Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 25

Ƒome La Ʋu Yi Egipte

Ƒome La Ʋu Yi Egipte

YOSEF megate ŋu ɖu eƒe seselelãmewo dzi azɔ o. Egblɔ na eƒe dɔlawo katã be woado go le xɔa me. Esi eya kple nɔviawo ɖeɖeko susɔ la, Yosef de asi avifafa me hehehe. Míate ŋu akpɔ alesi nɔviawo lulue la le susu me, elabena womenya nusitae wòle avi fam o. Mlɔeba la, egblɔ be: ‘Nyee nye Yosef. Fofonye gale agbea?’

Nɔviawo ƒe mo wɔ yaa ale gbegbe be woƒe nu tsi tè. Vɔvɔ̃ ɖo wo. Gake Yosef gblɔ bena: ‘Taflatse mite ɖe ŋunye.’ Esi wote ɖe eŋu la, egblɔ bena: ‘Nyee nye mia nɔvi Yosef, si mietsɔ dzra ɖe Egipte la.’

Yosef yi edzi ƒo nu dɔmenyotɔe be: ‘Megave mi be mietsɔm dzra ɖe afisia o. Nyateƒee, Mawue dɔm ɖe Egipte be maxɔ amewo ɖe agbe. Farao ɖom dziɖulae ɖe dukɔ blibo la katã dzi. Eyata azɔ netsɔ kaba miatrɔ ayi fofonye gbɔ, eye miagblɔ nya sia nɛ. Eye miagblɔ nɛ be neva nɔ gbɔnye afisia.’

Emegbe Yosef keke eƒe abɔwo kpla asi kɔ na wo hegbugbɔ nu na wo katã. Esi Farao se be Yosef nɔviwo va la, egblɔ na Yosef bena: ‘Na woatsɔ tasiaɖamwo ne woayi aɖakplɔ wo fofo kple woƒe ƒometɔwo, eye woatrɔ ava afii. Mana anyigba nyuitɔ kekeake, si le Egipte la wo.’

Wowɔ nenema. Àte ŋu akpɔ Yosef le afisia wòwɔ atuu na fofoa esime wòva Egipte kple eƒe ƒomea katã.

Yakob ƒe ƒomea va dzi ɖe edzi ŋutɔ. Ne woxlẽ Yakob kple viawo kpakple tɔgbuiyɔviawo la, wo katã wole ame 70 le esime woʋu yi Egipte. Gake wo srɔ̃ nyɔnuawo kple ɖewohĩ dɔla geɖewo hã kpe ɖe wo ŋu. Amesiawo katã nɔ Egipte. Woyɔ wo be Israel-viwo, elabena Mawu trɔ Yakob ƒe ŋkɔ wòzu Israel. Israel-viwo va zu dukɔ vevi aɖe na Mawu, abe alesi míakpɔe emegbe ene.