Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 81

Ŋuɖoɖo Ðe Mawu Ƒe Kpekpeɖeŋu Ŋu

Ŋuɖoɖo Ðe Mawu Ƒe Kpekpeɖeŋu Ŋu

AMESIWO zɔ mɔ didi la tso Babilon va Yerusalem la ade 50,000. Gake esi woɖo la, Yerusalem nye aƒedo gã aɖe. Ame aɖeke mele afima o. Ele be Israel-viwo nagbugbɔ nusianu atu.

Nu gbãtɔ siwo wotu la dometɔ ɖekae nye vɔsamlekpui. Enye teƒe si woate ŋu awɔ lãwo ƒe vɔsa, alo nunana, le na Yehowa. Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, Israel-viwo dze gbedoxɔ la tutu gɔme. Gake futɔ, siwo te ɖe wo ŋu la medi be woatu gbedoxɔa o. Eyata wodze agbagba be woado ŋɔdzi na wo woadzudzɔ. Mlɔeba la, futɔ siawo na Persia-fia yeye la de se be woadzudzɔ xɔtudɔ la.

Ƒewo va yi. Fifia ƒe 17 enye si tso esime Israel-viwo trɔ tso Babilon. Yehowa dɔ eƒe nyagblɔɖila Xagai kple Zaxarya be woagblɔ na ameawo be woagadze xɔa tutu gɔme ake. Amewo ɖo ŋu ɖe Mawu ƒe kpekpeɖeŋu ŋu, eyata woɖo to nyagblɔɖilawo. Togbɔ be wode se be womagatui o hã la, wogadze etutu gɔme.

Eyata Persia-amegã aɖe si ŋkɔe nye Tatnai la va bia Israel-viwo be mɔ kae wokpɔ hafi le gbedoxɔa tum hã. Israel-viwo gblɔ nɛ be esime yewonɔ Babilon la, Fia Kores gblɔ na yewo be: ‘Azɔ miheyi Yerusalem miatu Yehowa, mia Mawu, ƒe gbedoxɔ la.’

Tatnai ɖo agbalẽ ɖe Babilon hebia be ɖe Kores si ku la gblɔ nya ma vavã hã. Eteƒe medidi o agbalẽ tso fia yeye la gbɔ va ɖo. Agbalẽ la be Kores gblɔe vavã. Eyata fia la ŋlɔ agbalẽ be: ‘Mina Israel-viwo natu woƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la. Eye mele gbe ɖem be miakpe ɖe wo ŋu.’ Anɔ abe ƒe ene ene la, wotu gbedoxɔ la vɔ, eye Israel-viwo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.

Ƒe geɖewo gava yi. Fifia la, ade ƒe 48 tso esime wowu gbedoxɔ la nu. Yerusalemtɔwo nye ame dahewo, eyata du la kple Mawu ƒe gbedoxɔ la menya kpɔ tututu o. Israeltɔ Ezra, si le Babilon la se be ehiã be woaɖo atsyɔ̃ na Mawu ƒe gbedoxɔ la, Eyata ènya nusi wòwɔa?

Ezra yi Persia-fia Artaxsasta gbɔ, eye fia nyui sia tsɔ nunana geɖe na Ezra be wòatsɔ ayi Yerusalem. Ezra bia Israel-vi siwo le Babilon la be woakpe ɖe ye ŋu yewoatsɔ nunana siawo ayi Yerusalem. Ame abe 6,000 ene gblɔ be yewoayi. Klosalo kple sika kple nu xɔasi geɖe su wo si be woatsɔ adzoe.

Ezra tsi dzimaɖi elabena ame vɔ̃ɖiwo le mɔa dzi. Ðewohĩ amesiawo axɔ woƒe klosalo kple sika la ahawu wo. Eyata Ezra yɔ ameawo ƒo ƒu abe alesi nàte ŋu akpɔe le nɔnɔmetata la me ene. Wodo gbe ɖa na Yehowa be wòakpɔ yewo ta le Yerusalem ƒe mɔ didi la zɔzɔ me.

Yehowa kpɔ wo ta. Eye le ɣleti ene ƒe mɔzɔzɔ megbe la, woɖo Yerusalem dedie. Ðe esia mefia be Yehowa ate ŋu akpɔ amesiwo ɖoa ŋu ɖe eŋu hena kpekpeɖeŋu la ta oa?