Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 62

Dzɔgbevɔ̃e Ðo David Ƒeme

Dzɔgbevɔ̃e Ðo David Ƒeme

ESI Dawid dze fiaɖuɖu gɔme le Yerusalem megbe la, Yehowa na eƒe aʋawɔlawo ɖu futɔ geɖe dzi. Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ Kanaan-nyigba la na Israel-viwo. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, anyigba, si ƒe ŋugbe wodo na wo la katã va zu wo tɔ azɔ.

Dawid nye dziɖula nyui aɖe. Elɔ̃ Yehowa. Eyata nu gbãtɔ, si wòwɔ le Yerusalem xɔxɔ megbe enye be, etsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va afimae. Edi hã be yeatu gbedoxɔ adae ɖe eme.

Esi Dawid tsi la, ewɔ vodada vɔ̃ɖi aɖe. Dawid nya be enye nu gbegblẽ be woaxɔ ame bubu ƒe nu. Gake gbeɖeka ɣetrɔ esime wònɔ eƒe fiasa tame la, ekpɔ nyɔnu aɖe, si dze tugbe ŋutɔ. Eŋkɔe nye Bat-Seba, eye srɔ̃a nye eƒe aʋawɔlawo dometɔ ɖeka, si ŋkɔe nye Uriya.

Dawid lɔ̃ Bat-Seba ale gbegbe be ena wokplɔe va eƒe fiasa mee. Srɔ̃a yi aʋa wɔ ge. Dawid dɔ kplii, eye emegbe la, nyɔnua kpɔ be yefɔ fu. Dawid ƒe susu tɔtɔ ale gbegbe, eye wòdɔ ame ɖo ɖe eƒe aʋakplɔlagã Yoab be woaɖo Uriya aʋa la ŋgɔ afisi woawui le. Esi Uriya ku la, Dawid ɖe Bat-Seba.

Yehowa do dɔmedzoe ɖe Dawid ŋu ŋutɔ. Eyata edɔ eƒe dɔla Natan be wòagblɔ nuvɔ̃, si wòwɔ la nɛ. Kpɔ, Natan ye ma le nu ƒom na Dawid le afima. Eve Dawid ŋutɔ be yewɔ nenema, eyata Yehowa mewui o. Gake Yehowa gblɔ be: ‘Esi nèwɔ nuvɔ̃ siawo ta la, dzɔgbevɔ̃e geɖe anɔ aƒewò me.’ Eye Dawid kpɔ dzɔgbevɔ̃e geɖe vavã!

Gbã la, Bat-Seba ƒe viŋutsuvi la ku. Emegbe Dawid ƒe viŋutsuvi gbãtɔ Amnon lé nɔvianyɔnu Tamar hedɔ egbɔ sesẽe. Esia ve dɔme na Dawid ƒe vi Absalom ale gbegbe be wòwu Amnon. Emegbe la, Absalom ƒe nu dze ame geɖe ŋu, eyata wòɖo fia eɖokui. Mlɔeba la, Dawid ɖu Absalom dzi le aʋa me, eye wòku. Ẽ, Dawid kpɔ dzɔgbevɔ̃e geɖe vavã.

Le esiawo katã me la, Bat-Seba dzi ŋutsuvi, si ŋkɔe nye Salomo. Esi Dawid tsi hele dɔ lém la, viaŋutsuvi Adoniya di be yeaɖo fia ye ɖokui. Tete Dawid na nunɔla aɖe, si nye Zadok la kɔ ami ɖe tame na Salomo be wòatsɔ afia be Salomo anye fia. Eteƒe medidi o la, Dawid ku esime wòxɔ ƒe 70. Eɖu dzi hena ƒe 40; ke azɔ la, Salomo ye nye fia ɖe Israel.