Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 55

Ŋutsuvi Sue Aɖe Subɔ Mawu

Ŋutsuvi Sue Aɖe Subɔ Mawu

ÐEVI sue sia menya kpɔ ŋutɔ oa? Eŋkɔe nye Samuel. Eye ŋutsu, si da asi ɖe tame na Samuel lae nye Israel ƒe nunɔlagã Eli. Samuel fofo Elkana kple dadaa Xana ye ma kplɔ Samuel vɛ na Eli.

Samuel xɔ abe ƒe ene alo atɔ̃ ko ene. Gake eya kple Eli kple nunɔla bubuwo anɔ Yehowa ƒe agbadɔ me le afisia. Nukatae wòle be Elkana kple Xana nakplɔ ɖevi sue Samuel la ana be wòasubɔ Yehowa le agbadɔ me? Na míakpɔe ɖa.

Ƒe ʋɛ aɖewo ko do ŋgɔ na esia la, Xana lé blanui ŋutɔ. Elabena mete ŋu dzi vi aɖeke o, eye wòdi vevie ŋutɔ be yeadzi vi ɖeka. Eyata esi Xana yi Yehowa ƒe avɔgbadɔ me gbeɖeka la, edo gbe ɖa be: ‘Oo, Yehowa, mègaŋlɔm be o! Ne èna medzi ŋutsuvi la, medo ŋugbe be matsɔe na wò be wòasubɔ wò le eƒe agbe me katã.’

Yehowa se Xana ƒe gbedodoɖa, eye ɣleti aɖewo megbe la, edzi Samuel. Xana lɔ̃ ɖevi la ŋutɔ, eyata esi wòganye ɖevi ko la, edze egɔme fia nui tso Yehowa ŋu. Egblɔ na srɔ̃ŋutsua be: ‘Ne Samuel tsi heɖi no la, makplɔe ayi avɔgbadɔ la me be wòasubɔ Yehowa le afima.’

Esiae míekpɔ Xana kple Elkana wole wɔwɔm le nɔnɔmetata la me. Esi wònye Samuel dzilawo fia nui nyuie ta la, ekpɔ dzidzɔ be yeasubɔ Yehowa le eƒe avɔgbadɔ sia me. Ƒe sia ƒe la, Xana kple Elkana va dea ta agu le avɔgbadɔ tɔxɛ sia me, eye be woava kpɔ wo vi suea hã ɖa. Eye ƒe sia ƒe la, Xana tsɔa dziwui yeye, si wòtɔ na Samuel la yina nɛ.

Esi ƒeawo nɔ yiyim la, Samuel nɔ subɔsubɔ dzi le Yehowa ƒe avɔgbadɔ me, eye Yehowa kple ameawo katã lɔ̃e ŋutɔ. Gake nunɔlagã Eli viŋutsuwo, Xofni kple Pinexas wonye ame gbegblẽwo. Wowɔa nu gbegblẽ geɖe, eye wona ame bubuwo gbe toɖoɖo Yehowa. Ele be Eli naxe mɔ na wo be womaganye nunɔlawo o, gake mewɔe o.

Samuel, ɖevi la mena nu gbegblẽ, siwo le edzi yim le agbadɔa me la nawɔe be wòadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Gake esi wònye ame ʋɛ aɖewo koe lɔ̃ Yehowa ta la, Yehowa megaƒo nu kple amegbetɔ aɖeke kpɔ o. Esi Samuel tsi vie la, nusi dzɔ enye si:

Esi Samuel dɔ alɔ̃ ɖe avɔgbadɔa me la, gbeɖiɖi aɖe nyɔe. Eɖo eŋu be: ‘Nyee nye si.’ Eye wòfɔ heƒu du yi Eli gbɔ hegblɔ be: ‘Nyee nye si, elabena èyɔm.’

Gake Eli ɖo ŋu be: ‘Nyemeyɔ wò o, yi ɖamlɔ anyi.’ Eye Samuel yi ɖamlɔ anyi.

Emegbe wogayɔe zi evelia be: ‘Samuel!’ Eye Samuel gafɔ ƒu du yi Eli gbɔ hegblɔ be: ‘Nyee nye si, elabena èyɔm.’ Gake Eli ɖo ŋu be: ‘Nyemeyɔ wò o, vinye, yi ɖamlɔ anyi ake.’ Eye Samuel trɔ yi ɖamlɔ anyi.

Gbeɖiɖia yɔe zi etɔ̃lia be: ‘Samuel!’ Eye Samuel ƒu du yi Eli gbɔ hegblɔ be: ‘Nyee nye si, elabena fifia la, èyɔm.’ Eli nya be ɖewohĩ Yehowae le eyɔm. Eyata egblɔ na Samuel be: ‘Yi ɖamlɔ anyi eye ne egayɔ wò la, nàgblɔ be: “Ƒo nu, Yehowa, wò dɔla kè to ɖi.”’

Esi Yehowa gayɔe la, Samuel gblɔ nenema. Yehowa gblɔ na Samuel be yele to he ge na Eli kple viawo. Emegbe la, Xofni kple Pinexas woku kple Filistitɔwo le aʋa me; eye esi Eli se nusi dzɔ la, emli dze anyi, ŋe kɔ heku. Eyata Yehowa ƒe nya la va eme.

Samuel tsi heva zu Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la mamlɛtɔ. Esi Samuel ku amegã la, ameawo biae be: ‘Ðo fia na mí, ne wòaɖu mía dzi.’ Samuel medi be yeawɔ esia o, elabena le nyateƒe me la, Yehowae nye woƒe fia. Gake Yehowa gblɔ nɛ be wòaɖo to ameawo.