Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 101

Wowu Yesu

Wowu Yesu

KPƆ nuvɔ̃ dziŋɔ, si wɔm wole la ɖa! Wole Yesu wum. Wohee ɖe ati ŋu. Woƒo gatagbadzɛ ɖe eƒe asiwo kple afɔwo. Nukatae ame aɖe adi be yeawɔ Yesu alea?

Elabena ame aɖewo lé fu Yesu. Ènya amesiwo wonyea? Wo dometɔ ɖekae nye mawudɔla vɔ̃ɖi, Satana Abosam. Eyae te ŋu ble Adam kple Xawa be wogbe toɖoɖo Yehowa. Eye Satana kee na Yesu ƒe futɔwo wɔ nuvɔ̃ dziŋɔ sia.

Hafi woaklã Yesu ɖe ati sia ŋu gɔ̃ hã la, eƒe futɔwo wɔ funyafunyae. Èɖo ŋku alesi wova Getsemane-bɔa me hekplɔe dzoe la dzia? Amekawoe nye futɔawo? Woawoe nye subɔsubɔhakplɔlawo. Na míakpɔ nusi dzɔ emegbe ɖa.

Esi subɔsubɔhakplɔlawo lé Yesu la, eƒe apostolowo si. Wogblẽ Yesu ɖeka ɖe eƒe futɔwo gbɔ, elabena wovɔ̃. Gake apostolo Petro kple Yohanes meyi didiƒe o. Wokplɔ wo ɖo be woakpɔ nusi adzɔ ɖe Yesu dzi la.

Nunɔlawo kplɔ Yesu yi ame tsitsi Hana gbɔe, amesi nye nunɔlagã tsã. Ameha la menɔ afima eteƒe didi o. Emegbe wokplɔ Yesu yi Kayafa, amesi nye nunɔlagã fifia la ƒemee. Subɔsubɔhakplɔla geɖe ƒo ƒu ɖe aƒe sia me.

Kayafa ƒe aƒe sia mee wodrɔ̃ ʋɔnui le. Wokplɔ amewo vɛ be woaka aʋatso ɖe Yesu si. Subɔsubɔhakplɔlawo katã gblɔ be: ‘Ele be woawu Yesu.’ Woɖe ta ɖe mo nɛ hetu kɔe.

Esi esiawo katã nɔ edzi yim la, Petro nɔ aƒe la godo. Vuvɔ nɔ wɔwɔm le zã ma me, eyata ameawo do dzo. Esi wonɔ dzoa ƒum la, dɔla nyɔnuvi aɖe kpɔ Petro hegblɔ be: ‘Amesia hã nɔ Yesu ŋuti.’

Petro ɖo ŋu be: ‘Ao, nyemenɔ eŋuti o!’

Amewo gblɔ na Petro zi etɔ̃ be enɔ Yesu ŋuti. Gake Petro gblɔ le ɖesiaɖe me be alakpae. Esi Petro gblɔ esia zi etɔ̃lia la, Yesu trɔ hekpɔ eŋku me. Eve Petro ŋutɔ be yeda alakpa siawo, eye wòdo go hefa avi.

Esi ɣe la le dzedzem le Fiɖagbe ŋdi la, nunɔlawo kplɔ Yesu yi woƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒegã lae. Wode ŋugble le nusi woawɔ nɛ la ŋu le afisia. Wokplɔe yi Pontio Pilato, amesi nye Yudea-nuto la ƒe dziɖula la gbɔe.

Nunɔlawo gblɔ na Pilato be: ‘Ŋutsu sia la, ame baɖae, ele be woawui.’ Esi Pilato bia nyawo Yesu vɔ la, egblɔ be: ‘Nyemekpɔ be ewɔ nu gbegblẽ aɖeke o.’ Eye Pilato ɖo Yesu ɖe Herodes Antipa. Herodes nye Galilea-dziɖula, gake ele Yerusalem. Herodes hã kpɔ be Yesu mewɔ nu gbegblẽ aɖeke o, eyata egatrɔe ɖo ɖe Pilato.

Pilato di be yeaɖe asi le Yesu ŋu. Gake Yesu ƒe futɔwo di be woaɖe asi le gamenɔla bubu boŋ ŋu. Eyae nye adzodala Baraba. Fifia anɔ abe ŋdɔ ɣeɖota ene esime Pilato kplɔ Yesu do goe. Egblɔ na ameawo be: ‘Mikpɔ miaƒe Fia la ɖa!’ Gake nunɔlagãwo do ɣli be: ‘Mikplɔe yii! Miwui! Miwui!’ Eyata Pilato ɖe asi le Baraba ŋuti, eye wokplɔ Yesu yina wuwu ge.

Wohe Yesu ɖe ati ŋu le Fiɖagbe ŋdɔ me. Le Yesu ƒe axa eveawo dzi la, wowu hlɔ̃dola aɖewo hã aɖe ati ŋu, gake woawo ya mele nɔnɔmetata la me o. Do ŋgɔ teti hafi Yesu naku la, hlɔ̃dolawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: ‘Ne èɖo wò fiaɖuƒe me la, nàɖo ŋku dzinye.’ Yesu ɖo ŋu be: ‘Medo ŋugbe na wò be, ànɔ Paradiso la me kplim.’

Menye ŋugbedodo nyui aɖee ma oa? Ènya Paradiso, si ƒe nya gblɔm Yesu lea? Afikae paradiso, si Mawu wɔ le gɔmedzedzea me la nɔ? Anyigba dzie. Eyata ne Yesu le fia ɖum le dziƒo la, afɔ amesia va agbe mee be wòase vivi le Paradiso yeye me le anyigba dzi. Ðe esia mado dzidzɔ na mí oa?