Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 98

Le Amito La Dzi

Le Amito La Dzi

YESU enye si le Amito la dzi. Ame ene, siwo le egbɔ la nye eƒe apostolowo. Woawoe nye Andrea kple Petro siwo nye nɔviwo, kple Yakobo kple Yohanes, siwo hã nye nɔviwo la. Mawu ƒe gbedoxɔ, si le Yerusalem lae ma kpɔm nèle le adzɔge ɖaa.

Ŋkeke eve va yi tso esime Yesu do tedzivi yi ɖe Yerusalem. Braɖagbee wònye. Yesu ɖo gbedoxɔa me le ŋdi me. Nunɔlawo di be yewolé Yesu le afima awui. Gake wonɔ vɔvɔ̃m, elabena ameawo lɔ̃ Yesu ƒe nya.

Yesu yɔ subɔsubɔhakplɔla mawo be: ‘Mi dawo kple dawo ƒe viwo!’ Eye Yesu gblɔ be Mawu ahe to na wo le nu vɔ̃ɖi, siwo katã wowɔ la ta. Emegbe la, Yesu va Amito la dzi, eye apostolo ene siawo dze nyawo biabiae gɔme. Ènya nya, siwo biam wole Yesua?

Apostoloawo le nya biam tso ɣeyiɣi si gbɔna ŋu. Wonya be Yesu ahe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi, siwo katã le anyigba dzi la va nuwuwui. Gake wodi be yewoanya ɣeyiɣi si esia adzɔ. Ɣekaɣie Yesu atrɔ ava ɖu Fia?

Yesu nya be ne yegatrɔ gbɔ la, ye yomedzela siwo le anyigba dzi la mate ŋu akpɔ ye o. Elabena anɔ dziƒo, eye womate ŋu akpɔe le afima o. Eyata Yesu gblɔ nusiwo adzɔ le anyigba dzi nenye be yele Fia ɖum le dziƒo la ƒe ɖewo na eƒe apostolowo. Nukawoe nye nusiawo ƒe ɖewo?

Yesu gblɔ be aʋa gãwo adzɔ, ame geɖe alé dɔ, eye dɔ awu amewo; hlɔ̃dodo adzi ɖe edzi, eye anyigbaʋuʋu gãwo ava. Yesu gblɔ hã be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe fiaɖuƒe ƒe nyanyui la le anyigba ƒe afisiafi. Míekpɔ nusiawo le dzɔdzɔm le míaƒe ɣeyiɣia mea? Ẽ! Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu le fia ɖum fifia le dziƒo. Eteƒe madidi o la, aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖesiaɖe ɖa le anyigba dzi.