Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 5

Aboyomenɔnɔ Le Babilon Va Se Ðe Yerusalem Gliawo Gbugbɔgatu

Aboyomenɔnɔ Le Babilon Va Se Ðe Yerusalem Gliawo Gbugbɔgatu

Esi Israel-viwo nɔ aboyo me le Babilon la, xɔse ƒe dodokpɔ geɖe va wo dzi. Wotsɔ Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ƒu gbe ɖe kpodzo bibi aɖe me, gake Mawu ɖe wo le eme agbagbe. Emegbe esi Mediatɔwo kple Persiatɔwo ɖu Babilon dzi megbe la, wotsɔ Daniel ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me, gake Mawu kpɔ eya hã ta be wòde ga nu na dzatawo.

Mlɔeba la, Persia-fia Kores ɖe asi le Israel-viwo ŋu. Esi wokplɔ wo yi Babilon abe aboyomewo ene ƒe 70 tututu megbe la, wotrɔ yi woƒe anyigba dzi. Esi wotrɔ yi Yerusalem la, nu gbãtɔ siwo wowɔ la dometɔ ɖekae nye be wodze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme. Gake futɔwo tsi dɔ la nu enumake. Eyata esi wotrɔ yi Yerusalem ƒe 22 megbe hafi wowu gbedoxɔa tutu nu keŋkeŋ.

Emegbe la, míasrɔ̃ nu le Ezra ƒe tɔtrɔ ayi Yerusalem be yeaɖo atsyɔ̃ na gbedoxɔa ŋuti. Gbedoxɔ la nuwuwu ƒe 47 megbe enye esia. Eye le Ezra ƒe mɔzɔzɔa megbe ƒe 13 la, Nexemya kpe asi ɖe Yerusalem-gli gbagbãwo gbugbɔgatu ŋu. Akpa ATƆ̃LIA kpe ƒe 152 ƒe ŋutinya ɖo vaseɖe ɣeyiɣi sia dzi.

 

LE AKPA SIA

ŊUTINYA 77 LIA

Womade Ta Agu O

Ðe Mawu akpɔ ɖekakpui wɔnuteƒe etɔ̃ siawo ta le kpodzo bibi la mea?

ŊUTINYA 78 LIA

Asinuŋɔŋlɔ Le Gli Ŋu

Nyagblɔɖila Daniel ɖe nya sakɔ ene aɖewo gɔme.

ŊUTINYA 79 LIA

Daniel Le Dzatawo Ƒe Do Me

Wotso kufia na Daniel, gake ɖe wòate ŋu aƒo asa nɛ hafia?

ŊUTINYA 80 LIA

Mawu Ƒe Amewo Dzo Le Babilon

Persia-fia, Kores, na nyagblɔɖi aɖe va eme esi wòɖu Babilontɔwo dzi, eye azɔ la, egana nyagblɔɖi bubu va eme.

ŊUTINYA 81 LIA

Ŋuɖoɖo Ðe Mawu Ƒe Kpekpeɖeŋu Ŋu

Israel-viwo gbe toɖoɖo amegbetɔwo ƒe sewo ale be woawɔ Mawu ƒe sewo dzi. Ðe Mawu ayra woa?

ŊUTINYA 82 LIA

Mordekai Kple Esta

Fianyɔnu Wasti dze tugbe, gake Fia Ahasweros na Esta va zu fianyɔnu ɖe Wasti teƒe. Nu ka tae?

ŊUTINYA 83 LIA

Yerusalem Gliawo

Ele be dɔwɔlawo ƒe yiwo kple akplɔwo nanɔ wo ŋu zã kple keli esime wogbugbɔ le glia ɖom.