Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 105

Wole Lalam Le Yerusalem

Wole Lalam Le Yerusalem

AMESIWO le afisia la nye Yesu yomedzelawo. Woɖo toe hele lalam le Yerusalem. Ke esi wo katã woƒo ƒu henɔ lalam la, gbeɖiɖi sesẽ aɖe yɔ aƒe blibo la me. Eɖi abe yaƒoƒo sesẽ ene. Tete dzoƒaɖewo dze ɖe nusrɔ̃la ɖesiaɖe ƒe ta me. Àte ŋu akpɔ dzo la le amesiame ƒe tamea? Nukae esiawo katã fia?

Nukunu wònye! Yesu trɔ yi ɖe dziƒo le Fofoa gbɔ, eye wòle Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe kɔm ɖe eyomedzelawo dzi. Ènya nusi gbɔgbɔ sia na wowɔa? Wo katã wote gbe vovovowo gbɔgblɔ.

Ame geɖe siwo le Yerusalem la se gbeɖiɖi, si le abe ya sesẽ ene la, eye wova be yewoakpɔ nusi le dzɔdzɔm la ɖa. Wo dometɔ aɖewo tso dukɔ bubuwo me va Israel-viwo ƒe Pentekoste-ŋkekenyui ɖuƒe. Nukunu ka teƒee nye si vavalawo kpɔ! Wosee nusrɔ̃lawo le wo degbe gblɔm tso nukunu siwo Mawu wɔ la ŋuti.

Vavalawo gblɔ be: ‘Amesiawo katã nye Galileatɔwo, ke aleke wɔ hafi wote ŋu le du siwo me míetso la ƒe gbe vovovowo gblɔm?’

Azɔ Petro tsi tre heɖe eme na wo. Ekɔ gbe dzi hegblɔ alesi wowu Yesu, eye Yehowa fɔe tso ame kukuwo dome la na wo. Petro gblɔ be: ‘Fifia Yesu le dziƒo le Mawu ƒe nuɖusi me; eye ekɔ gbɔgbɔ kɔkɔe, si ƒe ŋugbe wòdo la ɖi. Ema tae miele nukunu siawo teƒe kpɔm hele esem ɖo.’

Esi Petro gblɔ nusiawo vɔ la, ame geɖe se veve ŋutɔ le nusi wowɔ Yesu la ta. Wobia be: ‘Nukae míawɔ?’ Petro gblɔ na wo be: ‘Ele be miatrɔ miaƒe agbenɔnɔwo, eye woana nyɔnyrɔ mi.’ Eyata gbemagbe la, wonyrɔ ame abe 3,000 sɔŋ ene, eye wozu Yesu yomedzelawo.