Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 24

Yosef Do Nɔviawo Kpɔ

Yosef Do Nɔviawo Kpɔ

YOSEF di be yeanya be ye nɔviŋutsu 10 la ganye ame vlowo kple ŋutasẽlawo hã. Eyata egblɔ bena: ‘Ŋkutsalawo mienye. Ðe mieva be miakpɔ alesi miawɔ axɔ míaƒe dukɔ la.’

Wogblɔ be: ‘Gbeɖe, míenye ŋkutsalawo o. Anukwaretɔwo míenye. Nɔviwo mí katã míenye. Míenye ame 12. Gake mía nɔviŋutsu ɖeka meli o, eye ɖevitɔ la tsi aƒe le mía fofo gbɔ.’

Yosef bua wɔ abe ɖe mexɔ wo dzi se o ene. Ezi nɔvia, si ŋkɔe nye Simeon la dzi ɖe gaxɔ me, eye wòna mɔ mamlɛawo be woatsɔ nuɖuɖu ayi aƒe. Gake egblɔ na wo bena: ‘Ne mietrɔ gbɔna la, miakplɔ mia nɔviŋutsu ɖevitɔ la ɖe asi vɛ.’

Esi wotrɔ yi aƒe le Kanaan la, nɔviaŋutsuawo gblɔ nusiwo katã dzɔ la na wo fofo Yakob. Yakob fa konyi ŋutɔ. Efa avi gblɔ be: ‘Yosef megali o, eye fifia Simeon hã megali o. Nyemaɖe mɔ be miakplɔ vinye suetɔ Benyamin hã ayii o.’ Gake esi woƒe nuɖuɖua te vɔvɔ la, Yakob na wokplɔ Benyamin ɖe asi yi Egipte be woate ŋu agakpɔ nuɖuɖu.

Azɔ Yosef kpɔ nɔviaŋutsuawo gbɔna. Dzi dzɔe ŋutɔ be wòkpɔ eyometɔ Benyamin. Le nyateƒe me la, wo dometɔ aɖeke menya be Yosef ye nye ame ŋkuta vevi sia o. Yosef wɔ nane azɔ be wòado fofovia 10 la akpɔ.

Ena eƒe dɔlawo de nuɖuɖu woƒe kotokuawo me taŋ, eye wòna wotsɔ eƒe klosalokplu vevitɔ hã de Benyamin ƒe kotoku me; gake megblɔe na wo o. Esi wo katã wodzo yi ŋgɔ ʋɛ le mɔa dzi la, Yosef dɔ eƒe dɔlawo ɖe wo yome. Esi woxe wo la, dɔlawo gblɔ na wo bena: ‘Nukatae miefi míaƒe aƒetɔ ƒe klosalokplu la?’

Nɔviaŋutsuawo katã gblɔ be: ‘Miefi eƒe kplu o. Ne miekpɔ kplua le mía dometɔ aɖe gbɔ la, mina woawu ame ma.’

Ale dɔlawo tsa le kotokuawo katã me, eye wokpɔ kplu la le Benyamin ƒe kotoku me abe alesi nèkpɔe le afisia ene. Dɔlawo gblɔ bena: ‘Mi ame mamlɛawo miate ŋu adzo ayi, ke Benyamin ya la, míakplɔe adzoe.’ Nukae fofovia 10 la awɔ azɔ?

Wo katã wotrɔ kple Benyamin yi ɖe Yosef ƒeme. Yosef gblɔ na nɔviawo bena: ‘Mi katã miate ŋu atrɔ ayi aƒe, gake edze be Benyamin ya natsi afisia anye kluvi nam.’

Yuda ƒo nu azɔ hegblɔ be: ‘Ne metrɔ yi aƒe ɖevia mele eme o la, fofonye aku, elabena elɔ̃nɛ vevie ŋutɔ. Eyata taflatse, xɔm da ɖe afisia manye wò kluvi, ke na ɖevia ya nayi aƒe.’

Yosef kpɔe be ye nɔviawo trɔ; womeganye ame vlowo kple ŋutasẽlawo o. Na míakpɔ nusi Yosef wɔ azɔ.