Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 93

Yesu Nyi Ame Geɖewo

Yesu Nyi Ame Geɖewo

NU DZIŊƆ aɖe dzɔ. Fifi laa ko wowu Yohanes Amenyrɔɖetsimela. Fia la srɔ̃ Herodia melɔ̃ eƒe nya o. Eyata ete ŋu na be fia la na wotso ta le Yohanes nu.

Esi Yesu see la, elé blanui ŋutɔ. Eya ɖeka yi teƒe aɖe, si ame mele o. Gake ameawo kplɔe ɖo. Esi Yesu kpɔ amehawo la, woƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ. Eyata egblɔ Mawu ƒe fiaɖuƒe la ŋutinya na wo, eye wòda dɔ na woƒe dɔnɔwo.

Le ɣetrɔ me la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ be: ‘Zã do vɔ, eye afisia nye gbedzi. Ðe asi le ameawo ŋu be woayi aɖaƒle nuɖuɖu le kɔƒe, siwo le dodonu la me.’

Yesu ɖo ŋu be: ‘Mehiã be woadzo o ɖe. Mina nane wo woaɖu.’ Yesu trɔ ɖe Filipo ŋu hebia be: ‘Afikae míakpɔ nuɖuɖu le aƒle wòade amesiawo katã nu?’

Filipo ɖo ŋu be: ‘Axɔ ga gbogbo ŋutɔ hafi woaƒle nuɖuɖu be amesiame nakpɔ sue aɖe.’ Andrea ke nu hegblɔ be: ‘Ŋutsuvi sia, si tsɔ míaƒe nuɖuɖu la lé abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve ɖe asi. Gake made amesiawo katã nu o.’

Yesu gblɔ be: ‘Mina ameawo nanɔ anyi ɖe gbea dzi.’ Emegbe wòda akpe na Mawu ɖe nuɖuɖua ta hede asi eŋeŋe me. Nusrɔ̃lawo ma abolo kple tɔmelã la na ameawo katã. Wode ŋutsu 5,000 hekpe ɖe nyɔnuwo kple ɖevi akpe nanewo ŋu. Wo katã woɖu nu vaseɖe esime woɖi ƒo. Eye esi nusrɔ̃lawo ƒo esiwo tsi anyi la nu ƒu la, woyɔ kevi 12 taŋ!

Fifia Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo ɖo tɔdziʋu aɖe be woatso Galilea-ƒu la. Ahom sesẽ aɖe tu le zã me, eye ƒutsotsoewo nɔ tɔdziʋu la dam glalãglalã. Nusrɔ̃lawo vɔ̃ ŋutɔ. Ke le zã titina la, wokpɔ ame aɖe le ƒua dzi zɔm gbɔna wo gbɔ. Wodo ɣli kple vɔvɔ̃ elabena womedze si nusi kpɔm wole o.

Yesu gblɔ be: ‘Migavɔ̃ o, nyee!’ Gake womexɔe se o. Eyata Petro gblɔ be: ‘Aƒetɔ, ne wòe vavã la, ke na mazɔ tsia dzi va gbɔwò.’ Yesu ɖo ŋu be: ‘Va!’ Tete Petro do go hezɔ tsi la dzi! Azɔ vɔvɔ̃ ɖoe, eye wòde asi toyiyi me, gake Yesu lée.

Emegbe la, Yesu ganyi ame akpe geɖe. Fifia ya la, etsɔ abolo adre kple tɔmelã ʋɛ aɖewo nyi woe. Nuɖuɖu la gade wo katã nu. Alesi Yesu léa be na amewoe la mewɔ nuku ŋutɔ oa? Ne ele dzi ɖum abe Mawu ƒe fia ene la, míatsi dzimaɖi ɖe naneke ŋu gbeɖe o!