Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 110

Timoteo—Paulo Ƒe Kpeɖeŋutɔ Yeye

Timoteo—Paulo Ƒe Kpeɖeŋutɔ Yeye

ÐEKAKPUI si kpɔm nèle le apostolo Paulo gbɔ lae nye Timoteo. Timoteo le eƒe ƒometɔwo gbɔ le Listra. Dadaa ŋkɔe nye Eunike, eye mamaa nye Loide.

Zi etɔ̃lia enye sia Paulo yi ɖe Listra. Anye ƒe ɖeka enye si va yi la, Paulo kple Barnaba wova afisia zi gbãtɔ le gbeƒãɖeɖe ƒe mɔzɔzɔ me. Ke fifia Paulo gatrɔ va kple exɔlɔ̃ Sila.

Ènya nya, si gblɔm Paulo le na Timoteo mahã? Ele ebiam be: ‘Àdi be yeakpe ɖe mí kple Sila ŋua? Àte ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe gbeƒã na amewo le didiƒewo.’

Timoteo ɖo ŋu be: ‘Ẽ, medi be mayi.’ Eyata eteƒe medidi o la, Timoteo dzo le eƒe ƒomea gbɔ hekplɔ Paulo kple Sila ɖo. Gake hafi míasrɔ̃ nu tso woƒe mɔzɔzɔa ŋu la, na míakpɔ nusi va dzɔ ɖe Paulo dzi la ɖa. Anɔ abe ƒe 17 enye si ene tso esime Yesu ɖe eɖokui fiae le Damasko-mɔ dzi.

Ðo ŋku edzi be Paulo va Damasko be yeawɔ nuvevi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo, gake fifia eya ŋutɔ va zu nusrɔ̃la! Emegbe la, futɔ aɖewo ɖo be yewoawu Paulo, elabena womedi eƒe nufiafia tso Yesu ŋuti o. Gake nusrɔ̃lawo kpe ɖe Paulo ŋu wòsi. Wodee kusi me heɖiɖii to gli ta ɖe dua godo.

Emegbe la, Paulo yi ɖaɖe gbeƒã le Antioxia. Afisiae woyɔ Kristo yomedzelawo le zi gbãtɔ be Kristotɔwo. Wodɔ Paulo kple Barnaba tso Antioxia be woayi aɖe gbeƒã le du, siwo le didiƒe me. Du, siwo me wode la ɖekae nye Listra, Timoteo dedu me.

Azɔ abe ƒe ɖeka ene megbe la, Paulo wɔ mɔzɔzɔ evelia hetrɔ va Listra. Esi Timoteo kpe ɖe Paulo kple Sila ŋu la, ènya afisi woyia? Kpɔ anyigbatata la ɖa, ne míasrɔ̃ teƒe aɖewo ŋkɔ.

Gbã la, woyi Ikonio, si te ɖe wo ŋu la me; emegbe woyi du evelia, si nye Antioxia la me. Wozɔ to afima ɖo ta Troa, heyi Filipi, Tesalonika, kple Beroia. Èkpɔ Atene le anyigbatata la dzia? Paulo ɖe gbeƒã le afima. Emegbe woɖe gbeƒã le Korinto hena ƒe ɖeka kple afã. Mlɔeba la, wotɔ ɖe Efeso vie. Emegbe woɖo tɔdziʋu hetrɔ va Kaisarea, hezɔ ɖo ta Antioxia, afisi Paulo nɔ la.

Eyata Timoteo zɔ mɔ kilometa alafa geɖe kpe ɖe Paulo ŋu woɖe gbeƒã “nyanyui” la, eye woɖo Kristo-hame geɖe anyi. Ne ètsi la, mànye Mawu subɔla nuteƒewɔla abe Timoteo ene oa?