Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 34

Nuɖuɖu Yeye Ƒomevi Aɖe

Nuɖuɖu Yeye Ƒomevi Aɖe

ÈNYA nusi fɔm ameawo le le anyigba la ŋkɔa? Ele abe afubabla ene. Ele ɣie, eye wòle wodzoe hele futufutu. Gake menye afubablae o; nuɖuɖue wònye.

Anɔ abe ɣleti ɖeka koe ma ene tso esime Israel-viwo dzo le Egipte. Wole gbeadzi. Teƒe sia mewɔa nuɖuɖu o, eyata ameawo to nyatoƒoe be: ‘Ne Yehowa ɖe wòwu mí le Egipte la, ne enyo na mí wu. Nuɖuɖu, siwo katã míedi la ya teti le afima.’

Eyata Yehowa gblɔ be: ‘Mana nuɖuɖu nadza tso dziƒo.’ Eye Yehowa wɔ nenema. Esi ŋu ke ŋdi, eye Israel-viwo kpɔ nu ɣi sia si dza la, wobia wo nɔewo be: ‘Nukae nye sia’?

Mose gblɔ be: ‘Esiae nye nuɖuɖu, si Yehowa na mi be miaɖu.’ Ameawo yɔe be MANA. Evivina abe tatali, si wotsɔ anyitsi wɔe ene.

Mose gblɔ na ameawo be: ‘Mia dome amesiame nafɔ esi nu wòate ŋu aɖu la.’ Eyata wofɔnɛ alea ŋdi sia ŋdi. Ke ne ŋdɔ ʋu la, mana, siwo tsi anyigba la lólona.

Mose gagblɔ bena: ‘Ame aɖeke megadzra mana la ƒe ɖe ɖo ŋu nake ɖe edzi o.’ Gake ame aɖewo sẽ to. Ènya nusi dzɔa? Esi ŋu ke la, mana si wodzra ɖo la katã dze nyẽ hedze ʋeʋẽ gɔme!

Gake kwasiɖa la ƒe ŋkeke ɖeka aɖe li, esi dzi Yehowa gblɔ na wo be woafɔ mana la ƒe agbɔsɔsɔme la ƒe teƒe eve. Esiae nye ŋkeke adelia. Yehowa gblɔ na wo be woadzra ɖe ɖo hena etsɔ, elabena yemana ɖeke nadza le ŋkeke adrelia dzi o. Ne wodzra mana la ɖo seɖe ŋkeke adrelia dzi la, medzea nyẽ o, eye meʋẽna hã o! Esia hã nye nukunu bubu!

Yehowa nyi Israel-viwo kple mana le ƒe, siwo katã wonɔ gbeadzi la me.