Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 16

Isak Kpɔ Nyɔnu Nyui Aɖe

Isak Kpɔ Nyɔnu Nyui Aɖe

ÈNYA nyɔnu, si le nɔnɔmetata sia mea? Eŋkɔe nye Rebeka. Eye ŋutsu, si wògbɔna go do gee lae nye Isak. Eyae ava zu srɔ̃a. Aleke esia va dzɔe?

Isak fofo Abraham di be yeaɖe nyɔnu nyui aɖe na viaŋutsu la. Medi be Isak naɖe nyɔnu, siwo le Kanaan la dometɔ aɖeke o, elabena amesiawo dea ta gu na alakpamawuwo. Eyata Abraham yɔ eƒe dɔla hegblɔ nɛ bena: ‘Medi be nàtrɔ ayi afisi nye ƒometɔwo le le Xaran, eye nàɖe srɔ̃ na vinye Isak.’

Enumake Abraham ƒe dɔla la kplɔ kposɔ ewo hezɔ mɔ didi la. Esi wòte ɖe teƒe, si Abraham ƒe ƒometɔwo le la ŋu la, etɔ ɖe vudo aɖe to. Enye ɣetrɔ me, tɔmedeɣi, si dua me nyɔnuwo ava du tsi le vudoa me. Eyata Abraham ƒe dɔla do gbe ɖa na Yehowa be: ‘Neva me be nyɔnu, si na tsi aɖem kple kposɔwo la nanye amesi nètia be wòanye Isak srɔ̃.’

Mekpɔ ɖe nu le eme o, kasia, Rebeka va tsi du ge. Esi dɔla la biae be wòana tsi ye yeano la, enae. Emegbe eyi ɖadu tsi vɛ na kposɔ tsikɔwuiawo katã wono wòɖi kɔ na wo. Dɔ sesẽ aɖee ma, elabena kposɔwo noa tsi fũ ŋutɔ.

Esi Rebeka wɔ esia vɔ la, Abraham ƒe dɔla la bia fofoa ƒe ŋkɔ ta. Ebiae hã be yeate ŋu atsi woƒe aƒeme adɔ hã. Nyɔnuvi la ɖo ŋu be: ‘Fofonyee nye Betuel, eye dzeƒe le mía si na wò be nadze mía gbɔ.’ Abraham ƒe dɔla la nya be Betuel nye Abraham nɔviŋutsu Naxor ƒe vi. Eyata edze klo heda akpe na Yehowa le esi wòkplɔ ye va Abraham ƒe ƒometɔwo gbɔe la ta.

Le zã ma me la, Abraham ƒe dɔla gblɔ nusitae wòva ɖo la na Betuel kple Rebeka nɔviŋutsu Laban. Wo kple eve la siaa lɔ̃ ɖe edzi be Rebeka ate ŋu ayi kplii, eye wòaɖe Isak. Esi wobia Rebeka be ayi hã la, nukae wògblɔ? Eblɔ be ‘Ẽ,’ elɔ̃ be yeayi. Eyata esi ŋu ke teti ko la, wode kposɔwo dzi, eye wodze mɔ didi la dzi hetrɔ yi ɖe Kanaan.

Wova ɖo le ɣetrɔ me. Rebeka kpɔ ŋutsu aɖe wòle zɔzɔm le gbea me. Isak ye. Esi wòkpɔ Rebeka la, dzi dzɔe ŋutɔ. Sara, si nye dadaa la ku ƒe etɔ̃ koe nye ma, eye wògale eƒe nu xam. Gake fifia la, Isak va lɔ̃ Rebeka vevie ŋutɔ, eye wògakpɔ dzidzɔ.