Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 112

Ʋugbagbã Le Ƒukpo Aɖe Dzi

Ʋugbagbã Le Ƒukpo Aɖe Dzi

KPƆ ɖa! ʋu la ɖo xaxa me! Ele gbagbãm kakɛkakɛ! Èkpɔ amesiwo ti kpo dze tsia me la? Ame aɖewo ɖi go ɖe ƒua ta xoxo. Paulo ye nye ma? Na míakpɔ nusi le dzɔdzɔm ɖe edzi la ɖa.

Ðo ŋku edzi be wode Paulo gaxɔ me hena ƒe eve le Kaisarea. Emegbe eya kple ame bubu aɖewo ɖo tɔdziʋu hedze mɔ yina Roma. Esi woto Kreta-ƒukpo ŋuti la, ahom sesẽ aɖe kpe wo. Ya la nu sẽ ale gbegbe be ameawo mete ŋu ɖo kuɖɔ na ʋu la o. Womekpɔ ɣe ŋuti le ŋkeke me kaka woayi ɣletiviwo kpɔ ge le zã me hã o. Mlɔeba le ŋkeke geɖe megbe la, ʋua me tɔwo bu mɔkpɔkpɔ be yewomele agbe tsi ge o.

Tete Paulo tsi tre hegblɔ be: ‘Mia dometɔ aɖeke maku o; ʋu la koe agbã. Elabena le eto ƒe zã me la, mawudɔla va gblɔ nam be: “Mègavɔ̃ o, Paulo! Ele na wò be nàtsi tre ɖe Roma-dziɖula Kaisaro ŋku me. Eye Mawu aɖe amesiwo katã ɖo ʋua kpli wò la.”’

Esi ahom la dze egɔme ŋkeke 14 lia megbe ƒe zãtitina la, ʋua me tɔwo kpɔ be tsi la le miemiem! Esi wonɔ vɔvɔ̃m be yewoƒe ʋua akli agakpe aɖewo le zã me ahagbã ta la, woɖiɖi woƒe sekewo ɖe tsia me. Esi ŋu ke la, wokpɔ ʋudzeƒe aɖe. Woɖo be yewoaku ʋua ayi ƒutae.

Ke esi wole ƒua ta ɖom la, ʋu la si ke aɖe, eye wòtsi afima. Tete ƒutsotsoeawo te ƒoƒo ɖe eŋu, eye ʋu la dze gbagbã gɔme kakɛkakɛ. Aʋafia, si le wo nu la gblɔ be: ‘Mi amesiwo nya tsiƒuƒu la, miti kpo dze tsia me miaƒu tsia ayi gota. Mi ame mamlɛawo midze tsia me kplɔ wo ɖo, eye miaku ɖe ʋua ƒe kakɛ aɖewo ŋu.’ Wowɔ nenema. Eye ame 276, siwo katã le ʋua me la ɖo ƒuta dedie abe alesi mawudɔla la do ŋugbee ene.

Ƒukpo la ŋkɔe nye Melite. Ameawo nye dɔmenyotɔwo, eyata wolé be na amesiwo do le ʋua me la. Esi xexeame kɔ nyuie la, wona Paulo ɖo ʋu bubu yi Roma.