Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 97

Yesu Gbɔna Abe Fia Ene

Yesu Gbɔna Abe Fia Ene

ESI Yesu da dɔ na nubiala ŋkunɔ eveawo megbe teti ko la, eva kɔƒe sue aɖe si te ɖe Yerusalem ŋu la me. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ eve be: ‘Miyi kɔƒe ma me, eye miakpɔ tedzivi nyui aɖe. Mitui ne miakplɔe vɛ nam.’

Esi wokplɔ tedzivia vɛ na Yesu la, enɔ edzi. Eye wòdoe yi Yerusalem, afisi medidi o la. Esi wòte ɖe dua ŋu la, ameha gã aɖe va do goe. Wo dometɔ geɖe ɖe woƒe awuwo heɖo ɖe mɔa dzi. Ame aɖewo tso deʋayawo. Woɖo esiawo hã ɖe mɔa dzi hedo ɣli be: ‘Mawu neyra fia, si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me!’

Gbaɖegbe ʋĩ le Israel la, fia yeyewo doa tedzivi gena ɖe Yerusalem be woatsɔ wo ɖokui afia ameawo. Esia wɔm Yesu le. Eye amesiawo le fiafiam be yewodi be Yesu nanye yewoƒe fia. Gake menye ameawo katãe di nenema o. Nusi dzɔ esime Yesu yi ɖe gbedoxɔa me la aɖe esia afia mí.

Yesu da dɔ na ŋkunɔwo kple bunɔwo le gbedoxɔa me. Esi ɖevi suewo kpɔe la, wodo ɣli hekafu Yesu. Gake esia ve dɔme na nunɔlawo, eye wogblɔ na Yesu be: ‘Èle nusi gblɔm ɖeviawo le la sema?’

Yesu ɖo ŋu be: ‘Ẽ, mele esem. Ðe miexlẽe kpɔ le Biblia me be: “Ðevi suewo ƒe nu mee Mawu aɖe kafukafu tsoe” oa?’ Eyata ɖeviawo yi edzi hekafu Mawu ƒe fia la.

Míedi be míanɔ abe ɖevi mawo ene oa? Ame aɖewo adze agbagba be míadzudzɔ nuƒoƒo le Mawu ƒe fiaɖuƒea ŋuti. Gake míayi edzi agblɔ nukunu siwo Yesu awɔ na amewo la na ame bubuwo.

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ɣeyiɣi mede nɛ be wòadze fiaɖuɖu gɔme o. Ɣekaɣie ɣeyiɣi sia ava? Yesu ƒe nusrɔ̃lawo di be yewoanya. Míaxlẽ nu tso esia ŋuti emegbe.