Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 50

Nyɔnu Kalẽtɔ Eve

Nyɔnu Kalẽtɔ Eve

NE ISRAEL-VIWO ɖo fukpekpe me la, wodoa ɣli yɔa Yehowa. Yehowa ɖoa eŋu na wo, eye wònaa kplɔla sesẽwo be woakpe ɖe wo ŋu. Biblia yɔ kplɔla siawo be ʋɔnudrɔ̃lawo. Yosuae nye ʋɔnudrɔ̃la gbãtɔ, eye ʋɔnudrɔ̃la siwo kplɔe ɖo la dometɔ aɖewoe nye Otniel, Ehud kple Samgar. Gake amesiwo kpe ɖe Israel ŋu la dometɔ eve nye nyɔnuwo; wo ŋkɔe nye Debora kple Yael.

Debora nye nyɔnu nyagblɔɖila. Yehowa gblɔa nusi ava dzɔ la nɛ, eye wògblɔa nusi Yehowa gblɔ la na dukɔa. Debora nye ʋɔnudrɔ̃la hã. Enɔa anyi ɖe deti aɖe te le todua me, eye amewo vaa egbɔ hena kpekpeɖeŋu le woƒe kuxiwo me.

Ɣeyiɣi sia me la, Yabin nye Kanaan-fia. Aʋatasiaɖam 900 le esi. Eƒe aʋawɔlawo sesẽ ale gbegbe be wozi Israel-vi geɖe dzi wova zu kluviwo na Yabin. Fia Yabin ƒe aʋakplɔlagã enye Sisera.

Gbeɖeka Debora dɔ ame woɖayɔ Ʋɔnudrɔ̃la Barak vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: ‘Yehowa gblɔ be: “Ðe ŋutsu 10,000, nàkplɔ wo ayi Tabo-to dzi. Makplɔ Sisera vɛ na wò le afima. Eye mana nàɖu eya kple eƒe aʋawɔlawo dzi.”’

Barak gblɔ na Debora be: ‘Ne àyi kplim la, ke mayi.’ Debora kplɔe ɖo, gake egblɔ na Barak bena: ‘Ne èɖu dzi la, kafukafu manye tɔwò o, elabena Yehowa atsɔ Sisera ade nyɔnu aɖe si me.’ Alea wòva dzɔe.

Barak ɖi tso Tabo-toa dzi be yeado go Sisera ƒe aʋawɔlawo. Tete Yehowa na tsiɖɔɖɔ va eye futɔ, siwo nye aʋawɔlawo la no tsi ku. Gake Sisera ɖi le eƒe tasiaɖam me hesi dzo.

Ɣeyiɣi ʋɛ aɖe megbe la, Sisera va Yael ƒe agbadɔ gbɔ. Eyɔe be nege ɖe eme, eye wòna notsie wòno. Esia na be alɔ̃ tsɔe, eye kasia edɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ. Tete Yael tsɔ tsyoti, si wòkpa tsũe la heƒo ɖe ŋutsu vɔ̃ɖi sia ƒe tame. Emegbe esi Barak va la, etsɔ Sisera kuku la fiae! Eyata èkpɔ be nusi Debora gblɔ la va eme nyateƒe.

Mlɔeba la, wowu Yabin hã, eye Israel-viwo gakpɔ tomefafa vi aɖe.