tsiɖɔɖɔ gã la ŋuti nya la, woate ŋu avɔ̃ be tsiɖɔɖɔ ma ƒomevi agava ake. Eyata Mawu ɖo nane anyi, esi aɖo ŋku eƒe ŋugbedodo dzi na amewo be yemagana tsiɖɔɖɔ naɖe anyigba blibo la katã azɔ gbeɖe o. Ènya nusi wòɖo ɖi be wòaɖo ŋku edzi na woa? Eyae nye anyieʋɔ.

Zi geɖe la, míekpɔa anyieʋɔ le dziƒolilia ŋu ne ŋdɔ ʋu le tsidzadza megbe. Amadede nyui geɖewo nɔa anyieʋɔ me. Èkpɔ ɖe kpɔa? Èkpɔ esi le nɔnɔmetata sia mea?

Mawu gblɔ be: ‘Medo ŋugbe bena, tsiɖɔɖɔ magatsrɔ̃ amewo kple lãwo katã azɔ gbeɖe o. Metsɔ nye anyieʋɔ ɖo alilikpowo ŋu. Eye ne anyieʋɔ ɖi la, makpɔe, eye maɖo ŋku nye ŋugbedodo sia dzi.’

Eyata ne èkpɔ anyieʋɔ aɖe la, nuka dzie wòɖoa ŋkue na wò? Ehẽ, Mawu ƒe ŋugbedodo be, yemagatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ xexeamee azɔ gbeɖe o.