Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 96

Yesu Da Dɔ Na Dɔlélawo

Yesu Da Dɔ Na Dɔlélawo

ESI Yesu nɔ duawo me tom la, eda dɔ na dɔlélawo. Wogblɔ nukunu siawo le kɔƒe kple du, siwo le afima la me. Eyata amewo kplɔ bunɔwo kple tokunɔwo, kpakple dɔléla bubu geɖe va egbɔe. Eye Yesu da dɔ na wo katã.

Fifia ewu ƒe etɔ̃ tso esime Yohanes nyrɔ Yesu ɖe tsi me. Ke Yesu gblɔ na eƒe apostolowo be esusɔ vie yeayi Yerusalem, afisi woawu ye le, eye emegbe yeafɔ tso ame kukuwo dome. Hafi ɣemaɣi naɖo la, Yesu nɔ dɔ dam na dɔlélawo.

Gbeɖeka la, Yesu nɔ nu fiam le Sabat dzi. Sabat nye ɖiɖiɖeme ƒe ŋkeke na Yudatɔwo. Nyɔnu, si kpɔm nèle le afisia la nɔ dɔ lém sesĩe ŋutɔ. Exa godã ƒe 18 sɔŋ, eye mete ŋu dzɔna kã o. Eyata Yesu da eƒe asiwo ɖe edzi, tete wòdzɔ kã. Woda dɔa nɛ!

Esia ve dɔme na subɔsubɔhakplɔlawo. Ame ɖeka do ɣli ɖo ɖe amehawo gblɔ be: ‘Ŋkeke ade wòle be míawɔ dɔ. Ŋkeke mawo dzie wòle be woava hena dɔdada, ke menye Sabat dzi o!’

Gake Yesu ɖo ŋu be: ‘Mi ame vɔ̃ɖiwo. Mia dometɔ ɖesiaɖe ɖea ka eƒe tedzi hekplɔnɛ be wòano tsi le Sabat dzi. Ke ɖe mele be woada dɔ na nyɔnu nublanuitɔ sia, si le dɔ lém ƒe 18 la le Sabat dzi oa?’ Yesu ƒe nyaŋuɖoɖo la na ŋu kpe ame vɔ̃ɖi siawo.

Emegbe la, Yesu kple eƒe apostolowo zɔ mɔ ɖo ta Yerusalem. Esi wodo le Yerixo teti ko la, nubiala eve, siwo nye ŋkunɔwo la se be Yesu va yina. Eyata wodo ɣli be: ‘Yesu, kpe ɖe mía ŋu!’

Yesu do ɣli yɔ ŋkunɔawo hebia be: ‘Nukae miedi be mawɔ na mi?’ Wogblɔ be: ‘Aƒetɔ, na míaƒe ŋkuwo naʋu.’ Yesu ka asi woƒe ŋkuwo ŋu, eye enumake wole nu kpɔm! Ènya nusita Yesu wɔ nukunu siawo katã? Elabena elɔ̃a amewo, eye wòdi be woaxɔ ye dzi ase. Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be ne ele dzi ɖum abe Fia ene la, ame aɖeke magalé dɔ azɔ le anyigba dzi o.