Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 12

Amegbetɔwo Tu Mɔ́ Kɔkɔ Aɖe

Amegbetɔwo Tu Mɔ́ Kɔkɔ Aɖe

ƑE GEÐEWO va yi. Noa ƒe viŋutsuwo va dzi vi geɖewo. Eye wo viwo hã tsi hedzi vi geɖewo. Eteƒe medidi o amewo va sɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi fũ.

Amesiawo dometɔ ɖeka nye Noa ƒe tɔgbuiyɔvi, si ŋkɔe nye Nimrod. Enye ame vɔ̃ɖi aɖe, si da ade hewu lãwo kple amegbetɔwo siaa. Nimrod ɖo fia eɖokui hã be yeaɖu ame bubuwo dzi. Nimrod ƒe nu menyo Mawu ŋu o.

Amesiwo katã nɔ anyi ɣemaɣi la gblɔ gbegbɔgblɔ ɖeka. Nimrod di be yeaƒo wo katã nu ƒu ɖeka be yeate ŋu aɖu wo dzi. Eyata ènya nusi wòwɔa? Egblɔ na ameawo be yewoatso du gã aɖe, eye mɔ̃ kɔkɔ aɖe nanɔ eme. Woawoe ma le kpewo mèm le nɔnɔmetata la me.

Yehowa Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe xɔtutu sia ŋuti o. Mawu di be ameawo naʋu adzo ahakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi. Gake amewo gblɔ bena: ‘Miva afii! Mina míatso du, eye míatu mɔ̃ kɔkɔ aɖe, si tame natɔ dziƒo. Ekema míaxɔ ŋkɔ!’ Ameawo di bubu na wo ɖokui, ke menye na Mawu o.

Eyata Mawu na ameawo dzudzɔ mɔ̃ la tutu. Ènya alesi wòwɔea? Eyae nye be, zi ɖeka kasia ena ameawo gblɔ gbegbɔgblɔ vovovowo, meganye ɖeka o. Xɔa tulawo megase wo nɔewo ƒe gbe gɔme azɔ o. Esia tae wova yɔ woƒe du la be Babel, alo Babilon, si gɔmee nye “Tɔtɔ.”

Ameawo te dzodzo le Babel. Amewo ƒe ƒuƒoƒo, si gblɔna gbegbɔgblɔ ɖeka tɔgbi la dzo yi ɖanɔ teƒe ɖeka le anyigba la ƒe akpa bubuwo.