Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 41

Akɔblida La

Akɔblida La

ÐE DA ma dze abe da ŋutɔŋutɔ aɖe, si xatsa ɖe atia ŋu enea? Ao. Akɔbli wotsɔ wɔ da lae. Yehowa gblɔ na Mose be wòakui ɖe ati la ŋu be ameawo nakpɔe ahatsi agbe. Gake da, siwo le anyigba ya nye da gbagbewo. Woɖu ameawo hena wodze dɔ. Ènya nusitaea?

Elabena Israel-viwo dze aglã ɖe Mawu kple Mose ŋu. Woto nyatoƒoe be: ‘Nukatae nèkplɔ mí tso Egipte be míaku ɖe gbe sia dzi? Nuɖuɖu alo tsi aɖeke mele afisia o. Eye mana sia ɖuɖu ti mí.’

Evɔ la, mana enye nuɖuɖu nyui aɖe. Yehowa na wo to nukumɔ dzi. Eye wòna tsi hã wo to nukumɔ dzi. Gake ameawo meda akpe na Mawu le alesi wòlé be na woe la ta o. Eyata Yehowa dɔ da vɔ̃ɖi siawo be woahe to na Israel-viwo. Daawo ɖu wo, eye wo dometɔ geɖe ku.

Mlɔeba la, ameawo va Mose gbɔ gblɔ be: ‘Míewɔ nuvɔ̃, elabena míeƒo nu tsi tre ɖe mi kple Yehowa ŋu. Ke do gbe ɖa na Yehowa be wòaɖe da siawo ɖa.’

Eyata Mose do gbe ɖa ɖe ameawo ta. Eye Yehowa gblɔ na Mose be wòawɔ akɔblida sia. Egblɔ be wòakui ɖe ati ŋu be amesiame, si da aɖu la nakpɔe. Mose wɔe abe alesi pɛpɛpɛ Mawu gblɔ ene. Amesiwo da la ɖu la kpɔa akɔblida la, eye woƒe lãme gasẽna.

Nusɔsrɔ̃ aɖe le esia me. Le mɔ aɖe nu la, mí katã míele abe Israel-vi mawo, siwo da mawo ɖu la ene. Mí katã míele kukum. Tsa ŋku, eye àkpɔ be amewo kua amegã, léa dɔ hekuna. Elabena ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ, Adam kple Xawa trɔ megbe de Yehowa, eye mí katã míenye wo viwo. Gake Yehowa wɔ ɖoɖo aɖe, si dzi míato anɔ agbe mavɔ.

Yehowa dɔ Via, Yesu Kristo ɖo ɖe anyigba dzi. Wohe Yesu ɖe ati ŋu, elabena ame geɖe bu be enye ame vɔ̃ɖi. Gake Yehowa tsɔ Yesu na be wòaɖe mí. Ne míekpɔ eyama hekplɔe ɖo la, míate ŋu akpɔ agbe mavɔ. Gake míasrɔ̃ nu geɖe tso esia ŋu emegbe.