Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 56

Saul—Israel Fia Gbãtɔ

Saul—Israel Fia Gbãtɔ

KPƆ Samuel ɖa, ele ami kɔm ɖe tame na ŋutsu la. Aleae wowɔna na ame atsɔ fiae be wotiae be wòanye fia. Yehowae gblɔ na Samuel be wòakɔ ami ɖe Saul ƒe tame. Enye ami tɔxɛ aɖe, si ʋẽna lilili.

Saul mesusui be yedze be yeanye fia o. Egblɔ na Samuel be: ‘Benyamin-ƒome, si nye suetɔ kekeake le Israel la mee metso. Nukatae nèbe yeaɖo fiam?’ Yehowa lɔ̃ Saul, elabena mewɔ eɖokui amegã kple ame ŋkutae o. Ematae wòtiae be wòanye fia ɖo.

Gake Saul menye ame dahe alo ame kpui o. Kesinɔtɔwo ƒe ƒome mee wòtso, eye wònye ame dzeɖekɛ kɔkɔ aɖe. Ekɔ wu ame kɔkɔtɔ, si le Israel la kple afɔ ɖeka! Saul ƒua du sesĩe, eye wònye ame sesẽ hã. Ameawo kpɔ dzidzɔ be Yehowa tia Saul be wòanye fia. Wo katã te ɣlidodo be: ‘Fia nanɔ agbe tegbee!’

Ŋusẽ gale Israel ƒe futɔwo ŋu kokoko. Wogale fu ɖem na Israel-viwo ŋutɔ. Esi woɖo fia Saul teti ko la, Amonitɔwo va aʋa wɔ ge kpli wo. Gake Saul ƒo aʋawɔlawo nu ƒu, eye woɖu Amonitɔwo dzi. Esia do dzidzɔ na ameawo be Saul nye fia.

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, Saul nɔ ŋgɔ na Israel-viwo woɖu woƒe futɔ geɖewo dzi. Viŋutsuvi kalẽtɔ aɖe, si ŋkɔe nye Yonatan la nɔ Saul si. Yonatan hã kpe ɖe Israel ŋu woɖu aʋa geɖe dzi. Filistitɔwo ganye Israel-viwo ƒe futɔ vɔ̃ɖitɔ. Gbeɖeka la, Filistitɔ akpe geɖewo va aʋa wɔ ge kple Israel-viwo.

Samuel gblɔ na Saul be wòalala vaseɖe esime yeava sa vɔ na Yehowa. Gake Samuel meva kaba o. Saul le vɔvɔ̃m be Filistitɔwo aho aʋa ɖe yewo ŋu, eyata eya ŋutɔ dze ŋgɔ yi ɖasa vɔ la. Esi Samuel va la, egblɔ na Saul be ewɔ tosẽnu. Egblɔ na Saul be: ‘Yehowa atia ame bubu be wòanye fia ɖe Israel dzi.’

Emegbe la, Saul gasẽ to ake. Eyata Samuel gblɔ nɛ be: ‘Toɖoɖo Yehowa nyo wu alẽ nyuitɔ, si woatsɔ nɛ. Esi mèɖo to Yehowa o ta la, Yehowa magana nànye fia na Israel o.’

Míate ŋu asrɔ̃ nu nyui aɖe tso esia me. Efia alesi wòle vevie be woaɖo to Yehowa ɣesiaɣi la. Egafia hã be ame nyui abe alesi Saul nɔ tsã ene la ate ŋu atrɔ azu ame gbegblẽ. Ðe míedi be míazu ame gbegblẽwoa?