Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 37

Avɔgbadɔ Hena Tadedeagu

Avɔgbadɔ Hena Tadedeagu

ÈNYA nusi xɔ sia nyea? Enye avɔgbadɔ tɔxɛ aɖe hena tadedeagu na Yehowa. Wogayɔnɛ hã be takpexɔ. Wowu etutu nu esime wodzo le Egipte ƒe ɖeka megbe. Ènya amesi ɖo aɖaŋu be woatuia?

Yehowae ɖoe. Esi Mose nɔ Sinai-toa dzi la, Yehowa gblɔ alesi woatui la nɛ. Ebe woatui le mɔ aɖe nu be woate ŋu akakae bɔbɔe. Esia ana be woate ŋu atsɔe ayi teƒe bubu ahatu ake. Eyata esi Israel-viwo ʋu tso teƒe yi teƒe le gbeadzi la, wonɔ agbadɔ la kɔm ɖe asi.

Ne èkpɔ xɔ vi, si le agbadɔ la ƒe mlɔenu me la, àkpɔ aɖaka aɖe. Woyɔnɛ be nubablaɖaka. Mawudɔla alo kerubi eve, siwo wotsɔ sika wɔe la le edzi; ɖeka le akpa ɖeka, eye ɖeka hã le akpa kemɛ. Mawu gaŋlɔ Se Ewoawo ɖe kpe gbadza eve dzi, elabena Mose gbã gbãtɔawo. Wotsɔ kpe siawo da ɖe nubablaɖaka la me. Wotsɔ ze, si me mana le hã de aɖaka la me. Èɖo ŋku nusi mana nye la dzia?

Mose nɔvi Aron ye Yehowa tia be wòanye nunɔlagã. Eyae kplɔa ameawo le Yehowa subɔsubɔ me. Eye viawo hã nye nunɔlawo.

Fifia kpɔ agbadɔ la ƒe xɔ gãtɔ me ɖa. Elolo abe xɔ suetɔ ƒe eve ene. Èkpɔ aɖaka, si me dzudzɔ aɖe le dodom lea? Esiae nye vɔsamlekpui, si dzi nunɔlawo mea nane, si ʋẽna lilili woyɔna be dzudzɔ ʋeʋẽe la le. Azɔ akaɖiti, si dzi akaɖi adre le la li. Nu etɔ̃lia, si le xɔa mee nye kplɔ̃. Wotsɔa abolo 12 dana ɖe edzi.

Le takpexɔ la ƒe xɔxɔnu la, agba gã aɖe li, esi me tsi le. Nunɔlawo klɔa asi ɖe eme. Vɔsamlekpui gã aɖe hã li. Esia dzie womea lãwo le abe vɔsa ene na Yehowa. Avɔgbadɔ la le asaɖa la titina, eye Israel-viwo nɔ woƒe agbadɔwo me ƒo xlãe.