Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 78

Asinuŋɔŋlɔ Le Gli Ŋu

Asinuŋɔŋlɔ Le Gli Ŋu

NUKAE dzɔdzɔm le afisia? Ameawo ɖo nuɖukplɔ̃ gã aɖe. Babilon-fia la yɔ amedzro vevi akpe ɖeka va nuɖuƒee. Wole sikakplu kple agba, siwo wotsɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem la zãm. Gake kasia, ame ƒe asibidewo koe dze le ya me hete nuŋɔŋlɔ ɖe glia ŋu. Amesiame vɔ̃ ŋutɔ!

Nebukadnezar ƒe tɔgbuiyɔvi Belsazar ye nye fia fifia. Edo ɣli be woakplɔ yeƒe nunyalawo vɛ. Fia la gblɔ be: ‘Amesi te ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ sia eye wòɖe egɔme nam la, woana nu geɖee; eye wòanye dziɖula vevitɔ etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.’ Gake nunyalawo dometɔ aɖeke mete ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ si le glia ŋu alo ɖe egɔme o.

Fia la dada se ɣli la, eye wòva nuɖuxɔ gã la me. Egblɔ na fia la be: ‘Taflatse mègavɔ̃ o. Ame aɖe le wò fiaɖuƒea me, si nya mawu kɔkɔeawo. Esi tɔgbuiwò Nebukadnezar nye fia la, eɖoe amegãe ɖe eƒe nunyalawo katã nu. Eŋkɔe nye Daniel. Na woayɔe vɛ, eye aɖe nusiawo katã gɔme na wò.’

Enumake wokplɔ Daniel vɛ. Esi Daniel gbe be yemaxɔ nunana aɖeke o megbe la, edze egɔme gblɔ nusita Yehowa ɖe Belsazar tɔgbui Nebukadnezar ɖa be maganye fia o la. Daniel gblɔ be: ‘Dadalae wònye, eyata Yehowa he to nɛ.’

Daniel gblɔ na Belsazar be: ‘Gake wò la, ènya nusiwo katã dzɔ ɖe edzi; gake nègale dadam abe Nebukadnezar ene. Èlɔ kpluwo kple agbawo tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me heno nu le wo me. Èkafu ati kple kpe ƒe mawuwo, eye mède bubu mía Wɔla Gã la ŋu o. Ema tae Mawu dɔ asi la ɖa be wòaŋlɔ nya siawo.’

Daniel gblɔ be: ‘Nusi woŋlɔ lae nye esi: “MENE, MENE, TEKEL, UFARSIN.”’

‘MENE gɔmee nye, Mawu xlẽ wò fiaɖuƒe ƒe ŋkekewo, eye wòhee va nuwuwui. TEKEL gɔmee nye, woda wò le nudanu me, eye nèle hodzoe. UFARSIN gɔmee nye, wotsɔ wò fiaɖuƒe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo.’

Esime Daniel nɔ nu ƒom la, Mediatɔwo kple Persiatɔwo ho ɖe Babilon ŋu gɔ̃ hã xoxo. Woxɔ du la hewu Belsazar. Asinuŋɔŋlɔ si le glia ŋu la va eme le zã ma ke me! Gake nukae dzɔdzɔ ge ɖe Israel-viwo dzi azɔ? Míele ekpɔ ge fifia; gake gbã la, na míakpɔ nusi dzɔ ɖe Daniel dzi la ɖa.