AKPA 4
Israel-fia Gbãtɔ Va Se Ðe Aboyomenɔnɔ Le Babilon
Saul va zu Israel-fia gbãtɔ. Gake Yehowa gbee, eye wòtia Dawid be wòaɖu fia ɖe eteƒe. Míasrɔ̃ nu geɖe tso Dawid ŋuti. Esi wònye ɖevi la, ewɔ aʋa kple Goliat, ame dzɔtsu la. Emegbe la, esi le Fia Saul, ŋuʋãla la nu. Eye Abigail dzetugbee la xe mɔ nɛ be mewɔ bometsinu o.
Emegbe la, míasrɔ̃ nu geɖe le Dawid ƒe vi Salomo, amesi xɔ ɖe Dawid teƒe abe Israel-fia ene la ŋuti. Israel-fia gbãtɔ etɔ̃awo dometɔ ɖesiaɖe ɖu fia hena ƒe 40. Le Salomo ƒe ku megbe la, woma Israel ɖe fiaɖuƒe eve me, anyiehe kple dziehe fiaɖuƒe.
To 10 ƒe dziehe fiaɖuƒe la nɔ anyi ƒe 257 hafi Asiriatɔwo va tsrɔ̃e. Ƒe 133 megbe la, wotsrɔ̃ to eve ƒe anyiehe fiaɖuƒe la hã. Fifia ya la, woɖe aboyo Israel-viwo yi ɖe Babilon. Eyata Akpa ENELIA kpe ƒe 510 ƒe ŋutinya ɖo, ɣeyiɣi, sia me nukunu geɖe dzɔ.
LE AKPA SIA
ŊUTINYA 56 LIA
Saul—Israel Fia Gbãtɔ
Mawu ŋutɔe tia Saul gake eva gbee emegbe; míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso Saul ƒe ŋutinyaa me.
ŊUTINYA 58 LIA
David Kple Goliat
Menye akafo ɖeɖe koe David zã tsɔ kpe aʋa kple Goliat o, ke ewɔ nu bubu aɖe si de ŋgɔ boo la hã ŋu dɔ.
ŊUTINYA 59 LIA
Nu Si Ta Wòle Be David Nasi
Saul kpɔ dzidzɔ ɖe David ŋu gbã, gake eva ʋã ŋui hedi be yeawui. Nu ka tae?
ŊUTINYA 60 LIA
Abigail Kple David
Abigail yɔ srɔ̃a be yakame, gake esia kpɔ ŋutsua ƒe agbe ta gbe ma gbe.
ŊUTINYA 61 LIA
Woɖo Fia David
David to nu siwo wòwɔ kple nu siwo melɔ̃ be yeawɔ o dzi ɖee fia be yedze anye Israel-fia.
ŊUTINYA 62 LIA
Dzɔgbevɔ̃e Ðo David Ƒeme
David da vo gã aɖe si he xaxa va eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea dzi ƒe geɖe.
ŊUTINYA 64 LIA
Salomo Tu Gbedoxɔ
Togbɔ be Salomo ƒe nunya de ŋgɔ hã la, woble enu wòwɔ nu gbegblẽ kple bometsinu aɖe.
ŊUTINYA 65 LIA
Fiaɖuƒe La Ma
Esi Yeroboam dze dziɖuɖu gɔme teti ko la, ena dukɔ la da le Mawu ƒe sewo dzi.
ŊUTINYA 67 LIA
Yehosafat Ðo Dzi Ðe Yehowa Ŋu
Nu ka tae hadzila siwo mebla aʋakpa o la adze ŋgɔ na asrafo siwo ho aʋa?
ŊUTINYA 68 LIA
Ŋutsuvi Eve Siwo Gagbɔ Agbe
Ðe wòanya wɔ be woagbɔ agbe ame aɖe si kua? Ɛ̃, edzɔ kpɔ!
ŊUTINYA 69 LIA
Nyɔnuvi Aɖe Kpe Ðe Kalẽtɔ Aɖe Ŋu
Dzi nɔ eƒo wòƒo nu, si wɔe be nukunu aɖe va dzɔ mlɔeba.
ŊUTINYA 74 LIA
Ŋutsu Si Mevɔ̃na O
Yeremiya susui be yemetsi haɖe ne yeanye nyagblɔɖila o, gake Mawu ya nya be Yeremiya ate ŋui.
ŊUTINYA 75 LIA
Ŋutsuvi Ene Le Babilon
Wokpɔ dzidzedze togbɔ be woɖe wo ɖe aga tso woƒe ƒometɔwo gbɔ hã.
ŊUTINYA 76 LIA
Wotsrɔ̃ Yerusalem
Nu ka tae Mawu na Israel ƒe futɔ siwo nye Babilontɔwo la va tsrɔ̃ Yerusalem?