Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 106

Woɖe Wo Le Gaxɔ Me

Woɖe Wo Le Gaxɔ Me

KPƆ mawudɔla si ʋu gaxɔ ƒe ʋɔawo la ɖa. Amesiwo ɖem wòle la nye Yesu ƒe apostolowo. Na míakpɔ nusi dzɔ hafi wode wo gaxɔ me la ɖa.

Ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye esia tso esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dzi. Ke nusi va dzɔe nye si: Gbeɖeka ŋdɔ, Petro kple Yohanes woyina gbedoxɔ me le Yerusalem. Ŋutsu aɖe si nye bunɔ eƒe agbe me katã la nɔ anyi ɖe ʋɔtrua nu. Gbesiagbe la, wokɔnɛ dana ɖe afima be wòabia ga le amesiwo yina gbedoxɔa me la si. Esi wòkpɔ Petro kple Yohanes la, ebia be woana nane ye. Nukae apostoloawo awɔ?

Wotɔ hekpɔ nublanuitɔ la. Petro gblɔ be: ‘Ga aɖeke mele asinye o, gake nusi le asinye la, mana wò. Le Yesu ƒe ŋkɔ me la, tsi tre nàzɔ azɔli!’ Petro lé ŋutsu la ƒe nuɖusi, eye wòti kpo enumake hede asi azɔlizɔzɔ me. Esi ameawo kpɔ esia la, ewɔ nuku na wo, eye dzi dzɔ wo ŋutɔ le nukunu sia ta.

Petro gblɔ be: ‘Mawu, amesi fɔ Yesu tso ame kukuwo dome la ƒe ŋusẽ mee míewɔ nukunu sia le.’ Esi eya kple Yohanes wonɔ nu ƒom la, subɔsubɔhakplɔla aɖewo va do. Dzi ku wo, elabena Petro kple Yohanes le gbɔgblɔm na ameawo be wofɔ Yesu tso ame kukuwo dome. Eyata wolé wo hede wo gaxɔ me.

Esi ŋu ke la, subɔsubɔhakplɔlawo wɔ takpekpe gã aɖe. Wokplɔ Petro kple Yohanes kple amesi ŋu woda gbe le la vɛ. Subɔsubɔhakplɔlawo bia be: ‘Ameka ƒe ŋusẽ mee miewɔ nukunu sia le?’

Petro gblɔ na wo be, Mawu, amesi fɔ Yesu tso ame kukuwo dome la ƒe ŋusẽ mee. Nunɔlawo menya nusi woawɔ o, elabena womate ŋu asẽ nu be nukunu sia dzɔ vavã o. Eyata wode se na apostoloawo be womagaƒo nu tso Yesu ŋu azɔ o, eye woɖe asi le wo ŋu.

Esi ŋkekeawo nɔ yiyim la, apostoloawo nɔ gbeƒãɖeɖe dzi tso Yesu ŋuti henɔ dɔ dam na dɔlélawo. Nukunu siawo ƒe nya kaka de didiƒe. Eyata, ameha siwo tso du, siwo ƒo xlã Yerusalem me la gɔ̃ hã kplɔ dɔlélawo vɛ na apostoloawo be woada dɔ na wo. Esia na subɔsubɔhakplɔlawo ʋã ŋu, eyata wolé apostoloawo hede wo gaxɔ me. Gake womenɔ afima eteƒe didi o.

Le zã me la, Mawu ƒe dɔla ʋu gaxɔ ƒe ʋɔ la abe alesi nàte ŋu akpɔe le afisia ene. Mawudɔla la gblɔ be: ‘Miyi miatsi tre ɖe gbedoxɔ la me, eye mianɔ nya la gbɔgblɔ dzi na amewo.’ Esi ŋu ke eye subɔsubɔhakplɔlawo dɔ amewo ɖo ɖe gaxɔa me be woakplɔ apostoloawo vɛ la, womeli o. Emegbe la, wokpɔ wo wole nu fiam le gbedoxɔ me, eye wokplɔ wo va Ʋɔnudrɔ̃ƒegã lae.

Subɔsubɔhakplɔlawo gblɔ be: ‘Míede se na mi vevie be miagafia nu tso Yesu ŋu azɔ o. Gake mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia la.’ Ke apostoloawo ɖo ŋu be: ‘Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.’ Eyata woyi edzi fia “nyanyui” la le afima. Ðe ema menye kpɔɖeŋu nyui aɖe, si yome míadze oa?