Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 76

Wotsrɔ̃ Yerusalem

Wotsrɔ̃ Yerusalem

EWU ƒe 10 tso esime Fia Nebukadnezar kplɔ Israel ƒe agbalẽnyala nyuiwo katã yi Babilon. Ke azɔ kpɔ nusi le dzɔdzɔm la ɖa! Wotɔ dzo Yerusalem. Eye wokplɔ Israel-vi, siwo womewu o la yina ɖe Babilon abe gamenɔlawo ene.

Ðo ŋku edzi be esiae Yehowa ƒe nyagblɔɖila la gblɔ be adzɔ ne ameawo metrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi o. Gake Israel-viawo meɖo to nyagblɔɖilawo o. Wogblẽ Yehowa ɖi hesubɔ alakpamawuwo. Eyata ameawo dze na tohehe. Míenya esia, elabena Mawu ƒe nyagblɔɖila Xezekiel gblɔ nuvɔ̃, siwo Israel-viwo nɔ wɔwɔm la na mí.

Ènya amesi Xezekiel nyea? Enye ɖekakpui, siwo Fia Nebukadnezar kplɔ yi Babilon ƒe 10 megbe hafi wotsrɔ̃ Yerusalem la dometɔ ɖeka. Ɣeyiɣi ma ke mee wokplɔ Daniel kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo, Sadrax, Mesax kple Abed-Nego hã yi Babilon.

Esi Xezekiel gale Babilon la, Yehowa ɖe nu gbegblẽ, siwo le dzɔdzɔm le Yerusalem-gbedoxɔa me la fiae. Yehowa wɔ esia to nukumɔ aɖe dzi. Xezekiel gale gaxɔ me kokoko, gake Yehowa na wòkpɔ nusianu, si le edzi yim le gbedoxɔa me la. Eye nusi Xezekiel kpɔ la dzi ŋɔ ŋutɔ!

Yehowa gblɔ na Xezekiel be: ‘Kpɔ ŋunyɔnu, siwo wɔm ameawo le le gbedoxɔa me la ɖa. Kpɔ glia ŋu ɖa; eyɔ fũ kple dawo kple lã bubuwo ƒe nɔnɔmetata. Azɔ kpɔe ɖa, Israel-viwo le wo subɔm!’ Xezekiel te ŋu kpɔ nusiawo katã, eye wòŋlɔ nusi le dzɔdzɔm la ɖi.

Yehowa bia Xezekiel be: ‘Èkpɔ nusi Israel ƒe kpɔlawo le wɔwɔm le vivimea?’ Ẽ, eya hã kpɔ esia. Ŋutsu 70, wo katã le alakpamawuwo subɔm. Wole gbɔgblɔm be: ‘Yehowa mele mía kpɔm o. Egblẽ anyigba la ɖi.’

Emegbe Yehowa tsɔ nyɔnu aɖewo, siwo le gbedoxɔa ƒe dziehe-gbo nu la fia Xezekiel. Wonɔ anyi ɖe afima hele alakpamawu Tamus subɔm. Azɔ kpɔ ŋutsu, siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe mɔ nu la ɖa! Woanɔ ame 25. Xezekiel kpɔ wo. Wodze klo do ɖe ɣedzeƒe hele ta dem agu na ɣe!

Yehowa gblɔ be: ‘Amesiawo metsɔ bubu aɖeke nam o. Menye nu vlo ɖeɖeko wɔm wole o, ke wova le ewɔm le nye gbedoxɔ me ke hã!’ Eyata Yehowa do ŋugbe be: ‘Matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi. Eye ne wotsrɔ̃ la, mavem o.’

Esi Yehowa tsɔ nusiawo fia Xezekiel megbe anɔ abe ƒe etɔ̃ ko ene ye Israel-viwo dze aglã ɖe Fia Nebukadnezar ŋu. Eyata eho aʋa ɖe wo ŋu. Ƒe ɖeka kple afã megbe la, Babiloniatɔwo mu Yerusalem-gliawo, eye wotɔ dzo du la kolikoli. Wowu ame geɖe hekplɔ ame geɖe yi Babilon abe gamenɔlawo ene.

Nukatae Yehowa na tsɔtrɔ̃ dziŋɔ sia va Israel-viwo dzi? Elabena womeɖo to Yehowa o, eye womewɔ eƒe sewo dzi o. Esia fia be ele vevie be míawɔ nusi Mawu gblɔ la ɣesiaɣi.

Gbã la, woɖe mɔ na ame ʋɛ aɖewo be woanɔ Israel-nyigba la dzi. Fia Nebukadnezar tsɔ Yudatɔ aɖe, si ŋkɔe nye Gedalya la ɖo amesiawo nu. Gake Israel-vi aɖewo wu Gedalya. Fifia ameawo le vɔvɔ̃m be Babiloniatɔwo ava tsrɔ̃ yewo katã le nu vlo, si wowɔ la ta. Eyata wozi Yeremya dzi be wòakplɔ yewo ɖo, eye wosi yi Egipte.

Esia na Israel-nyigba la tsi anyi ƒuƒlu. Ame aɖeke menɔ anyigba la dzi o hena ƒe 70. Etsi ƒuƒlu keŋkeŋ. Gake Yehowa do ŋugbe be le ƒe 70 megbe la, yeakplɔ yeƒe dukɔ agbɔe. Hafi ɣemaɣi naɖo la, nukae le dzɔdzɔm ɖe Mawu ƒe amewo dzi le Babilon-nyigba, si dzi wokplɔ wo yii la dzi? Na míakpɔe ɖa.