Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 38

Ŋkutsala 12 La

Ŋkutsala 12 La

KPƆ atiku si ŋutsu siawo kɔ ɖe asi la ɖa. Kpɔ alesi weintsetse kpo ma loloe ɖa. Ŋutsu evee te ŋu kɔe ɖe ati dzi. Kpɔ gbowo kple yevuboɖawo hã ɖa. Afikae atiku nyui siawo tso? Wotso Kanaan-nyigba dzi. Ðo ŋku edzi be Kanaan ye Abraham, Isak kple Yakob wonɔ kpɔ. Gake dɔ, si to le afima ta la, Yakob kple eƒe ƒomea ʋu yi Egipte. Ke fifia abe ƒe 216 ene megbe la, Mose gakplɔ Israel-viwo yina ɖe Kanaan. Wova ɖo teƒe aɖe, si woyɔna be Kades le gbeadzi.

Ame vɔ̃ɖiwo nɔ Kanaan-nyigba dzi. Eyata Mose dɔ ŋkutsala 12 hegblɔ na wo be: ‘Miɖakpɔ ame neni, si le afima kple alesi wosesẽe. Mikpɔ be anyigba la nyo na nukuwo dodo hã. Eye midze agbagba miatsɔ nuku aɖewo agbɔe.’

Esi ŋkutsalawo va ɖo Kades la, wogblɔ na Mose bena: ‘Du nyui ŋutɔ aɖee wònye.’ Be woatsɔ aɖo kpe edzie la, wotsɔ kutsetse la ƒe ɖe fia Mose. Gake ŋkutsalawo dometɔ 10 gblɔ be: ‘Amesiwo le afima la tri akɔ hesesẽ ŋutɔ. Ne míedi be míaxɔ anyigba la, woawu mí.’

Esi Israel-viwo se esia la, vɔvɔ̃ ɖo wo. Wogblɔ be: ‘Ne ɖe míeku le Egipte alo le gbedzi afisia gɔ̃ hã la, anyo wu. Woawu mí le aʋa me ahalé mía srɔ̃wo kple mía viwo. Mina míatia kplɔla bubu ɖe Mose teƒe be míatrɔ ayi Egipte!’

Gake ŋkutsalawo dometɔ eve ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye wodze agbagba be woafa akɔ na ameawo. Woƒe ŋkɔe nye Yosua kple Kaleb. Wogblɔ be: ‘Migavɔ̃ o. Yehowa li kpli mí. Míate ŋu axɔ anyigba la.’ Gake ameawo gbe esese. Wodi be yewoawu Yosua kple Kaleb gɔ̃ hã.

Esia ku dzi na Yehowa vevie, eye wògblɔ na Mose bena: ‘Amesiwo xɔ ƒe 20 kple esiwo wu nenema la dometɔ aɖeke mayi ɖe Kanaan-nyigba la dzi o. Wokpɔ nukunu, siwo mewɔ le Egipte kple gbeadzi, gake womeɖo dzi ɖe ŋunye o. Eyata woatsa tsaglãla le gbeadzi halase esime ame mamlɛtɔ naku. Yosua kple Kaleb koe ayi ɖe Kanaan-nyigba la dzi.’