Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 102

Yesu Le Agbe

Yesu Le Agbe

ÈNYA amesiwo nyɔnu la kple ame eve la nyea? Nyɔnu lae nye Maria Magdalatɔ, Yesu xɔlɔ̃. Eye ŋutsu, siwo le awu ɣiwo me la nye mawudɔlawo. Xɔ vi, si me kpɔm Maria le lae nye afisi woɖi Yesu ɖo. Yɔdoe wònye. Gake fifia ŋutilã la megali o! Amekawoe kɔe? Na míakpɔe ɖa.

Esi Yesu ku vɔ la, nunɔlawo gblɔ na Pilato be: ‘Esi Yesu nɔ agbe la, egblɔ be woafɔ ye ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe. Eyata de se be woadzɔ yɔdo la ŋu. Be eƒe nusrɔ̃lawo nagafi eƒe ŋutilã ahagblɔ be ɖe wofɔe tso ame kukuwo dome o!’ Pilato gblɔ na nunɔlawo be woadɔ asrafowo be woadzɔ yɔdo la ŋu.

Gake le Yesu ƒe ku megbe ŋkeke etɔ̃agbe ƒe ŋdi kanya la, Yehowa ƒe dɔla aɖe va enumake. Emli kpe la ɖa tso yɔdoa nu. Asrafoawo vɔ̃ ale gbegbe be womete ŋu ɖe afɔ o. Mlɔeba esi wokpɔ yɔdoa me la, ŋutilã la megali o! Asrafoawo dometɔ aɖewo yi dua me hegblɔe na nunɔlawo. Ènya nusi nunɔla vɔ̃ɖiawo wɔa? Woxe fe na asrafoawo be woada alakpa. Nunɔlawo gblɔ na asrafoawo be: ‘Migblɔ be esi míedɔ alɔ̃ la, eƒe nusrɔ̃lawo va fi ŋutilã la le zã me.’

Gake nyɔnu aɖewo, siwo nye Yesu xɔlɔ̃wo la de yɔdoa to. Ewɔ nuku na wo ŋutɔ be yɔdoa le ƒuƒlu! Tete mawudɔla eve, siwo do awu ɣiwo la do. Wobia be: ‘Nukatae miele Yesu dim le afisia? Wofɔe ɖe tsitre. Miɖe abla miaɖagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo.’ Nyɔnuawo lé du tsɔ sesĩe! Gake ŋutsu aɖe tɔ wo le mɔa dzi. Ènya amesi wònyea? Yesue! Egblɔ be: ‘Miyi miagblɔe na nye nusrɔ̃lawo.’

Esi nyɔnuawo gblɔ na nusrɔ̃lawo be Yesu le agbe, eye be yewokpɔe la, womexɔe se o. Petro kple Yohanes ƒu du yi yɔdoa to be yewo ŋutɔwo yewoakpɔe; gake yɔdoa le ƒuƒlu. Esi Petro kple Yohanes wodzo la, Maria Magdalatɔ ya tsi anyi. Ɣemaɣie wòkpɔ yɔdoa me hekpɔ mawudɔla eveawo.

Ènya nusi dzɔ ɖe Yesu ƒe ŋutilã dzia? Mawu na wòbu vĩ. Mawu mefɔ Yesu kple ŋutilã, si wòtsɔ kui o. Ena gbɔgbɔ me ŋutilã yeye Yesu abe alesi wòle mawudɔla, siwo le dziƒo la sie ene. Gake be Yesu nafia eƒe nusrɔ̃lawo be yele agbe ta la, ete ŋu tsɔ ŋutilã do be amewo nate ŋu akpɔ ye abe alesi míele esrɔ̃ gee ene.