Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 58

David Kple Goliat

David Kple Goliat

FILISTITƆWO gava aʋa wɔ ge kple Israel. Fifia Dawid nɔviŋutsu tsitsi etɔ̃awo le Saul ƒe aʋawɔlawo dome. Eyata Isai gblɔ na Dawid gbeɖeka bena: ‘Tsɔ bli kple abolo yi na nɔviwòwo. Nàkpɔ alesi wole la ɖa.’

Esi Dawid ɖo aʋasaɖa la me la, eƒu du yi asaɖa la me yi nɔviawo di ge. Filistitɔ triakɔ Goliat do va alɔme ɖe ge le Israel-viwo ŋu. Enɔ esia wɔwɔ dzi ŋdi sia ŋdi kple ɣetrɔ sia ɣetrɔ hena ŋkeke 40. Enɔ ɣli dom be: ‘Mitia mia dometɔ ɖeka wòawɔ aʋa kplim. Ne eɖu dzinye hewum la, míanye miaƒe kluviwo. Ke ne meɖu edzi hewui la, mianye míaƒe kluviwo. Mitia ame ɖeka be wòawɔ aʋa kplim kpɔ.’

Dawid bia aʋawɔla aɖewo be: ‘Ne ame aɖe wu Filistitɔ sia heɖe Israel-viwo tso ŋukpe sia me la, nukae wòaxɔ?’

Aʋawɔla la gblɔ be: ‘Saul ana kesinɔnu geɖee. Eye wòatsɔ eya ŋutɔ vianyɔnuvi nɛ wòaɖe.’

Gake Israel-viwo katã le Goliat vɔ̃m, elabena edzɔ atsu ŋutɔ. Ekɔ wu afɔ 9 (abe meta 3 ene), eye aʋawɔla bubu lé akpoxɔnu ɖe asi nɛ.

Aʋawɔla aɖewo yi ɖagblɔ na Fia Saul be Dawid di be yeawɔ aʋa kple Goliat. Gake Saul gblɔ na Dawid be: ‘Màte ŋu awɔ aʋa kple Filistitɔ sia o. Ðevi ko nènye, eye eya nye aʋawɔla tso ɖevime ke.’ Dawid ɖo ŋu be: ‘Mewu sisiblisi kple dzata hexɔ fofonye ƒe alẽwo le wo si. Eyata Filistitɔ sia azu abe wo dometɔ ɖeka ene. Yehowa akpe ɖe ŋunye.’ Eyata Saul gblɔ be: ‘Heyi, eye Yehowa nanɔ anyi kpli wò.’

Dawid yi tɔ aɖe to hefɔ kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃ de eƒe kotoku me. Azɔ etsɔ eƒe akafo heyi kalẽtɔ la kpe ge. Esi Goliat kpɔe la, ewɔ nuku nɛ. Ebu be yeate ŋu awu Dawid bɔbɔe.

Goliat gblɔ be: ‘Te va gbɔnye ko, eye matsɔ wò lã na xeviwo kple gbemelãwo woaɖu.’ Gake Dawid gblɔ be: ‘Wòa egbɔna gbɔnye kple akplɔ, yi kple tunuhlo, gake nye ya megbɔna gbɔwò kple Yehowa ƒe ŋkɔ. Egbea la, Yehowa atsɔ wò ade asi nam, eye mawu wò aƒu anyi.’

Tete Dawid ƒu du ɖo ta Goliat gbɔ. Etsɔ kpe le eƒe kotoku me, tsɔe de eƒe akafo me heda kple eƒe ŋusẽ katã. Kpe la zɔ tẽ heŋɔ Goliat ƒe ta ge ɖe eme, eye wòdze anyi gbloo heku! Esi Filistitɔwo kpɔ be yewoƒe kalẽtɔ la dze anyi la, wo katã wotrɔ hesi. Israel-viwo ti wo yome, eye woɖu aʋa la dzi.