Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo ƒe Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo ƒe Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

Ŋutinya 1

Mawu Dze Nuwo Wɔwɔ Gɔme

  1. Afikae nu nyuiwo katã tso, eye àte ŋu ayɔ nusiawo dometɔ aɖea?

  2. Nukae nye nu gbãtɔ si Mawu wɔ?

  3. Nukatae mawudɔla gbãtɔ nye ame tɔxɛ aɖe?

  4. Gblɔ alesi anyigba la nɔ le gɔmedzedzea me. (Kpɔ nɔnɔmetataa.)

  5. Aleke Mawu dze anyigbaa dzadzraɖo gɔmee be lãwo kple amewo nanɔ edzi?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Yeremya 10:12.

    Mawu ƒe nɔnɔme kawoe dzena le nusiwo wòwɔ me? (Yes. 40:26; Rom. 11:33)

  2. Xlẽ Kolosetɔwo 1:15-17.

    Kpekpeɖeŋu kae Yesu na le nuwo wɔwɔ me, eye aleke wòle be esia nana míabu eyamae? (Kol. 1:15-17)

  3. Xlẽ Mose I, 1:1-10.

    1. Aleke anyigba wɔ va dzɔ? (Mose I, 1:1)

    2. Nukae dzɔ le nuwɔwɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi? (Mose I, 1:3-5)

    3. Gblɔ nusi dzɔ le nuwɔwɔ ƒe ŋkeke evelia dzi. (Mose I, 1:7, 8)

Ŋutinya 2

Abɔ Nyui Aɖe

  1. Aleke Mawu trɔ asi le anyigba la ŋue be míava nɔ edzi?

  2. Yɔ lã vovovo siwo Mawu wɔ. (Kpɔ nɔnɔmetataa.)

  3. Nukatae Eden-bɔ la nye teƒe tɔxɛ aɖe?

  4. Nukae Mawu di be anyigba blibo la katã nava zu?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 1:11-25.

    1. Nukawoe Mawu wɔ le nuwɔwɔ ƒe ŋkeke etɔ̃lia dzi? (Mose I, 1:12)

    2. Nukae dzɔ le nuwɔwɔ ƒe ŋkeke enelia dzi? (Mose I, 1:16)

    3. Lã kawoe Mawu wɔ le ŋkeke atɔ̃lia kple adelia dzi? (Mose I, 1:20, 21, 25)

  2. Xlẽ Mose I, 2:8, 9.

    Ati tɔxɛ eve kawoe Mawu wɔ ɖe abɔa me, eye nuka ƒe kpɔɖeŋue wonye?

Ŋutinya 3

Ŋutsu Kple Nyɔnu Gbãtɔ

  1. Vovototo kae le nɔnɔmetata si le Ŋutinya 3 lia kple esi le Ŋutinya 2 lia dome?

  2. Amekae wɔ ame gbãtɔ, eye ame gbãtɔ ma ŋkɔ ɖe?

  3. Dɔ kae Mawu gblɔ na Adam be newɔ?

  4. Nukatae Mawu na Adam dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ?

  5. Ɣeyiɣi didi kae Adam kple Xawa ate ŋu anɔ agbe, eye dɔ kae Yehowa di be woawɔ?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Psalmo 83:19.

    Mawu ƒe ŋkɔ ɖe, eye ɖoƒe tɔxɛ kae le esi ɖe anyigba katã dzi? (Yer. 16:21; Dan. 4:14)

  2. Xlẽ Mose I, 1:26-31.

    1. Nukae nye nu mamlɛtɔ si Mawu wɔ le ŋkeke adelia dzi, eye aleke nuwɔwɔ sia to vovo tso lãwo gbɔe? (Mose I, 1:26)

    2. Nukae Yehowa na amegbetɔ kple lãwo siaa? (Mose I, 1:30)

  3. Xlẽ Mose I, 2:7-25.

    1. Nukae dɔ si wode asi na Adam be wòatsɔ ŋkɔ na lãwo bia? (Mose I, 2:19)

    2. Aleke Mose I, 2:24 kpe ɖe mía ŋu míese alesi Yehowa bua srɔ̃ɖeɖe, kaklã, kple srɔ̃gbegbe gɔme? (Mat. 19:4-6, 9)

Ŋutinya 4

Nusitae Wobu Woƒe Aƒea

  1. Nukae le dzɔdzɔm ɖe Adam kple Xawa dzi le nɔnɔmetataa me?

  2. Nukatae Yehowa he to na wo ɖo?

  3. Nya kae da aɖe gblɔ na Xawa?

  4. Amekae na da la ƒo nu na Xawa?

  5. Nukatae Adam kple Xawa bu woƒe Paradisoƒea?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Read Mose I 2:16, 17 kple 3:1-13, 24.

    1. Aleke nya si da la bia Xawa la nye aʋatsokaka ɖe Yehowa sii? (Mose I, 3:1-5; Yoh. I, 5:3)

    2. Aleke Xawa nye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu na míi? (Fil. 4:8; Yak. 1:14, 15; Yoh. I, 2:16)

    3. Mɔ ka nue Adam kple Xawa melɔ̃ ɖe agɔ si woƒe nuwɔnawo na wodze la dzi o le? (Mose I, 3:12, 13)

    4. Aleke kerubi siwo le Eden-bɔa ƒe ɣedzeƒe gome la ʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye tae? (Mose I, 3:24)

  2. Xlẽ Nyaɖeɖefia 12:9.

    Aleke Satana kpɔ dzidzedze le ameƒomea tɔtrɔ ɖa le Mawu ƒe dziɖuɖu yome mee? (Yoh. I, 5:19)

Ŋutinya 5

Agbenɔnɔ Sesẽ Dze Egɔme

  1. Aleke agbenɔnɔa nɔ na Adam kple Xawa le Eden-bɔa godo?

  2. Nukae te dzɔdzɔ ɖe Adam kple Xawa dzi, eye nukatae?

  3. Nukatae Adam kple Xawa ƒe viwo atsi aku amegã kple nyagã ahaku?

  4. Ne ɖe Adam kple Xawa ɖo to Yehowa la, anye ne aleke agbenɔnɔ anɔ na woa kple wo viwo hafi?

  5. Aleke Xawa ƒe tomaɖomaɖoa he nuxaxa vɛ nɛ?

  6. Adam kple Xawa ƒe viŋutsu eve gbãtɔawo ƒe ŋkɔwo ɖe?

  7. Amekawoe nye ɖevi bubu siwo le nɔnɔmetataa me?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 3:16-23 kple 4:1, 2.

    1. Aleke fi si woƒo de anyigba la kpɔ ŋusẽ ɖe Adam ƒe agbe dzii? (Mose I, 3:17-19; Rom. 8:20, 22)

    2. Nukatae ŋkɔ Xawa, si gɔmee nye “Ame Gbagbe,” la sɔ? (Mose I, 3:20)

    3. Aleke Yehowa nyo dɔmee na Adam kple Xawa le woƒe nuvɔ̃ wɔwɔ megbe gɔ̃ hã? (Mose I, 3:7, 21)

  2. Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

    ‘Nu gbãtɔ’ kawoe nèle mɔ kpɔm na be woava ɖe ɖa?

Ŋutinya 6

Ŋutsuvi Nyui Kple Vɔ̃ɖitɔ

  1. Dɔ kawoe Kain kple Habel wɔna?

  2. Nunana kawoe Kain kple Habel tsɔ vɛ na Yehowa?

  3. Nukatae Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe Habel ƒe nunana la ŋu, eye nukatae mekpɔ dzidzɔ ɖe Kain tɔ ya ŋu o?

  4. Ameka ƒomevie nye Kain, eye aleke Yehowa dze agbagba be yeana wòatrɔ nɔnɔme?

  5. Nukae Kain wɔ esi woa kple nɔvia ɖeɖe wole agble me?

  6. Gblɔ nusi dzɔ ɖe Kain dzi esi wòwu nɔvia vɔ megbe.

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 4:2-26.

    1. Aleke Yehowa ƒo nu tso afɔku si me Kain ɖo la ŋui? (Mose I, 4:7)

    2. Aleke Kain ɖe nusi le eƒe dzime la fiae? (Mose I, 4:9)

    3. Aleke Yehowa bua ame maɖifɔwo ƒe ʋu kɔkɔ ɖi? (Mose I, 4:10; Yes. 26:21)

  2. Xlẽ Yohanes I, 3:11, 12.

    1. Nukatae Kain bi dzi ŋutɔ, eye aleke esia nye nuxlɔ̃ame na mí egbeae? (Mose I, 4:4, 5; Lod. 14:30; 28:22)

    2. Aleke Biblia ɖee fia be ne míaƒe ƒometɔwo katã tsi tre ɖe Yehowa ŋu hã la, míawo ya míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe? (Ps. 27:10; Mat. 10:21, 22)

  3. Xlẽ Yohanes 11:25.

    Kakaɖedzi kae Yehowa na ku ɖe amesiwo katã ku le nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta la ŋu? (Yoh. 5:24)

Ŋutinya 7

Ŋutsu Kalẽtɔ Aɖe

  1. Aleke Henox to vovoe?

  2. Nukatae amesiwo nɔ anyi le Henox ƒe ŋkekea me la wɔ nu vlo geɖe nenema?

  3. Nu vlo kawo wɔmee ameawo nɔ? (Kpɔ nɔnɔmetataa.)

  4. Nukatae wòhiã be Henox nawɔ kalẽ?

  5. Ɣeyiɣi didi kae amewo nɔa agbe ɣemaɣi, gake ƒe nenie Henox nɔ agbe?

  6. Nukae dzɔ le Henox ƒe ku megbe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 5:21-24, 27.

    1. Ƒomedodo ka tɔgbee nɔ Henox kple Yehowa dome? (Mose I, 5:24)

    2. Le Biblia ƒe nya nu la, amekae nɔ agbe wòdidi wu, eye ƒe nenie wòxɔ hafi ku? (Mose I, 5:27)

  2. Xlẽ Mose I, 6:5.

    Aleke nɔnɔmeawo va gblẽ le anyigba dzi le Henox ƒe ku megbee, eye aleke esia sɔ kple míaƒe ŋkekeae? (Tim. II, 3:13)

  3. Xlẽ Hebritɔwo 11:5.

    Henox ƒe nɔnɔme kae “[dze] Mawu ŋu nyuie,” eye nukae do tso eme nɛ? (Mose I, 5:22)

  4. Xlẽ Yuda 14, 15.

    Aleke Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ Henox ƒe dzideƒo ne wole nu xlɔ̃m amewo tso Harmagedon-ʋa si gbɔna ŋui? (Tim. II, 4:2; Heb. 13:6)

Ŋutinya 8

Ame Dzɔtsuwo Nɔ Anyigba Dzi

  1. Nukae dzɔ esi Mawu ƒe dɔlawo dometɔ aɖewo ɖo to Satana?

  2. Nukatae mawudɔla aɖewo dzudzɔ dɔ si wonɔ wɔwɔm le dziƒo heɖi va anyigba dzi?

  3. Nukatae wònye nuvɔ̃ be mawudɔlawo nava anyigba dzi ahatrɔ wo ɖokui azu amegbetɔwo?

  4. Nukae to vovo le mawudɔlaawo ƒe viwo ŋu?

  5. Abe alesi nàkpɔe le nɔnɔmetataa me ene la, nukawoe mawudɔlaawo ƒe viwo wɔ esi wotsi va zu ame dzɔtsuwo?

  6. Le Henox megbe la, ame nyui kae nɔ anyigba dzi, eye nukatae Mawu lɔ̃e?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 6:1-8.

    Nukae Mose I, 6:6 gblɔ tso alesi míaƒe agbenɔnɔ ate ŋu ana Yehowa nakpɔ dzidzɔ loo alo ase veve ŋu? (Ps. 78:40, 41; Lod. 27:11)

  2. Xlẽ Yuda 6.

    Aleke mawudɔla siwo “medzra woƒe amegãnyenye ɖo o” le Noa ƒe ŋkekea me la nye ŋkuɖodzinya na mí egbeae? (Kor. I, 3:5-9; Pet. II, 2:4, 9, 10)

Ŋutinya 9

Noa Kpa Aɖakaʋu Aɖe

  1. Ame nenie nɔ Noa ƒe ƒomea me, eye viaŋutsu etɔ̃awo ƒe ŋkɔwo ɖe?

  2. Nu mawɔkpɔ kae Mawu bia Noa be wòawɔ, eye nukatae?

  3. Aleke Noa ƒe aƒelikawo wɔ nui esime wògblɔ aɖakaʋua ŋu nya na wo?

  4. Nukae Mawu gblɔ na Noa be wòawɔ tso lãwo ŋu?

  5. Esi Mawu do aɖakaʋua ƒe ʋɔtrua vɔ la, nukae wòle be Noa kple eƒe ƒomea nawɔ?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 6:9-22.

    1. Nukae na Noa nye Mawu vavãa subɔla vevi aɖe? (Mose I, 6:9, 22)

    2. Aleke Yehowa sena le eɖokui me ɖe ŋutasesẽ ŋu, eye aleke wòle be míabu esia ŋui ne míele modzaka siwo míaɖe tiam? (Mose I, 6:11, 12; Ps. 11:5) (Gen. 6:11, 12; Ps. 11:5)

    3. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Noa ne míexɔ mɔfiame to Yehowa ƒe habɔbɔa dzi? (Mose I, 6:22; Yoh. I, 5:3)

  2. Xlẽ Mose I, 7:1-9.

    Esi Yehowa bu Noa be enye ame dzɔdzɔe togbɔ be mede blibo o hã ta la, nuka ƒe dzie ema de ƒo na mí egbea? (Mose I, 7:1; Lod. 10:16; Yes. 26:7)

Ŋutinya 10

Tsiɖɔɖɔ Gã La

  1. Nukatae ame aɖeke magate ŋu age ɖe aɖakaʋua me esi tsia te dzadza o?

  2. Ŋkeke kple zã nenie Yehowa na tsia dza, eye aleke gbegbee tsia ɖɔe?

  3. Nukae dzɔ ɖe aɖakaʋua dzi esi tsia te ɖɔɖɔ ɖe anyigba katã dzi?

  4. Ðe ame dzɔtsuawo tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa mea, eye nukae dzɔ ɖe ame dzɔtsuawo fofowo dzi?

  5. Nukae dzɔ ɖe aɖakaʋua dzi le ɣleti atɔ̃ megbe?

  6. Nukatae Noa ɖe asi le akpaviã aɖe ŋu ɖo ɖa?

  7. Aleke Noa wɔ nya be tsia mie keŋkeŋ vɔ le anyigba dzi?

  8. Nya kae Mawu gblɔ na Noa esime eya kple eƒe ƒomea nɔ aɖakaʋua me wu ƒe ɖeka megbe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 7:10-24.

    1. Aleke gbegbe wotsrɔ̃ nusianu ɖa le anyigba dzii? (Mose I, 7:23)

    2. Ŋkeke nenie Tsiɖɔɖɔa xɔ hafi mie vɔ? (Mose I, 7:24)

  2. Xlẽ Mose I, 8:1-17.

    Aleke Mose I, 8:17 ɖee fia be tame si Yehowa ɖo ɖe anyigba ŋu le gɔmedzedzea me metrɔ o? (Mose I, 1:22)

  3. Xlẽ Petro I, 3:19, 20.

    1. Esi mawudɔla dzeaglãawo trɔ yi dziƒo la, ʋɔnu kae wodrɔ̃ wo? (Yuda 6)

    2. Aleke Noa kple eƒe ƒomea ŋuti nuŋlɔɖia naa míegakana ɖe ŋutete si le Yehowa si be wòaɖe eƒe amewo dzi wu? (Pet. II, 2:9)

Ŋutinya 11

Anyieʋɔ Gbãtɔ La

  1. Abe alesi wòdze le nɔnɔmetataa me ene la, nu gbãtɔ kae Noa wɔ esime wòdo go tso aɖakaʋua me?

  2. Se kae Mawu de na Noa kple eƒe ƒomea le Tsiɖɔɖɔa megbe?

  3. Ŋugbe kae Mawu do?

  4. Ne míekpɔ anyieʋɔ la, nuka dzie wòle be wòaɖo ŋkui na mí?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 8:18-22.

    1. Aleke míate ŋu ado “ʋeʋẽ lilili” na Yehowa egbeae? (Mose I, 8:21; Heb. 13:15, 16)

    2. Nukae Yehowa de dzesii le amegbetɔ ƒe dzimesusu ŋu, eye nuka ŋue wòle be esia nana míanɔ ŋudzɔ ɖo? (Mose I, 8:21; Mat. 15:18, 19)

  2. Xlẽ Mose I, 9:9-17.

    1. Nubabla kae Yehowa wɔ kple nuwɔwɔ siwo katã le anyigba dzi? (Mose I, 9:10, 11)

    2. Ɣeyiɣi didi kae anyieʋɔ nubabla la anɔ anyi ase ɖo? (Mose I, 9:16)

Ŋutinya 12

Amegbetɔwo Tu Mɔ̃ Kɔkɔ Aɖe

  1. Amekae nye Nimrod, eye aleke Mawu bu eyamae?

  2. Le nɔnɔmetataa me la, nukatae ameawo nɔ kpe mem?

  3. Nukatae Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe xɔtutudɔa ŋu o?

  4. Aleke Mawu wɔ na ameawo dzudzɔ mɔ̃ la tutu?

  5. Aleke woyɔ du lae, eye ŋkɔ ma gɔme ɖe?

  6. Esi Mawu tɔtɔ ameawo ƒe gbegbɔgblɔwo vɔ megbe la, nukae dzɔ?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 10:1, 8-10.

    Nɔnɔme kawoe Nimrod ɖe fia, eye nuxlɔ̃ame kae esia nye na mí? (Lod. 3:31)

  2. Xlẽ Mose I, 11:1-9.

    Susu ka tae ameawo di be yewoatu mɔ̃a ɖo, eye nukatae dɔa medze edzi o? (Mose I, 11:4; Lod. 16:18; Yoh. 5:44)

Ŋutinya 13

AbrahamMawu Xɔlɔ̃

  1. Ameka ƒomeviwoe nɔ Ur-dua me?

  2. Amekae nye esia le nɔnɔmetataa me, ɣekaɣie wodzii, eye afikae wònɔ?

  3. Nukae Mawu gblɔ na Abraham be wòawɔ?

  4. Nukatae woyɔ Abraham be Mawu xɔlɔ̃?

  5. Amekawoe kplɔ Abraham ɖo esi wòdzo le Ur?

  6. Nya kae Mawu gblɔ na Abraham esi wòɖo Kanaan-nyigba dzi?

  7. Ŋugbe kae Mawu do na Abraham esi wòxɔ ƒe 99?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 11:27-32.

    1. Ƒomedodo kae nɔ Abraham kple Lot dome? (Mose I, 11:27)

    2. Togbɔ be wogblɔ be Tarax ʋu kple eƒe ƒomea ɖo ta Kanaan hã la, aleke míewɔ nya be Abraham koŋue do ʋuʋu ƒe nyaa ɖa, eye nukatae wòwɔ esia? (Mose I, 11:31; Dɔw. 7:2-4)

  2. Xlẽ Mose I, 12:1-7.

    Aleke Yehowa keke nu si wòbla kple Abraham la ɖe enu esi Abraham ɖo Kanaan-nyigba dzii? (Mose I, 12:7)

  3. Xlẽ Mose I, 17:1-8, 15-17.

    1. Alekee wotrɔ Abram ƒe ŋkɔe esime wòxɔ ƒe 99, eye nukatae? (Mose I, 17:5)

    2. Etsɔme yayra kawo ŋugbee Yehowa do na Sara? (Mose I, 17:15, 16)

  4. Xlẽ Mose I, 18:9-19.

    1. Le Mose I, 18:19 la, agba kawoe le vifofowo dzi? (Mose V, 6:6, 7; Ef. 6:4)

    2. Nukae dzɔ ɖe Sara dzi si ɖee fia be míate ŋu aɣla naneke ɖe Yehowa o? (Mose I, 18:12, 15; Ps. 44:22)

Ŋutinya 14

Mawu Do Abraham ƒe Xɔse Kpɔ

  1. Ŋugbe kae Mawu do na Abraham, eye aleke Mawu wɔ eƒe ŋugbedodoa dzii?

  2. Abe alesi wòdze le nɔnɔmetataa me ene la, aleke Mawu do Abraham ƒe xɔse kpɔe?

  3. Nukae Abraham wɔ, togbɔ be mese nusitae Mawu de sea nɛ gɔme o hã?

  4. Nukae dzɔ esime Abraham tsɔ hɛ be yeawu viaŋutsu lae?

  5. Aleke gbegbe Abraham ƒe Mawu dzixɔse sẽŋui?

  6. Nukae Mawu na Abraham be wòatsɔ asa vɔe, eye aleke wòwɔe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 21:1-7.

    Nukatae Abraham tso aʋa na via le ŋkeke enyiagbe? (Mose I, 17:10-12; 21:4)

  2. Xlẽ Mose I, 22:1-18.

    Aleke Isak bɔbɔ na fofoa Abraham, eye aleke esia nye nudzɔdzɔ aɖe si ŋu gɔmesese gã aɖe le si ava dzɔ la ƒe kpɔɖeŋui? (Mose I, 22:7-9; Kor. I, 5:7; Fil. 2:8, 9)

Ŋutinya 15

Lot Srɔ̃ Kpɔ Megbe

  1. Nukatae Abraham kple Lot dome klã?

  2. Nukatae Lot tiae be yeanɔ Sodom ɖo?

  3. Aleke amesiwo nɔ Sodom la nɔ?

  4. Nuxlɔ̃ame kae mawudɔla eve na Lot?

  5. Nukatae Lot srɔ̃ trɔ zu dzekɔ?

  6. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusi dzɔ ɖe Lot srɔ̃ dzi me?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 13:5-13.

    Le ame nɔewo dome kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ gome la, nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Abraham gbɔ? (Mose I, 13:8, 9; Rom. 12:10; Fil. 2:3, 4)

  2. Xlẽ Mose I, 18:20-33.

    Aleke alesi Yehowa wɔ nu kple Abraham na míeka ɖe edzi be Yehowa kple Yesu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe? (Mose I, 18:25, 26; Mat. 25:31-33)

  3. Xlẽ Mose I, 19:1-29.

    1. Nukae Biblia me nuŋlɔɖi sia ɖe fia le alesi Mawu bua ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ ŋuti? (Mose I, 19:5, 13; Mose III, 20:13)

    2. Vovototo kae míekpɔ le alesi Lot kple Abraham wɔ nu ɖe Mawu ƒe mɔfiafia nu me, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me? (Mose I, 19:15, 16, 19, 20; 22:3)

  4. Xlẽ Luka 17:28-32.

    Dzi ƒe nɔnɔme kae nɔ Lot srɔ̃ si ku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu, eye aleke esia nye nuxlɔ̃ame na míi? (Luka 12:15; 17:31, 32; Mat. 6:19-21, 25)

  5. Xlẽ Petro II, 2:6-8.

    Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si ɖe xexe mavɔ̃mawu sia si me míele la ŋu ne míedi be míasrɔ̃ Lot? (Xez. 9:4; Yoh. I, 2:15-17)

Ŋutinya 16

Isak Ðe Nyɔnu Nyui Aɖe

  1. Amekawoe nye ŋutsu kple nyɔnu sia le nɔnɔmetataa me?

  2. Nukae Abraham wɔ be yeaɖe nyɔnu na ye vi, eye nukatae?

  3. Aleke woɖo Abraham ƒe dɔlaa ƒe gbedodoɖaa ŋui?

  4. Esi wobia Rebeka be elɔ̃ be yeaɖe Isak hã la, aleke wòɖo eŋui?

  5. Nukae na Isak gakpɔ dzidzɔ?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 24:1-67.

    1. Nɔnɔme nyui kawoe Rebeka ɖe fia esime wòdo go Abraham ƒe dɔlaa le vudoa to? (Mose I, 24:17-20; Lod. 31:17, 31)

    2. Kpɔɖeŋu nyui kae ɖoɖo si Abraham wɔ ɖe Isak ŋu fia Kristotɔwo egbea? (Mose I, 24:37, 38; Kor. I, 7:39; Kor. II, 6:14)

    3. Nukatae wòle be míadi ɣeyiɣi ade ŋugble, abe alesi Isak wɔe ene? (Mose I, 24:63; Ps. 77:13; Fil. 4:8)

Ŋutinya 17

Venɔvi Siwo To Vovo

  1. Amekawoe Esau kple Yakob nye, eye nukatae woto vovo?

  2. Ƒe nenie Esau kple Yakob xɔ esime wo tɔgbui Abraham ku?

  3. Nukae Esau wɔ si zu nuxaxa gã aɖe na dada kple fofoa?

  4. Nukatae Esau do dziku ɖe nɔvia Yakob ŋu vevie?

  5. Nya kae Isak gblɔ na via Yakob?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 25:5-11, 20-34.

    1. Nya kae Yehowa gblɔ ɖi le Rebeka ƒe viŋutsu eveawo ŋu? (Mose I, 25:23)

    2. Vovototo kae nɔ alesi Yakob bu ŋgɔgbevinyenye kple alesi Esau bui dome? (Mose I, 25:31-34)

  2. Xlẽ Mose I, 26:34, 35; 27:1-46; kple 28:1-5.

    1. Aleke Esau ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe mawusubɔsubɔnyawo ŋu dze ƒãe? (Mose I, 26:34, 35; 27:46)

    2. Nukae Isak gblɔ na Yakob be wòawɔ ale be Mawu nayrae? (Mose I, 28:1-4)

  3. Xlẽ Hebritɔwo 12:16, 17.

    Nukae Esau ƒe kpɔɖeŋua ɖe fia le nusi dzɔna ɖe amesiwo ɖia gbɔ nu kɔkɔewo dzi ŋu?

Ŋutinya 18

Yakob Dzo Yi Xaran

  1. Amekae nye ɖetugbi ma le nɔnɔmetataa me, eye nukae Yakob wɔ nɛ?

  2. Dɔ kae Yakob lɔ̃ faa be yeawɔ ale be yeaɖe Raxel?

  3. Nukae Laban wɔ esi ɣeyiɣia de be Yakob naɖe Raxel?

  4. Nukae Yakob lɔ̃ be yeawɔ ale be yeaɖe Raxel?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 29:1-30.

    1. Togbɔ be Laban ble Yakob hã la, aleke Yakob ɖee fiae be yenye ame nyui, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusia me? (Mose I, 25:27; 29:26-28; Mat. 5:37)

    2. Aleke Yakob ƒe kpɔɖeŋua ɖe vovototo si le lɔlɔ̃ kple fiẽŋufiẽŋu dome fiae? (Mose I, 29:18, 20, 30; Hawo 8:6)

    3. Nyɔnu ene kawoe Yakob va ɖe emegbe eye wodzi ŋutsuviwo nɛ? (Mose I, 29:23, 24, 28, 29)

Ŋutinya 19

Ƒome Gã aɖe Le Yakob Si

  1. Ŋutsuvi ade siwo Yakob srɔ̃ gbãtɔ, Lea, dzi nɛ ƒe ŋkɔwo ɖe?

  2. Ŋutsuvi eve kawoe Lea ƒe kosi Silpa dzi na Yakob?

  3. Ŋutsuvi eve siwo Raxel ƒe kosi Bilha dzi na Yakob ƒe ŋkɔwo ɖe?

  4. Ŋutsuvi eve kawoe Raxel dzi, gake nukae dzɔ esi wòdzi evelia?

  5. Abe alesi wòdze le nɔnɔmetataa me ene la, vi nenie le Yakob si, eye nukae va dzɔ tso wo me?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 29:32-35; 30:1-26; kple 35:16-19.

    Abe alesi wòdze le Yakob viŋutsu 12-awo gome ene la, aleke wotsɔa ŋkɔ na Hebri ŋutsuviwo le blema zi geɖe?

  2. Xlẽ Mose I, 37:35.

    Togbɔ be Dina ƒe ŋkɔ koe woyɔ le Biblia me hã la, aleke míewɔ nya be nyɔnuvi bubuwo le Yakob si? (Mose I, 37:34, 35)

Ŋutinya 20

Dina Ge Ðe Xaxa Me

  1. Nukatae Abraham kple Isak medi be yewo viwo naɖe srɔ̃ le Kanaantɔwo dome o?

  2. Ðe wònyo Yakob ŋu be vianyɔnua nɔ xɔlɔ̃ wɔm kple Kanaantɔwo ƒe nyɔnuviwoa?

  3. Ŋutsu kae ma le Dina kpɔm tututu le nɔnɔmetataa me, eye nu gbegblẽ kae wòwɔ?

  4. Nukae Dina nɔviŋutsu siwo nye Simeon kple Lewi wɔ esi wose nusi dzɔ la?

  5. Ðe Yakob kpɔ dzidzɔ ɖe nusi Simeon kple Lewi wɔ la ŋua?

  6. Aleke wɔ afɔku sia katã va ɖo ƒomea me?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 34:1-31.

    1. Zi gbãtɔe nye ema Dina de ha kple Kanaan-nyɔnuviwoa? Ðe eme. (Mose I, 34:1)

    2. Nukatae wònye Dina ŋutɔe wɔe be wogblẽe? (Gal. 6:7)

    3. Aleke sɔhɛ siwo li egbea ate ŋu aɖee afiae be yewotsɔ nusi dzɔ ɖe Dina dzi la abe nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu ene? (Lod. 13:20; Kor. I, 15:33; Yoh. I, 5:19)

Ŋutinya 21

Yosef Nɔviŋutsuwo Lé Fui

  1. Nukatae Yosef nɔviŋutsuwo ʋã ŋui, eye nukae wowɔ?

  2. Nukae Yosef nɔviŋutsuwo di be yewoawɔe, gake nya kae Ruben gblɔ?

  3. Nukae dzɔ esi Ismaeltɔ asitsalawo va yina?

  4. Nukae Yosef nɔviŋutsuwo wɔ be woana wo fofo nasusui be Yosef ku?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 37:1-35.

    1. Nukae na Yosef nɔviŋutsuwo wɔ alakpanu ɖe eŋu? (Mose I, 37:11, 18; Lod. 27:4; Yak. 3:14-16)

    2. Nukae na Yosef nɔviŋutsuwo wɔ alakpanu ɖe eŋu? (Mose I, 37:11, 18; Lod. 27:4; Yak. 3:14-16)

    3. Nukae Yakob wɔ si sɔ kple alesi ko amesiame xaa nui? (Mose I, 37:35)

Ŋutinya 22

Wode Yosef Gaxɔ Me

  1. Ƒe nenie Yosef xɔ esime wokplɔe yi Egipte, eye nukae dzɔ esi wòɖo afima?

  2. Nukae na wova de Yosef gaxɔ me?

  3. Dɔ kae wode asi na Yosef le gaxɔa me?

  4. Nukae Yosef wɔ na Farao ƒe ahakula kple eƒe aboloƒola le gaxɔa me?

  5. Nukae dzɔ esi woɖe ahakulaa le gaxɔa me megbe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 39:1-23.

    Esi wònye Mawu mena woŋlɔ se aɖeke ɖi si tsi tre ɖe ahasiwɔwɔ ŋu le Yosef ƒe ɣeyiɣia me o ɖe, nukae na wòsi dzo le Potifar srɔ̃ gbɔ? (Mose I, 2:24; 20:3; 39:9)

  2. Xlẽ Mose I, 40:1-23.

    1. Gblɔ drɔ̃e si ahakula la ku kple alesi Yehowa na Yosef ɖe egɔme la kpuie. (Mose I, 40:9-13)

    2. Drɔ̃e kae aboloƒola ku, eye egɔme ɖe? (Mose I, 40:16-19)

    3. Aleke dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela si li egbea srɔ̃a Yosef ƒe nɔnɔmee? (Mose I, 40:8; Ps. 36:10; Yoh. 17:17; Dɔw. 17:2, 3)

    4. Aleke Mose I, 40:20 na míese alesi Kristotɔwo bua dzigbezãwo ɖuɖu gɔmee? (Nyagb. 7:1; Mar. 6:21-28)

Ŋutinya 23

Farao ƒe Drɔ̃ewo

  1. Nukae dzɔ ɖe Farao dzi le gbeɖeka ƒe zã me?

  2. Aleke ahakulaa va ɖo ŋku Yosef dzi mlɔeba?

  3. Abe alesi wòdze le nɔnɔmetataa me ene la, drɔ̃e eve kawoe Farao ku?

  4. Aleke Yosef ɖe drɔ̃eawo gɔmee?

  5. Aleke Yosef wɔ va zu ame vevitɔ kekeake si kplɔ Farao ɖo le Egipte?

  6. Nukatae Yosef nɔviŋutsuwo va Egipte ɖo, eye nukatae womedze sii o?

  7. Drɔ̃e ka dzie Yosef ɖo ŋkui, eye nuka gɔmee esia kpe ɖe eŋu wòse?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 41:1-57.

    1. Aleke Yosef he susu yi Yehowa dzie, eye mɔ ka nue Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua le? (Mose I, 41:16, 25, 28; Mat. 5:16; Pet. I, 2:12)

    2. Aleke ƒe siwo me dɔ to kplɔ ƒe siwo me nuɖuɖu bɔ ɖo le Egipte la sɔ pɛpɛpɛ kple vovototo si le gbɔgbɔmenɔnɔme si me Yehowa ƒe amewo le kple esi me Kristodukɔa le la dome? (Mose I, 41:29, 30; Amos 8:11, 12)

  2. Xlẽ Mose I, 42:1-8 kple 50:20.

    Ðe wònye nu gbegblẽ be Yehowa subɔlawo nabɔbɔ ta na ame aɖe wòanye le bubudede ɖoƒe si wòle ŋu ne nenemae wowɔnɛ le wo dea? (Mose I, 42:6)

Ŋutinya 24

Yosef Do Nɔviawo Kpɔ

  1. Nukatae Yosef tso nɔviaŋutsuwo nu be ŋkutsalawoe wonye?

  2. Nukatae Yakob ɖe mɔ via suetɔ, Benyamin, yi Egipte ɖo?

  3. Aleke Yosef ƒe klosalokplua wɔ ge ɖe Benyamin ƒe kotokua me?

  4. Nukae Yuda lɔ̃ be yeawɔ bene woaɖe asi le Benyamin ŋu?

  5. Aleke Yosef nɔviwo trɔe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 42:9-38.

    Aleke Yosef ƒe nya siwo dze le Mose I, 42:18 la nye ŋkuɖodzinya nyui aɖe na amesiwo dzi agbanɔamedziwo le le Yehowa ƒe habɔbɔa me egbea? (Nex. 5:15; Kor. II, 7:1, 2)

  2. Xlẽ Mose I, 43:1-34.

    1. Togbɔ be Ruben ye nye ŋgɔgbevia hã la, aleke wòdze ƒã be Yudae va xɔ ŋgɔ ƒo nu ɖe nɔviawo nu? (Mose I, 43:3, 8, 9; 44:14, 18; Kron. I, 5:2)

    2. Aleke Yosef do nɔviawo kpɔ nyuie, eye nukatae? (Mose I, 43:33, 34)

  3. Xlẽ Mose I, 44:1-34.

    1. Be Yosef nagana nɔviawo nadze sii o la, amekae wògblɔ be yenye? (Mose I, 44:5, 15; Mose III, 19:26)

    2. Aleke Yosef nɔviwo ɖee fia be ŋuʋaʋã ƒe gbɔgbɔ megale yewo me abe alesi wònɔ tsã ene o? (Mose I, 44:13, 33, 34)

Ŋutinya 25

Ƒome la Ʋu Yi Egipte

  1. Nukae dzɔ esi Yosef gblɔ amesi wònye la na nɔviawo?

  2. Nya kae Yosef gblɔ na nɔviawo dɔmenyotɔe?

  3. Nya kae Farao gblɔ esi wòse be Yosef nɔviwo va?

  4. Ame nenie nɔ Yakob ƒe ƒomea me esime woʋu yi Egipte?

  5. Aleke wova yɔ Yakob ƒe ƒomeae, eye nukatae?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose I, 45:1-28.

    Aleke nusi Biblia gblɔ tso Yosef ŋu ɖee fia be Yehowa ate ŋu atrɔ tame vɔ̃ si woɖo ɖe esubɔlawo ŋu wòahe nu nyui boŋ vɛ? (Mose I, 45:5-8; Yes. 8:10; Fil. 1:12-14)

  2. Xlẽ Mose I, 46:1-27.

    Kakaɖedzi kae Yehowa na Yakob esime wòyina Egipte? (Mose I, 46:1-4)

Ŋutinya 26

Hiob Wɔ Nuteƒe na Mawu

  1. Amekae nye Hiob?

  2. Nukae Satana dze agbagba be yeawɔ, gake ɖe wòte ŋu wɔea?

  3. Nukae Yehowa ɖe mɔ na Satana be wòawɔ, eye nukatae?

  4. Nukatae Hiob srɔ̃ gblɔ nɛ be ‘wòaƒo fi de Mawu ahaku’ ɖo? (Kpɔ nɔnɔmetataa.)

  5. Abe alesi nàkpɔe le nɔnɔmetata evelia me ene la, aleke Yehowa yra Hiob, eye nukatae?

  6. Ne míewɔ nuteƒe na Yehowa abe Hiob ene la, yayra kawoe míaxɔ?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Hiob 1:1-22.

    Aleke Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ Hiob? (Hiob 1:1; Fil. 2:15; Pet. II, 3:14)

  2. Xlẽ Hiob 2:1-13.

    Mɔ eve siwo to vovo na wo nɔewo kawo nue Hiob kple srɔ̃a wɔ nu ɖe Satana ƒe yometitia nu le? (Hiob 2:9, 10; Lod. 19:3; Mixa 7:7; Mal. 3:14)

  3. Xlẽ Hiob 42:10-17.

    1. Aleke yayra si Hiob xɔ kple esi Yesu xɔ le eƒe nuteƒewɔwɔ ta la ɖi wo nɔewoe? (Hiob 42:12; Fil. 2:9-11)

    2. Aleke yayra siwo Hiob xɔ le eƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ta dea dzi ƒo na míi? (Hiob 42:10, 12; Heb. 6:10; Yak. 1:2-4, 12; 5:11)

Ŋutinya 27

Fia Vɔ̃ɖi aɖe Ðu Egipte Dzi

  1. Le nɔnɔmetataa me la, amekae lé atam la ɖe asi, eye ameka ƒomee wòle?

  2. Esi Yosef ku megbe la, nukae va dzɔ ɖe Israel-viwo dzi?

  3. Nukatae Egiptetɔwo va te vɔvɔ̃ na Israel-viwo?

  4. Se kae Farao de na nyɔnu siwo kpena ɖe vidada siwo nye Israeltɔwo ŋu le wo viwo dzidzi me?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose II, 1:6-22.

    1. Aleke Yehowa dze ŋugbe si wòdo na Abraham la dzi wɔwɔ gɔmee? (Mose II, 1:7; Mose I, 12:2; Dɔw. 7:17)

    2. Aleke Hebritɔ vixelawo de bubu agbe ŋui? (Mose II, 1:17; Mose I, 9:6)

    3. Aleke woɖo eteƒe na vixelaawo le woƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa tae? (Mose II, 1:20, 21; Lod. 19:17)

    4. Aleke Satana te kpɔ be yeagblẽ tame si Yehowa ɖo le Abraham ƒe Dzidzimevi si ŋugbe wòdo ŋu la mee? (Mose II, 1:22; Mat. 2:16)

Ŋutinya 28

Alesi Woɖe Mose Vidzĩe Lae

  1. Vidzĩ kae nye ema le nɔnɔmetataa me, eye ameka ƒe asibidee wòlé?

  2. Nukae Mose dada wɔ ale be woagawu via o?

  3. Nyɔnuvi sue kae nye ema le nɔnɔmetataa me, eye nukae wòwɔ?

  4. Esi Farao vinyɔnua fɔ vidzĩa la, susu kae Miryam do ɖa?

  5. Nya kae fiavinyɔnua gblɔ na Mose dada?

Nyabiabia Bubu:

  1. Xlẽ Mose II, 2:1-10.

    Mɔnukpɔkpɔ kawoe su Mose dada si be wòahe Mose ahafia nui tso vidzĩme, eye kpɔɖeŋu kae ema nye na dzilawo egbea? (Mose II, 2:9, 10; Mose V, 6:6-9; Lod. 22:6; Ef. 6:4; Tim. II, 3:15)

Ŋutinya 29

Nusitae Mose Si Dzo

  1. Afikae Mose tsi le, gake nukae wònya tso edzilawo ŋu?

  2. Nukae Mose wɔ esi wòtsi xɔ ƒe 40?

  3. Nya kae Mose gblɔ na Israel-vi aɖe si nɔ dzre wɔm kple nɔvia, eye aleke ŋutsua ɖo eŋu nɛ?

  4. Nukatae Mose si dzo le Egipte?

  5. Afikae Mose si yi, eye amekae wòkpɔ le afima?

  6. Nukae Mose wɔ le ƒe 40 siwo kplɔ eƒe sisi dzo le Egipte ɖo me?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose II, 2:11-25.

    Togbɔ be wofia Egiptetɔwo ƒe nunya Mose ƒe geɖe hã la, aleke Mose ɖee fia be yeku ɖe Yehowa kple eƒe amewo ŋui? (Mose II, 2:11, 12; Heb. 11:24)

  2. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 7:22-29.

    Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Mose dze agbagba be ye ŋutɔ yeaɖe Israel tso Egiptetɔwo ƒe kluvinyenye me la me? (Dɔw. 7:23-25; Pet. I, 5:6, 10)

Ŋutinya 30

Ave Bidzo La

  1. To si le nɔnɔmetataa me ŋkɔ ɖe?

  2. Gblɔ nu madzɔkpɔ si Mose kpɔ esi wòkplɔ eƒe alẽwo yi toa dzi la míase.

  3. Nya kae gbeɖiɖi aɖe si tso ave bidzo la me gblɔ, eye ameka ƒe gbee?

  4. Esi Mawu gblɔ na Mose be akplɔ yeƒe amewo adzoe le Egipte la, aleke wòɖo eŋui?

  5. Nya kae Mawu gblɔ na Mose be wòagblɔ ne ameawo biae be amekae dɔe hã?

  6. Aleke Mose ate ŋu aɖo kpe edzii be Mawue dɔ ye?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose II, 3:1-22.

    Aleke Mose ƒe nuteƒekpɔkpɔa na míekana ɖe edzi be ne ewɔ na mí abe míate ŋu awɔ teokrasidɔ aɖe si wode mía si o ene hã, Yehowa anɔ megbe na mí? (Mose II, 3:11, 13; Kor. II, 3:5, 6)

  2. Xlẽ Mose II, 4:1-20.

    1. Aleke Mose ƒe nɔnɔme trɔe le ƒe 40 siwo wònɔ Midian me, eye nukae amesiwo le didim be hamea me mɔnukpɔkpɔwo nasu yewo si la ate ŋu asrɔ̃ tso eme? (Mose II, 2:11, 12; 4:10, 13; Mixa 6:8; Tim. I, 3:1, 6, 10)

    2. Ne Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi he to na mí kura gɔ̃ hã la, kakaɖedzi kae Mose ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu ana mí? (Mose II, 4:12-14; Ps. 103:14; Heb. 12:4-11)

Ŋutinya 31

Mose Kple Aron Yi Farao Gbɔ

  1. Nukae nukunu siwo Mose kple Aron wɔ la na Israel-viwo wɔ?

  2. Nya kae Mose kple Aron gblɔ na Farao, eye aleke Farao ɖo eŋui?

  3. Abe alesi wòdze le nɔnɔmetataa me ene la, nukae dzɔ esi Aron ɖe asi le eƒe ati la ŋu ɖe anyigba?

  4. Aleke Yehowa fia nu Farao, eye aleke Farao wɔ nu ɖe enui?

  5. Nukae dzɔ le fukpekpe ewolia megbe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose II, 4:27-31 kple 5:1-23.

    Nya si Farao gblɔ be “Nyemenya Yehowa la o” gɔme ɖe? (Mose II, 5:2; Sam. I, 2:12; Rom. 1:21)

  2. Xlẽ Mose II, 6:1-13, 26-30.

    1. Gɔmesese ka nue Yehowa mena Abraham, Isak, kple Yakob nya eyama o le? (Mose II, 3:13, 14; 6:3; Mose I, 12:8)

    2. Togbɔ be Mose susui be yemedze awɔ dɔ si wode asi na ye o hã la, Yehowa gakpɔtɔ zãe kokoko, eyata aleke wòle be esia nana míase le mía ɖokui me? (Mose II, 6:12, 30; Luka 21:13-15)

  3. Xlẽ Mose II, 7:1-13.

    1. Esi Mose kple Aron gblɔ Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo na Farao dzinɔameƒotɔe la, kpɔɖeŋu kae woɖo ɖi na Mawu subɔla siwo li egbea? (Mose II, 7:2, 3, 6; Dɔw. 4:29-31)

    2. Aleke Yehowa ɖee fia be yekpɔ ŋusẽ wu Egiptetɔwo ƒe mawuwo? (Mose II, 7:12; Kron. I, 29:12)

Ŋutinya 32

Fukpekpe Ewo La

  1. Zã nɔnɔmetata siwo le afisia nàtsɔ aƒo nu tso fukpekpe etɔ̃ gbãtɔ siwo Yehowa he va Egiptetɔwo dzi ŋu.

  2. Vovototo kae le fukpekpe etɔ̃ gbãtɔawo kple fukpekpe mamlɛawo dome?

  3. Fukpekpe enelia, atɔ̃lia, kple adelia woe nye kawo?

  4. Ƒo nu tso fukpekpe adre, enyi, kple asieke liawo ŋu míase.

  5. Nukae Yehowa gblɔ na Israel-viwo be woawɔ hafi ne fukpekpe ewolia nava?

  6. Fukpekpe ewolia enye ka, eye nukae dzɔ le emegbe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose II, 7:19–8:23.

    1. Togbɔ be Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo hã te ŋu wɔ fukpekpe eve gbãtɔ siwo tso Yehowa gbɔ ƒe ɖe hã la, nuka dzie wozi wo dzi wolɔ̃ ɖo le fukpekpe etɔ̃lia megbe? (Mose II, 8:18, 19; Mat. 12:24-28)

    2. Aleke fukpekpe enelia ɖee fia be ŋutete le Yehowa si be wòakpɔ eƒe amewo ta, eye aleke esia nyanya naa Mawu ƒe amewo sena le wo ɖokui me esi wodze ŋgɔ “xaxa gã” si ŋu nya wogblɔ ɖi la? (Mose II, 8:22, 23; Nyaɖ. 7:13, 14; Kron. II, 16:9)

  2. Xlẽ Mose II, 8:24; 9:3, 6, 10, 11, 14, 16, 23-25; kple 10:13-15, 21-23.

    1. Ƒuƒoƒo eve kawoe fukpekpe Ewoawo na wova dze ƒã, eye aleke esia kpɔa ŋusẽ ɖe alesi míebua ƒuƒoƒo mawo egbeae dzi? (Mose II, 8:10, 18, 19; 9:14)

    2. Aleke Mose II, 9:16 kpe ɖe mía ŋu míese nusita Yehowa ɖe mɔ Satana li vaseɖe fifia gɔme? (Rom. 9:21, 22)

  3. Xlẽ Mose II, 12:21-32.

    Aleke Ŋutitotoŋkekenyuia na ame geɖe kpɔ ɖeɖee, eye nuka ƒe kpɔɖeŋue Ŋutitotoŋkekenyuia nye? (Mose II, 12:21-23; Yoh. 1:29; Rom. 5:18, 19, 21; Kor. I, 5:7)

Ŋutinya 33

Ƒudzĩ la Tsotso

  1. Israel-ŋutsu nenie dzo le Egipte, tsɔ kpe ɖe nyɔnuwo kple ɖeviwo ŋuti, eye amekawoe kplɔ wo ɖo dzo?

  2. Aleke Farao se le eɖokui me esi Israel-viwo dzo megbe, eye nukae wòwɔ?

  3. Nukae Yehowa wɔ be Egiptetɔwo nagate ŋu adze eƒe amewo dzi o?

  4. Nukae dzɔ esi Mose do eƒe ati la ɖe Ƒudzĩ la dzi, eye nukae Israel-viawo wɔ?

  5. Nukae dzɔ esi Egiptetɔwo lũ ɖe ƒua me heti Israel-viwo yome?

  6. Aleke Israel-viwo ɖee fiae be yewokpɔ dzidzɔ heda akpe na Yehowa be wòɖe yewo?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose II, 12:33-36.

    Aleke Yehowa kpɔ egbɔ be wogbugbɔ ƒe gbogbo siwo eƒe amewo nye kluvi na Egiptetɔwo la teƒe ɖo na woe? (Mose II, 3:21, 22; 12:35, 36)

  2. Xlẽ Mose II, 14:1-31.

    Aleke Mose ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Mose II, 14:13, 14 la ku ɖe Yehowa subɔla siwo li egbea ŋu esi wodze ŋgɔ Harmagedon-ʋa la? (Kron. II, 20:17; Ps. 91:8)

  3. Xlẽ Mose II, 15:1-8, 20, 21.

    1. Nukatae wòle be Yehowa subɔlawo nadzi kafukafuhawo nɛ? (Mose II, 15:1, 2; Ps. 105:2, 3; Nyaɖ. 15:3, 4)

    2. Yehowa kafukafu ƒe kpɔɖeŋu kae Miryam kple nyɔnu siwo nɔ Ƒudzĩa to ɖo na nyɔnu Kristotɔwo egbea? (Mose II, 15:20, 21; Ps. 68:12)

Ŋutinya 34

Nuɖuɖu Yeye Ƒomevi Aɖe

  1. Nukae nye ema fɔm ameawo le le anyigba le nɔnɔmetataa me, eye aleke woyɔe?

  2. Nya kae Mose gblɔ na ameawo le mana la fɔfɔ ŋu?

  3. Nukae Yehowa gblɔ na ameawo be woawɔ le ŋkeke adelia dzi, eye nukatae?

  4. Nukunu kae Yehowa wɔna ne wodzra mana la ɖo seɖe ŋkeke adrelia dzi?

  5. Ɣeyiɣi didi kae Yehowa tsɔ mana nyi ameawoe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose II, 16:1-36 kple Mose IV, 11:7-9.

    1. Nukae Mose II, 16:8 ɖe fia le alesi wòhiã be míade bubu amesiwo woɖo le teokrasimɔnu le Kristotɔwo ƒe hamea me ŋu? (Heb. 13:17)

    2. Le gbeadzi la, aleke woɖo ŋku edzi na Israel-viwo gbesiagbe be Yehowae na wole agbe? (Mose II, 16:14-16, 35; Mose V, 8:2, 3)

    3. Kpɔɖeŋugɔmesese kae Yesu gblɔ be ele mana la ŋu, eye aleke “abolo si tso dziƒo” sia ɖea vi na míi? (Yoh. 6:31-35, 40)

  2. Xlẽ Yosua 5:10-12.

    Ƒe nenie Israel-viwo ɖu mana, aleke esia do wo kpɔe, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nuŋlɔɖi sia me? (Mose II, 16:35; Mose IV, 11:4-6; Kor. I, 10:10, 11)

Ŋutinya 35

Yehowa Na Eƒe Sewo

  1. Esi Israel-viwo dzo le Egipte abe ɣleti eve ene megbe la, afikae woƒu asaɖa anyi ɖo?

  2. Nukae Yehowa gblɔ be yedi be ameawo nawɔ, eye aleke woɖo eŋui?

  3. Nukatae Yehowa tsɔ kpe gbadza eve na Mose?

  4. Tsɔ kpe ɖe Se Ewoawo ŋu la, se bubu kawoe Yehowa na Israel-viwo?

  5. Se eve kawoe Yesu Kristo gblɔ be woawoe nye gãtɔwo wu?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose II, 19:1-25; 20:1-21; 24:12-18; kple 31:18.

    Aleke nya siwo woŋlɔ ɖe Mose II, 19:8 kpe ɖe mía ŋu míese nusi Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe bia gɔme? (Mat. 16:24; Pet. I, 4:1-3)

  2. Xlẽ Mose V, 6:4-6; Mose III, 19:18; kple Mateo 22:36-40.

    Aleke Kristotɔwo ɖea woƒe lɔlɔ̃ na Mawu kple wo haviwo fianae? (Mar. 6:34; Dɔw. 4:20; Rom. 15:2)

Ŋutinya 36

Sikanyivi La

  1. Nuka wɔmee ameawo le le nɔnɔmetata la me, eye nukatae?

  2. Nukatae Yehowa do dziku, eye nukae Mose wɔ esi wòkpɔ nusi wɔm ameawo nɔ?

  3. Nukae Mose gblɔ na ŋutsu aɖewo be woawɔ?

  4. Nukae wòle be ŋutinya sia nafia mí?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose II, 32:1-35.

    1. Aleke nuŋlɔɖi sia ɖe alesi Yehowa wɔa nui ɖe alakpasubɔsubɔ tsɔtsɔ tsaka tadedeagu vavãtɔa ŋui fia? (Mose II, 32:4-6, 10; Kor. I, 10:7, 11)

    2. Aleke wòle be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ ne wole dzidzɔdodonameɖokui nuwo, abe hadzidzi kple ɣeɖuɖu ene, tiam? (Mose II, 32:18, 19; Ef. 5:15, 16; Yoh. I, 2:15-17)

    3. Kpɔɖeŋu nyui kae Lewi-toa ɖo ɖi na mí le dzɔdzɔenyenye dzidede me? (Mose II, 32:25-28; Ps. 18:26)

Ŋutinya 37

Avɔgbadɔ Hena Tadedeagu

  1. Aleke woyɔa xɔ si le nɔnɔmetataa mee, eye nukae wozãnɛ tsɔ wɔna?

  2. Nukatae Yehowa gblɔ na Mose be wòatu agbadɔa le mɔ aɖe nu be woate ŋu akakɛ bɔbɔe?

  3. Aɖaka kae nye ema le xɔvi si le agbadɔa ƒe mlɔenu la me, eye nukae le aɖaka sia me?

  4. Amekae Yehowa tia be wòanye nunɔlagã, eye nukae nunɔlagã la wɔna?

  5. Yɔ nu etɔ̃ siwo le agbadɔa ƒe xɔ gãtɔ me.

  6. Nu eve kawoe le takpexɔa ƒe xɔxɔnu, eye nukae wozãna wo tsɔ wɔnae?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose II, 25:8-40; 26:1-37; 27:1-8; kple 28:1.

    Nukae kerubi siwo le “nubablaɖaka” la dzi tsi tre ɖi na? (Mose II, 25:20, 22; Mose IV, 7:89; Fia. II, 19:15)

  2. Xlẽ Mose II, 30:1-10, 17-21; 34:1, 2; kple Hebritɔwo 9:1-5.

    1. Nukatae Yehowa te gbe ɖe edzi na nunɔla siwo subɔna le avɔgbadɔa me be ele vevie be woanɔ dzadzɛ le ŋutilã me, eye aleke wòle be esia nana míawɔ nui egbea? (Mose II, 30:18-21; 40:30, 31; Heb. 10:22)

    2. Aleke apostolo Paulo ɖee fia be viɖe aɖeke meganɔ avɔgbadɔa kple Se ƒe nubabla la ŋu o le ɣeyiɣi si me wòŋlɔ eƒe agbalẽ na Hebri Kristotɔwo? (Heb. 9:1, 9; 10:1)

Ŋutinya 38

Ŋkutsala 12 La

  1. Nukae nède dzesi le weinkpo si le nɔnɔmetataa me ŋu, eye afikae wokpɔe tso?

  2. Nukatae Mose dɔ ŋkutsala 12 ɖo ɖe Kanaan-nyigba dzi ɖo?

  3. Nya kae ŋkutsala ewo gblɔ esi wonɔ nusiwo wokpɔ le afima la ta kam na Mose?

  4. Aleke ŋkutsala eve ɖee fia be yewoɖo ŋu ɖe Yehowa ŋui, eye woƒe ŋkɔwo ɖe?

  5. Nukatae Yehowa do dziku, eye nya kae wògblɔ na Mose?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose IV, 13:1-33.

    1. Amekawoe wotia be woaɖatsa ŋku le anyigba la dzi, eye mɔnukpɔkpɔ gã kae su wo si? (Mose IV, 13:2, 3, 18-20)

    2. Nukatae Yosua kple Kaleb ƒe nukpɔsusu to vovo na ŋkutsala bubuawo tɔ, eye nukae esia fia mí? (Mose IV, 13:28-30; Mat. 17:20; Kor. II, 5:7)

  2. Xlẽ Mose IV, 14:1-38.

    1. Nuxlɔ̃ame si ku ɖe liʋiliʋilili le amesiwo le Yehowa teƒe le anyigba dzi ŋu ka dzie wòle be míawɔ ɖo? (Mose IV, 14:2, 3, 27; Mat. 25:40, 45; Kor. I, 10:10)

    2. Aleke Mose IV, 14:24 ɖee fia be Yehowa tsɔa ɖe le esubɔlawo dometɔ ɖesiaɖe me? (Fia. I, 19:18; Lod. 15:3)

Ŋutinya 39

Aron ƒe Atikplɔ Ƒo Se

  1. Amekawoe dze aglã ɖe Mose kple Aron ƒe ŋusẽ ŋu, eye nya kae wogblɔ na Mose?

  2. Nukae Mose gblɔ na Korax kple eyomedzela 250 la be woawɔ?

  3. Nya kae Mose gblɔ na ameawo, eye nukae dzɔ esi wòƒo nu vɔ teti?

  4. Nukae dzɔ ɖe Korax kple eyomedzela 250 la dzi?

  5. Nukae Eleazar si nye Aron ƒe viŋutsu wɔ kple amesiwo ku la ƒe dzoɖenuawo, eye nukatae?

  6. Nukatae Yehowa na Aron ƒe atikplɔ ƒo se? (Kpɔ nɔnɔmetataa.)

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose IV, 16:1-49.

    1. Nukae Korax kple eyomedzelawo wɔ, eye nukatae nu ma wɔwɔ nye aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu? (Mose IV, 16:9, 10, 18; Mose III, 10:1, 2; Lod. 11:2)

    2. Nukpɔsusu gbegblẽ kae nɔ Korax kple ‘ame ŋkuta 250 siwo nɔ ha la dome’ si? (Mose IV, 16:1-3; Lod. 15:33; Yes. 49:7)

  2. Xlẽ Mose IV, 17:1-11 kple 26:10.

    1. Nukae Aron ƒe atia ƒe se ƒoƒo ɖe fia, eye nukatae Yehowa gblɔ be woatsɔe da ɖe aɖaka la me? (Mose IV, 17:5, 8, 10)

    2. Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso dzesi si Aron ƒe ati la nye me? (Mose IV, 17:10; Dɔw. 20:28; Fil. 2:14; Heb. 13:17)

Ŋutinya 40

Mose Ƒo Agakpe La

  1. Aleke Yehowa lé be na Israel-viwo esime wonɔ gbeadzi?

  2. Nyatoƒoe kae Israel-viwo to esime woƒu asaɖa anyi ɖe Kades?

  3. Aleke Yehowa na tsi ameawo kple woƒe lãwo?

  4. Amekae tsɔ asi le eɖokui fiam le nɔnɔmetata la me, eye nukatae wòle asi fiam eɖokui?

  5. Nukatae Yehowa do dɔmedzoe ɖe Mose kple Aron ŋu, eye aleke wòhe to na woe?

  6. Nukae dzɔ le Hor-toa gbɔ, eye amekae va zu nunɔlagã na Israel-dukɔa?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose IV, 20:1-13, 22-29 kple Deuteronomy 29:5.

    1. Nukae míesrɔ̃ tso alesi Yehowa lé be na Israel-viwo le gbeadzi me? (Mose V, 29:5; Mat. 6:31; Heb. 13:5; Yak. 1:17)

    2. Aleke Yehowa bu alesi Mose kple Aron mekɔ eŋu le Israel-viwo ŋkume o lae? (Mose IV, 20:12; Kor. I, 10:12; Nyaɖ. 4:11)

    3. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Mose wɔ nu ɖe to si Yehowa he nɛ ŋu me? (Mose IV, 12:3; 20:12, 27, 28; Mose V, 32:4; Heb. 12:7-11)

Ŋutinya 41

Akɔblida La

  1. Nukae nye ema wotsɔ xatsa ɖe ati ŋu le nɔnɔmetata la me, eye nukatae Yehowa gblɔ na Mose be wòatsɔe aku afima?

  2. Aleke ameawo meda akpe na Mawu ɖe nusiwo katã wòwɔ na wo la ta o?

  3. Nukae ameawo gblɔ na Mose be wòawɔ esi Yehowa dɔ da vɔ̃ɖiwo be woahe to na wo?

  4. Nukatae Yehowa gblɔ na Mose be wòawɔ akɔblida aɖe?

  5. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutinya sia me?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose IV, 21:4-9.

    1. Nuxlɔ̃ame kae le Israel-viwo ƒe nyatoƒoetoto le nusiwo Yehowa na ŋu me na mí? (Mose IV, 21:5, 6; Rom. 2:4)

    2. Le ƒe alafa aɖewo megbe la, aleke Israel-viwo zã akɔblida lae, eye afɔ kae Fia Xizkiya ɖe? (Mose IV, 21:9; Fia. II, 18:1-4)

  2. Xlẽ Yohanes 3:14, 15.

    Aleke akɔblida la tsɔtsɔ ku ati ŋuti nye kpɔɖeŋu si sɔ nyuie kple Yesu Kristo kaklã? (Gal. 3:13; Pet. I, 2:24)

Ŋutinya 42

Tedzi aɖe Ƒo Nu

  1. Amekae nye Balak, eye nukatae wòdɔ woyɔ Bileam vɛ nɛ?

  2. Nukatae Bileam ƒe tedzi la tsyɔ akɔ ɖe mɔa dzi?

  3. Nya kae tedzi la gblɔ Bileam se?

  4. Nya kae mawudɔla aɖe gblɔ na Bileam?

  5. Nukae dzɔ esi Bileam di be yeaƒo fi ade Israel?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose IV, 21:21-35.

    Nukatae Israel ɖu Amoritɔwo ƒe Fia Sixon kple Basan-fia Og dzi? (Mose IV, 21:21, 23, 33, 34)

  2. Xlẽ Mose IV, 22:1-40.

    Susu ka tae Bileam di be yeaƒo fi ade Israel ɖo, eye nukawoe míate ŋu asrɔ̃ tso esia me? (Mose IV, 22:16, 17; Lod. 6:16, 18; Pet. II, 2:15; Yuda 11)

  3. Xlẽ Mose IV, 23:1-30.

    Togbɔ be Bileam ƒo nu abe Yehowa subɔlae wònye ene hã la, aleke eƒe nuwɔnawo ɖee fia be menyee o? (Mose IV, 23:3, 11-14; Sam. I, 15:22)

  4. Xlẽ Mose IV, 24:1-25.

    Aleke Biblia ƒe nuŋlɔɖi sia doa ŋusẽ míaƒe xɔse be Yehowa awɔ eƒe tameɖoɖo dzi? (Mose IV, 24:10; Yes. 54:17)

Ŋutinya 43

Yosua Zu Kplɔla

  1. Ame eve kawoe tsi tre ɖe Mose gbɔ le nɔnɔmetata la me?

  2. Nya kae Yehowa gblɔ na Yosua?

  3. Nukatae Mose yi Nebo-toa tame, eye nya kae Yehowa gblɔ nɛ?

  4. Ƒe nenie Mose xɔ hafi ku?

  5. Nukatae ameawo lé blanui, gake susu ka tae wòle be woakpɔ dzidzɔ ɖo?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mose IV, 27:12-23.

    Dɔ gã kae Yehowa de asi na Yosua, eye aleke Yehowa ƒe beléle na Eƒe amewo dzena egbeae? (Mose IV, 27:15-19; Dɔw. 20:28; Heb. 13:7)

  2. Xlẽ Mose V, 3:23-29.

    Nukatae Yehowa meɖe mɔ Mose kple Aron yi ŋugbedodonyigbaa dzi o, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me? (Mose V, 3:25-27; Mose IV, 20:12, 13)

  3. Xlẽ Mose V, 31:1-8, 14-23.

    Aleke Mose ƒe kaklãnya siwo wògblɔ na Israel-viwo ɖee fia be exɔ tohehe si Yehowa nae la ɖokuibɔbɔtɔe? (Mose V, 31:6-8, 23)

  4. Xlẽ Mose V, 32:45-52.

    Aleke wòle be Mawu ƒe Nya la nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzii? (Mose V, 32:47; Mose III, 18:5; Heb. 4:12)

  5. Xlẽ Mose V, 34:1-12.

    Togbɔ be Mose mekpɔ Yehowa ŋutɔŋutɔ kpɔ gbeɖe o hã la, nukae Mose V, 34:10 ɖe fia ku ɖe ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome ŋu? (Mose II, 33:11, 20; Mose IV, 12:8)

Ŋutinya 44

Raxab Ɣla Ŋkutsalawo

  1. Afikae Raxab ƒe aƒeme le?

  2. Ŋutsu eve kawoe nye ema le nɔnɔmetataa me, eye nukatae wova Yerixo?

  3. Nukae Yerixo-fia ɖe gbe na Raxab be wòawɔ, eye aleke wòɖo eŋui?

  4. Aleke Raxab kpe ɖe ŋutsu eveawo ŋui, eye amenuveve kae wòbia wo?

  5. Ŋugbe kae ŋkutsala eveawo do na Raxab?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Yosua 2:1-24.

    Aleke Yehowa ƒe ŋugbedodo si woŋlɔ ɖe Mose II, 23:28 va eme esime Israel-viwo ho aʋa ɖe Yerixo ŋui? (Yos. 2:9-11)

  2. Xlẽ Hebritɔwo 11:31.

    Aleke Raxab ƒe kpɔɖeŋua ɖe alesi gbegbe xɔse hiãe fia? (Rom. 1:17; Heb. 10:39; Yak. 2:25)

Ŋutinya 45

Yordan Tɔsisi la Tsotso

  1. Nukunu kae Yehowa wɔ ale be Israel-viwo nate ŋu atso Yordan-tɔsisia?

  2. Nuwɔna aɖe si bia xɔse kae wòle be Israel-viwo nawɔ ale be woatso Yordan-tɔsisia?

  3. Nukatae Yehowa gblɔ na Yosua be woafɔ kpe 12 tso tɔa me?

  4. Nukae dzɔ esi nunɔlawo nya do go le Yordan-tɔsisia me teti ko?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Yosua 3:1-17.

    1. Abe alesi nuŋlɔɖia ɖee fia ene la, nukae wòhiã be míawɔ ne míedi be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu ahayra mí? (Yos. 3:13, 15; Lod. 3:5; Yak. 2:22, 26)

    2. Aleke Yordan-tɔsisia nɔ hafi Israel-viwo tsoe yi Ŋugbedodonyigbaa dzi, eye aleke esia do Yehowa ƒe ŋkɔ ɖe dzii? (Yos. 3:15; 4:18; Ps. 66:5-7))

  2. Xlẽ Yosua 4:1-18.

    Taɖodzinu ka tae wofɔ kpe 12 tso Yordan me yi ɖatu ɖe Gilgal ɖo? (Yos. 4:4-7)

Ŋutinya 46

Yerixo Gliawo

  1. Nukae Yehowa gblɔ na aʋawɔlawo kple nunɔlawo be woawɔ hena ŋkeke ade?

  2. Nukae wòle be ŋutsuawo nawɔ le ŋkeke adrelia dzi?

  3. Abe alesi nèle ekpɔm le nɔnɔmetataa me ene la, nukae le dzɔdzɔm ɖe Yerixo gliawo dzi?

  4. Nukatae wotsɔ ka dzĩ aɖe sa ɖe fesrea to?

  5. Nukae Yosua gblɔ na aʋawɔlawo be woawɔ na dua me tɔwo, gake nukae wògblɔ be woawɔ kple klosalo, sika, akɔbli, kple gayibɔ ya?

  6. Nukae wogblɔ na ŋkutsala eveawo be woawɔ?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Yosua 6:1-25.

    1. Aleke Israel-viwo ƒe zɔzɔ ƒo xlã Yerixo le ŋkeke adreliagbe sɔ kple gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le le ŋkeke mamlɛ siawo mee? (Yos. 6:15, 16; Yes. 60:22; Mat. 24:14; Kor. I, 9:16)

    2. Aleke nyagblɔɖi si le Yosua 6:26 va eme anɔ abe ƒe 500 ene megbe, eye nukae esia fia mí tso nya si Yehowa gblɔ ŋu? (Fia. I, 16:34; Yes. 55:11)

Ŋutinya 47

Fiafitɔ si Nɔ Israel

  1. Amekae nye ema le kesinɔnu siwo wotsɔ tso Yerixo la ɖim, eye amekawoe nye ma le kpekpem ɖe eŋu?

  2. Nukatae nusi Axan kple eƒe ƒomea wɔ la gblẽ ŋutɔ?

  3. Nya kae Yehowa gblɔ esi Yosua biae be nukatae woɖu Israel-viwo dzi le aʋa si wowɔ kple Ai me hã?

  4. Esi wokplɔ Axan kple eƒe ƒomea va Yosua gbɔ la, nukae dzɔ ɖe wo dzi?

  5. Nu vevi kae ʋɔnu si wodrɔ̃ Axan la fia mí?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Yosua 7:1-26.

    1. Nukae Yosua ƒe gbedodoɖawo ɖe fia le ƒomedodo si le woa kple Ewɔla dome ŋu? (Yos. 7:7-9; Ps. 119:145; Yoh. I, 5:14)

    2. Nukae Axan ƒe kpɔɖeŋua ɖe fia, eye aleke esia nye nuxlɔ̃ame na míi? (Yos. 7:11, 14, 15; Lod. 15:3; Tim. I, 5:24; Heb. 4:13)

  2. Xlẽ Yosua 8:1-29.

    Agbanɔamedzi kae le mía dometɔ ɖesiaɖe dzi ku ɖe Kristo-hamea ŋu egbea? (Yos. 7:13; Mose III, 5:1; Lod. 28:13)

Ŋutinya 48

Gibeontɔ Nunyalawo

  1. Aleke Gibeontɔwo to vovo na Kanaantɔ siwo te ɖe wo ŋu lae?

  2. Abe alesi wòdze le nɔnɔmetataa me ene la, nukae Gibeontɔwo wɔ, eye nukatae?

  3. Ŋugbe kae Yosua kple Israel kplɔlawo do na Gibeontɔwo, gake nukae wova nya le ŋkeke etɔ̃ megbe?

  4. Nukae dzɔ esi du bubu me fiawo see be Gibeontɔwo wɔ ŋutifafa kple Israel?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Yosua 9:1-27.

    1. Esi wònye Yehowa gblɔ na Israel-dukɔa be ‘wòatsrɔ̃ anyigbaa dzi tɔwo katã’ ta la, nɔnɔme kawoe alesi wòkpɔ Gibeontɔwo ta ɖe fia le eyama ŋu? (Yos. 9:22, 24; Mat. 9:13; Dɔw. 10:34, 35; Pet. II, 3:9)

    2. Esi Yosua wɔ ɖe nu si wòbla kple Gibeontɔwo dzi ta la, aleke wòɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na Kristotɔwo egbea? (Yos. 9:18, 19; Mat. 5:37; Ef. 4:25)

  2. Xlẽ Yosua 10:1-5.

    Aleke ameha gã la srɔ̃a Gibeontɔwo egbeae, eye le esia ta amekae lé fu wo? (Yos. 10:4; Zax. 8:23; Mat. 25:35-40; Nyaɖ. 12:17)

Ŋutinya 49

Ɣe Tɔ ɖe Teƒe Ðeka

  1. Nya ka gblɔm Yosua le le nɔnɔmetata la me, eye nukatae?

  2. Aleke Yehowa kpe ɖe Yosua kple eƒe aʋawɔlawo ŋui?

  3. Fia siwo nye futɔ neni dzie Yosua ɖu, eye ɣeyiɣi didi kae wòxɔ?

  4. Nukatae Yosua ma Kanaan-nyigba la?

  5. Ƒe nenie Yosua xɔ hafi ku, eye nukae dzɔ ɖe ameawo dzi emegbe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Yosua 10:6-15.

    Esi míenya be Yehowa na ɣe kple ɣleti tɔ ɖe teƒe ɖeka na Israel ta la, kakaɖedzi kae le mía si egbea? (Yos. 10:8, 10, 12, 13; Ps. 18:3; Lod. 18:10)

  2. Xlẽ Yosua 12:7-24.

    Ameka koŋue ɖu Kanaan-fia 31 dzi, eye nukatae esia nyanya le vevie na mí egbea? (Yos. 12:7; 24:11-13; Mose V, 31:8; Luka 21:9, 25-28)

  3. Xlẽ Yosua 14:1-5.

    Aleke woma anyigba la na Israel-toawoe, eye nukae esia ɖe fia le nusi dome amewo anyi le Paradiso me ŋu? (Yos. 14:2; Yes. 65:21; Xez. 47:21-23; Kor. I, 14:33)

  4. Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:8-13.

    Abe Yosua si nɔ Israel ene la, amekawoe xea mɔ ɖe xɔsegbegbe nu egbea? (Ʋɔn. 2:8, 10, 11; Mat. 24:45-47; Tes. II, 2:3-6; Tito 1:7-9; Nyaɖ. 1:1; 2:1, 2)

Ŋutinya 50

Nyɔnu Kalẽtɔ Eve

  1. Amekawoe nye ʋɔnudrɔ̃lawo, eye wo dometɔ aɖewo ŋkɔ ɖe?

  2. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kae su Debora si, eye nukae esia wɔwɔ bia?

  3. Esime Fia Yabin kple eƒe aʋafia Sisera do ŋɔdzi na Israel la, Yehowa ƒe gbedasi kae Debora gblɔ na Ʋɔnudrɔ̃la Barak, eye amekae wògblɔ be eyae axɔ kafukafua?

  4. Aleke Yael ɖee fia be yenye nyɔnu kalẽtɔ?

  5. Nukae dzɔ le Fia Yabin ƒe ku megbe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:14-22.

    Aleke Israel-viwo he Yehowa ƒe dziku va woa ŋutɔwo ɖokui dzii, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusia me? (Ʋɔn. 2:20; Lod. 3:1, 2; Xez. 18:21-23)

  2. Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:1-24.

    Xɔse kple dzideƒo kae nyɔnu Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso Debora kple Yael ƒe kpɔɖeŋua me egbea? (Ʋɔn. 4:4, 8, 9, 14, 21, 22; Lod. 31:30; Kor. I, 16:13)

  3. Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:1-31.

    Aleke míate ŋu atsɔ aʋadziɖuha si Barak kple Debora dzi la asɔ kple Harmagedon-ʋa si gbɔna ŋuti gbedodoɖa aɖee? (Ʋɔn. 5:3, 31; Kron. I, 16:8-10; Nyaɖ. 7:9, 10; 16:16; 19:19-21)

Ŋutinya 51

Rut Kple Naomi

  1. Aleke wòdzɔe be Naomi va nɔ Moab-nyigba dzi?

  2. Amekawoe nye Rut kple Orpa?

  3. Aleke Rut kple Orpa dometɔ ɖesiaɖe wɔ nui esime Naomi gblɔ na wo be woagbugbɔ yi woƒe amewo gbɔ?

  4. Amekae nye Boas, eye aleke wòkpe ɖe Rut kple Naomi ŋui?

  5. Vi si Boas kple Rut dzi ŋkɔ ɖe, eye nukatae wòle be míaɖo ŋku edzi ɖo?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Rut 1:1-17.

    1. Nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ nyui kae Rut ɖe fia? (Rut 1:16, 17)

    2. Aleke tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Rut si la sɔ nyuie kple nɔnɔme si le ‘alẽ bubuawo’ si ɖe amesiaminawo ŋu egbea? (Yoh. 10:16; Zax. 8:23)

  2. Xlẽ Rut 2:1-23.

    Aleke Rut ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na ɖetugbiwo egbea? (Rut 2:17, 18; Lod. 23:22; 31:15)

  3. Xlẽ Rut 3:5-13.

    1. Aleke Boas bu Rut ƒe lɔlɔ̃ faa be wòaɖe ye tsɔ wu be wòaɖe ɖekakpui aɖe lae?

    2. Nukae Rut ƒe nɔnɔmea fia mí tso nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ ŋu? (Rut 3:10; Kor. I, 13:4, 5)

  4. Xlẽ Rut 4:7-17.

    Aleke ŋutsu Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu awɔ anɔ abe Boas ene? (Rut 4:9, 10; Tim. I, 3:1, 12, 13; 5:8)

Ŋutinya 52

Gideon Kple Eƒe Ame 300 La

  1. Aleke Israel-viwo ɖo fukpekpe geɖe me, eye nukatae?

  2. Nukatae Yehowa gblɔ na Gideon be eƒe aʋawɔlawo sɔ gbɔ akpa?

  3. Esi Gideon gblɔ na vɔvɔ̃nɔtɔwo be woatrɔ ayi aƒe me vɔ la, ame nenie susɔ?

  4. Kpɔ nɔnɔmetata la dzi nàgblɔ alesi Yehowa wɔ ɖe Gideon ƒe aʋawɔlawo ƒe xexlẽme dzi va ɖo ame 300 míase.

  5. Aleke Gideon ma eƒe ame 300 lae, eye aleke Israel wɔ ɖu aʋa la dzi?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:36-40.

    1. Aleke Gideon wɔ nya Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu?

    2. Aleke míewɔna nyaa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu egbea? (Lod. 2:3-6; Mat. 7:7-11; Tim. II, 3:16, 17)

  2. Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:1-25.

    1. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso ame 300 siwo nɔ ŋudzɔ gbɔe si to vovo na amesiwo ɖe ɖekematsɔleme fia la ƒe nɔnɔme? (Ʋɔn. 7:3, 6; Rom. 13:11, 12; Ef. 5:15-17)

    2. Abe alesi ame 300 la kpɔ nusi Gideon wɔ hewɔ nenema pɛpɛpɛ ene la, aleke míekpɔa Gideon Gãtɔ, Yesu Kristo, hewɔa nu abe eyama ene? (Ʋɔn. 7:17; Mat. 11:29, 30; 28:19, 20; Pet. I, 2:21)

    3. Aleke Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:21 kpena ɖe mía ŋu míekpɔa ŋudzedze ɖe afisiafi si míele subɔsubɔm le le Yehowa ƒe habɔbɔa me ŋu? (Kor. I, 4:2; 12:14-18; Yak. 4:10)

  3. Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 8:1-3.

    Le masɔmasɔ siwo aɖo mía kple nɔviŋutsu aɖe alo nɔvinyɔnu aɖe dome gbɔ kpɔkpɔ me la, nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Gideon kpɔ nyaʋiʋli si ɖo woa kple Efrayimtɔwo dome gbɔe la me? (Lod. 15:1; Mat. 5:23, 24; Luka 9:48)

Ŋutinya 53

Yefta ƒe Ŋugbedodo

  1. Amekae nye Yefta, eye ɣekaɣie wònɔ anyi?

  2. Ŋugbe kae Yefta do na Yehowa?

  3. Nukatae Yefta lé blanui esi wòɖu Amonitɔwo dzi hetrɔ gbɔ va aƒeme?

  4. Nya kae Yefta ƒe vinyɔnu la gblɔ esi wòse ŋugbe si fofoa do la?

  5. Nukatae amewo lɔ̃ Yefta ƒe vinyɔnu la ɖo?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 10:6-18.

    Nuxlɔ̃ame kae le Israel ƒe nuteƒemawɔmawɔ na Yehowa ŋuti nuŋlɔɖia me na mí si dzi wòle be míawɔ ɖo? (Ʋɔn. 10:6, 15, 16; Rom. 15:4; Nyaɖ. 2:10)

  2. Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:1-11, 29-40.

    1. Aleke míewɔ nya be Yefta ƒe vinyɔnu la tsɔtsɔ asa “numevɔe” mefia be etɔ dzo via abe alesi womea amegbetɔwo le vɔsamlekpui dzi ene o? (Ʋɔn. 11:31; Mose III, 16:24; Mose V, 18:10, 12)

    2. Mɔ ka nue Yefta tsɔ via sa vɔe le?

    3. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yefta wɔ nu ɖe ŋugbe si wòdo na Yehowa ŋu la me? (Ʋɔn. 11:35, 39; Nyagb. 5:4, 5; Mat. 16:24)

    4. Aleke Yefta ƒe vinyɔnu la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na sɔhɛ Kristotɔ siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔ yome tim lae? (Ʋɔn. 11:36; Mat. 6:33; Fil. 3:8)

Ŋutinya 54

Ŋutsu Sesẽtɔ Kekeake

  1. Ŋutsu sesẽtɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ ŋkɔ ɖe, eye amekae nae ŋusẽa?

  2. Abe alesi nàkpɔe le nɔnɔmetata la me ene la, nukae Simson wɔ na dzata gã aɖe gbeɖeka?

  3. Nya ɣaɣla ka gblɔmee Simson le na Delila le nɔnɔmetata la me, eye aleke esia na Filistitɔwo va lée?

  4. Aleke Simson wɔ wu eƒe futɔ Filistitɔ 3,000 le ŋkeke si dzi wòku?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:1-14.

    Aleke Manoax kple srɔ̃a ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na dzilawo le wo viwo hehe mee? (Ʋɔn. 13:8; Ps. 127:3; Ef. 6:4)

  2. Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:5-9 kple 15:9-16.

    1. Nukae nuŋlɔɖi siwo ku ɖe alesi Simson wu dzata, tso atagbi alo ka yeye siwo wotsɔ blae lae, kple tsɔ tedzi aɖe ƒe glã wu ame 1,000 ŋu ɖe fia ku ɖe alesi Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wɔa dɔe ŋu?

    2. Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu egbea? (Ʋɔn. 14:6; 15:14; Zax. 4:6; Dɔw. 4:31)

  3. Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:18-31.

    Aleke hadede vɔ̃wo gblẽ nu le Simson ŋui, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me? (Ʋɔn. 16:18, 19; Kor. I, 15:33)

Ŋutinya 55

Ŋutsuvi Sue aɖe Subɔ Mawu

  1. Ŋutsuvi sue si le nɔnɔmetata la me ŋkɔ ɖe, eye amekawoe nye ame bubu mawo?

  2. Gbe kae Xana do ɖa gbeɖeka esi wòyi Yehowa ƒe avɔgbadɔa me, eye aleke Yehowa ɖo eŋu nɛ?

  3. Ƒe nenie Samuel xɔ esi wokplɔe yi be wòasubɔ le Yehowa ƒe avɔgbadɔa me, eye nukae dadaa wɔna nɛ ƒe sia ƒe?

  4. Eli viŋutsuwo ŋkɔ ɖe, eye ameka ƒomeviwoe wonye?

  5. Aleke Yehowa yɔ Samuel, eye gbedasi kae Wòtsɔ de esi?

  6. Amekae Samuel va zu esi wòtsi, eye nukae dzɔ esime wòku amegã?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Samuel I,1:1-28.

    1. Kpɔɖeŋu nyui kae Elkana ɖo na ƒome ƒe tawo le ŋgɔxɔxɔ le tadedeagu vavãtɔ me gome? (Sam. I, 1:3, 21; Mat. 6:33; Fil. 1:10)

    2. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Xana ƒe kpɔɖeŋua me le kuxi sesẽ aɖe gbɔ kpɔkpɔ me? (Sam. I, 1:10, 11; Ps. 55:23; Rom. 12:12)

  2. Xlẽ Samuel I, 2:11-36.

    Aleke Eli de bubu viawo ŋu wu Yehowae, eye aleke esia ate ŋu anye nuxlɔ̃ame na míi? (Sam. I, 2:22-24, 27, 29; Mose V, 21:18-21; Mat. 10:36, 37)

  3. Xlẽ Samuel I, 4:16-18.

    Nublanui gbedasi ene kawoe wohe tso aʋagbeadzi vɛ, eye aleke esia wɔ dɔ ɖe Eli dzii?

  4. Xlẽ Samuel I, 8:4-9.

    Aleke Israel-viwo da vo gã aɖe ɖe Yehowa ŋui, eye aleke míate ŋu akpe asi ɖe eƒe Fiaɖuƒea ŋu nuteƒewɔwɔtɔe egbea? (Sam. I, 8:5, 7; Yoh. 17:16; Yak. 4:4)

Ŋutinya 56

Saul—Israel fia Gbãtɔ

  1. Nuka wɔmee Samuel le le nɔnɔmetata la me, eye nukatae?

  2. Nukatae Yehowa lɔ̃ Saul, eye ameka ƒomevie wònye?

  3. Saul viŋutsua ŋkɔ ɖe, eye nukae via wɔ?

  4. Nukatae Saul sa vɔ le esi wòalala be Samuel nava wɔe teƒe?

  5. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nuŋlɔɖi si ku ɖe Saul ŋu me?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Samuel I, 9:15-21 kple 10:17-27.

    Aleke ɖokuiléle kpoo ƒe nɔnɔme si nɔ Saul si kpe ɖe eŋu wòƒo asa na nuwɔwɔ dzikutɔe esime ŋutsu aɖewo ƒo nu tso eŋu amemabumabutɔe? (Sam. I, 9:21; 10:21, 22, 27; Lod. 17:27)

  2. Xlẽ Samuel I, 13:5-14.

    Nuvɔ̃ kae Saul wɔ le Gilgal? (Sam. I, 10:8; 13:8, 9, 13)

  3. Xlẽ Samuel I, 15:1-35.

    1. Nuvɔ̃ gã kae Saul wɔ le Amalekitɔwo ƒe fia Agag gome? (Sam. I, 15:2, 3, 8, 9, 22)

    2. Aleke Saul dze agbagba be yeaʋli yeƒe nuwɔna ta hetsɔ fɔbubua da ɖe ame bubuwo dzi? (Sam. I, 15:24)

    3. Nuxlɔ̃ame ka dzie wòle be míawɔ ɖo egbea ne woɖo aɖaŋu na mí? (Sam. I, 15:19-21; Ps. 141:5; Lod. 9:8, 9; 11:2)

Ŋutinya 57

Mawu Tia Dawid

  1. Ðevi si le nɔnɔmetataa me ŋkɔ ɖe, eye aleke míewɔ nya be kalẽtɔe wònye?

  2. Afikae Dawid le, eye fofoa kple tɔgbuia ƒe ŋkɔwo ɖe?

  3. Nukatae Yehowa gblɔ na Samuel be wòayi Isai ƒeme le Betlexem?

  4. Nukae dzɔ esi Isai kplɔ viaŋutsu adre va Samuel gbɔe?

  5. Esi wokplɔ Dawid vɛ la, nya kae Yehowa gblɔ na Samuel?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Samuel I, 17:34, 35.

    Aleke nudzɔdzɔ siawo te gbe ɖe Dawid ƒe dzideƒo kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu dzii? (Sam. I, 17:37)

  2. Xlẽ Samuel I, 16:1-14.

    1. Aleke Yehowa ƒe nya siwo le Samuel I, 16:7, 8 kpena ɖe mía ŋu be míagakpɔ ame ŋkume o eye be míatsri nazãbubu ɖe ame ŋu le eƒe gotagome dzedzeme ta? (Dɔw. 10:34, 35; Tim. I, 2:4)

    2. Aleke Saul ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be ne Yehowa ɖe eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le ame aɖe dzi ko la, gbɔgbɔ vɔ̃ɖi aɖe alo nugbegblẽwɔwɔ ƒe dzodzro ate ŋu aɖo amea me? (Sam. I, 16:14; Mat. 12:43-45; Gal. 5:16)

Ŋutinya 58

Dawid Kple Goliat

  1. Aleke Goliat nɔ alɔme ɖem le Israel-ʋakɔa ŋui?

  2. Aleke gbegbe Goliat dzɔ atsui, eye nukae Fia Saul gblɔ be yeana amesi awu Goliat?

  3. Nya kae Dawid gblɔ esi Saul gblɔ nɛ be mate ŋu awu Goliat o elabena Dawid nye ɖevi ko?

  4. Le Dawid ƒe nyaŋuɖoɖo na Goliat me la, aleke wòɖee fia be yeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋui?

  5. Abe alesi nàkpɔe le nɔnɔmetata la me ene la, nukae Dawid tsɔ wu Goliat, eye nukae dzɔ ɖe Filistitɔwo dzi le esia megbe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Samuel I, 17:1-54.

    1. Nukatae Dawid mevɔ̃ o, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe dzideƒo egbea? (Sam. I, 17:37, 45; Ef. 6:10, 11)

    2. Nukatae wòle be Kristotɔwo natsri hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ si le abe Goliat tɔ ene ne wole fefem alo le kame dem? (Sam. I, 17:8; Gal. 5:26; Tim. I, 4:8)

    3. Aleke Dawid ƒe nyawo ɖee fia be exɔe se be Mawu le megbe na ye? (Sam. I, 17:45-47; Kron. II, 20:15)

    4. Le esi nuŋlɔɖi sia nanye aʋakɔ eve siwo nye futɔwo dome ʋiʋli aɖe gbɔgblɔ dzro ko la, aleke wòɖee fia le nyateƒe me be alakpamawuwo kple Mawu vavã, Yehowa, dome ʋae wònye koŋ? (Sam. I, 17:43, 46, 47)

    5. Aleke amesiamina susɔeawo srɔ̃a Dawid ƒe kpɔɖeŋua le ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu me? (Sam. I, 17:37; Yer. 1:17-19; Nyaɖ. 12:17)

Ŋutinya 59

Nusita Wòle Be Dawid Nasi

  1. Nukatae Saul ʋã ŋu Dawid, gake aleke Saul ƒe vi Yonatan ya to vovoe?

  2. Nukae dzɔ gbeɖeka esi Dawid nɔ kasaŋku ƒom na Saul?

  3. Nukae Saul gblɔ na Dawid be wòawɔ hafi ate ŋu aɖe ye vi Mixal, eye nukatae Saul gblɔ nya sia ɖo?

  4. Abe alesi wòdze le nɔnɔmetataa me ene la, nukae dzɔ zi etɔ̃lia esime Dawid nɔ kasaŋku ƒom na Saul?

  5. Aleke Mixal kpe ɖe Dawid ŋu wòɖe eƒe agbe, eye nukae wòva hiã be Dawid nanɔ wɔwɔm ƒe adre sɔŋ?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Samuel I, 18:1-30.

    1. Aleke lɔlɔ̃ deto si le Yonatan kple Dawid dome la nye kpɔɖeŋu na lɔlɔ̃ si le ‘alẽ bubuawo’ kple ‘alẽha sue’ la domee? (Sam. I, 18:1; Yoh. 10:16; Luka 12:32; Zax. 8:23)

    2. Esi wònye Yonatan ye anyi Saul ƒe nuwo dome le ɖoɖoa nu ta la, aleke Samuel I, 18:4 ɖe Yonatan ƒe ɖokuibɔbɔ ɖedzesi ɖe amesi wotia be wòaɖu fia la te fiae?

    3. Aleke Saul ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be ŋuʋaʋã ate ŋu ana ame nawɔ nuvɔ̃ gã, eye nuxlɔ̃ame kae esia nye na mí? (Sam. I, 18:7-9, 25; Yak. 3:14-16)

  2. Xlẽ Samuel I, 19:1-17.

    Aleke Yonatan tsɔ eya ŋutɔ ƒe agbe de afɔku me esi wògblɔ nya siwo woŋlɔ ɖe Samuel I, 19:4, 5? (Sam. I, 19:1, 6)

Ŋutinya 60

Abigail Kple Dawid

  1. Nyɔnu si gbɔna go do ge Dawid le nɔnɔmetataa me ŋkɔ ɖe, eye ameka ƒomevie wònye?

  2. Amekae nye Nabal?

  3. Nukatae Dawid dɔ eƒe ame aɖewo ɖe Nabal gbɔ be woaɖaxɔ nanewo tso egbɔ?

  4. Nya kae Nabal gblɔ na Dawid ƒe ameawo, eye aleke Dawid wɔ nu ɖe enui?

  5. Aleke Abigail ɖee fia be yenye nyɔnu nyanu?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Samuel I, 22:1-4.

    Aleke Dawid ƒe ƒomea ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le alesi wòle be míakpe asi ɖe mía nɔewo ŋui le Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me gome? (Lod. 17:17; Tes. I, 5:14)

  2. Xlẽ Samuel I, 25:1-43.

    1. Nukatae wogblɔ le Nabal ŋu be enye ame vloe? (Sam. I, 25:2-5, 10, 14, 21, 25)

    2. Nukae srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso Abigail ƒe kpɔɖeŋua me? (Sam. I, 25:32, 33; Lod. 31:26; Ef. 5:24)

    3. Nu gbegblẽ eve kawo nue Abigail tsi Dawid nu be mewɔ o? (Sam. I, 25:31, 33; Rom. 12:19; Ef. 4:26)

    4. Aleke alesi Dawid wɔ nu ɖe Abigail ƒe nyawo nui kpena ɖe ŋutsuwo ŋu egbea be woabu nyɔnuwo abe alesi Yehowa bua woe ene? (Dɔw. 21:8, 9; Rom. 2:11; Pet. I, 3:7)

Ŋutinya 61

Woɖo Fia Dawid

  1. Nukae Dawid kple Abisai wɔ esime Saul nɔ alɔ̃ dɔm le eƒe asaɖa me?

  2. Nya kawoe Dawid bia Saul?

  3. Esi Dawid dzo le Saul gbɔ la, afikae wòyi?

  4. Nukae na Dawid xa nu ŋutɔ, si na wòkpa ha vivi aɖe?

  5. Ƒe nenie Dawid xɔ esime woɖoe fia le Hebron, eye viaŋutsuwo dometɔ aɖewo ŋkɔ ɖe?

  6. Afikae Dawid va ɖu fia le emegbe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Samuel I, 26:1-25.

    1. Nɔnɔme si anɔ ame si ɖe teokrasiɖoɖo ŋu kae Dawid ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Samuel I, 26:11 ɖe fia? (Ps. 37:7; Rom. 13:2)

    2. Ne míedze agbagba vevie be míave amewo nu evɔ ameawo mekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o la, aleke Dawid ƒe nya siwo le Samuel I, 26:23 akpe ɖe mía ŋu nukpɔsusu si sɔ nanɔ mía si? (Fia. I, 8:32; Ps. 18:21)

  2. Xlẽ Samuel II, 1:26.

    Aleke Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu ‘alɔ̃ wo nɔewo vevie’ abe alesi Dawid kple Yonatan lɔ̃ wo nɔewo ene? (Pet. I, 4:8; Kol. 3:14; Yoh. I, 4:12)

  3. Xlẽ Samuel II, 5:1-10.

    1. Ƒe nenie Dawid ɖu fia, eye akpa neni mee eƒe fiaɖuɣia ma ɖo? (Sam. II, 5:4, 5)

    2. Nuka gbɔe Dawid ƒe gãnyenyea tso, eye aleke wònye ŋkuɖodzinya na mí egbea? (Sam. II, 5:10; Sam. I, 16:13; Kor. I, 1:31; Fil. 4:13)

Ŋutinya 62

Dzɔgbevɔ̃e Ðo Dawid Ƒeme

  1. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, nukae va dzɔ ɖe Kanaan-nyigba la dzi?

  2. Nukae dzɔ gbeɖeka esime Dawid nɔ eƒe fiasa tame?

  3. Nukatae Yehowa do dɔmedzoe ɖe Dawid ŋu ŋutɔ?

  4. Le nɔnɔmetataa me la, amekae Yehowa dɔ be wòagblɔ nuvɔ̃ si Dawid wɔ la nɛ, eye nukae ŋutsu ma gblɔ be adzɔ ɖe Dawid dzi?

  5. Dzɔgbevɔ̃e kae Dawid kpɔ?

  6. Le Dawid megbe la, amekae va zu fia le Israel?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Samuel II, 11:1-27.

    1. Aleke veviedodonu le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me nye takpɔnu na míi?

    2. Aleke Dawid wɔ dze nuvɔ̃ me, eye nuxlɔ̃ame kae ema nye na Yehowa subɔlawo egbea? (Sam. II, 11:2; Mat. 5:27-29; Kor. I, 10:12; Yak. 1:14, 15)

  2. Xlẽ Samuel II, 12:1-18.

    1. Nukae hamemegãwo kple dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso alesi Natan wɔ hafi ɖo aɖaŋu na Dawid me? (Sam. II, 12:1-4; Lod. 12:18; Mat. 13:34)

    2. Nukatae Yehowa kpɔ nublanui na Dawid? (Sam. II, 12:13; Ps. 32:5; Kor. II, 7:9, 10)

Ŋutinya 63

Nunyala Fia Salomo

  1. Nya kae Yehowa bia Salomo, eye aleke wòɖo eŋui?

  2. Esi nusi Salomo bia la dze Yehowa ŋu ta la, ŋugbe kae wòdo nɛ?

  3. Nya sesẽ kae nyɔnu eve aɖewo tsɔ vɛ na Salomo?

  4. Abe alesi nàkpɔe le nɔnɔmetataa me ene la, aleke Salomo kpɔ nyaa gbɔe?

  5. Aleke nuwo nɔ le Salomo ƒe dziɖuɖu te, eye nukatae?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Fiawo I, 3:3-28.

    1. Nukae ŋutsu siwo wotsɔ agbanɔamedziwo na le Mawu ƒe habɔbɔa me ate ŋu asrɔ̃ tso Salomo ƒe dzimenya siwo dze le Fiawo I, 3:7 me? (Ps. 119:105; Lod. 3:5, 6)

    2. Aleke nusi Salomo bia la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe le nusiwo sɔ siwo míado gbe ɖa abia ŋu? (Fia. I, 3:9, 11; Lod. 30:8, 9; Yoh. I, 5:14)

    3. Kakaɖedzi kae alesi Salomo kpɔ nyaʋiʋli si ɖo nyɔnu eveawo dome gbɔe na mí ku ɖe Salomo Gãtɔ, Yesu Kristo, ƒe etsɔme dziɖuɖu ŋu? (Fia. I, 3:28; Yes. 9:5, 6; 11:2-4)

  2. Xlẽ Fiawo I, 4:29-34.

    1. Aleke Yehowa ɖo Salomo ƒe didi be wòana dzi nyanu ye la ŋui? (Fia. I, 5:9)

    2. Ne míebu agbagba siwo amewo dze be yewoava se Salomo ƒe numegbe le eƒe nunya ta ŋu la, ekema nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si ɖe Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ ŋu? (Fia. I, 5:9, 14; Yoh. 17:3; Tim. II, 3:16)

Ŋutinya 64

Salomo Tu Gbedoxɔ

  1. Ɣeyiɣi didi kae Salomo tsɔ tu Yehowa ƒe gbedoxɔae, eye nukatae wògblẽ ga geɖe ɖe xɔa tutu ŋu nenema gbegbe?

  2. Xɔ gã nenie le gbedoxɔa me, eye nukae wotsɔ da ɖe xɔ emetɔa me?

  3. Esi wowu gbedoxɔa nu vɔ la, nya kae Salomo gblɔ le gbe si wòdo ɖa me?

  4. Aleke Yehowa ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe Salomo ƒe gbedodoɖaa ŋui?

  5. Nukae Salomo srɔ̃wo na wòwɔ, eye nukae va dzɔ ɖe Salomo dzi?

  6. Nukatae Yehowa do dɔmedzoe ɖe Salomo ŋu, eye nya kae Yehowa gblɔ nɛ?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Kronika I, 28:9, 10.

    Ne míebu Dawid ƒe nya siwo le Kronika I, 28:9, 10 ŋu la, nukae wòle be míadze agbagba be míawɔ gbesiagbe? (Ps. 19:15; Fil. 4:8, 9)

  2. Xlẽ Kronika II, 6:12-21, 32-42.

    1. Aleke Salomo ɖee fia be Mawu Dziƒoʋĩtɔ la mate ŋu anɔ xɔ aɖeke si amegbetɔ tu me o? (Kron. II, 6:18; Dɔw. 17:24, 25)

    2. Nukae Salomo ƒe nya siwo le Kronika II, 6:32, 33 la ɖe fia le Yehowa ŋu? (Dɔw. 10:34, 35; Gal. 2:6)

  3. Xlẽ Kronika II, 7:1-5.

    Abe alesi ko wòʋã Israel-viwo be woakafu Yehowa esi wokpɔ eƒe ŋutikɔkɔe ene la, aleke wòle be míawɔ nui egbea ne míede ŋugble tso yayra siwo Yehowa nana eƒe amewo ŋu? (Kron. II, 7:3; Ps. 22:23; 34:2; 96:3)

  4. Xlẽ Fiawo I, 11:9-13.

    Aleke agbe si Salomo nɔ ɖee fia be ele vevie be míawɔ nuteƒe vaseɖe nuwuwu? (Fia. I, 11:4, 9; Mat. 10:22; Nyaɖ. 2:10)

Ŋutinya 65

Fiaɖuƒe la Ma

  1. Ŋutsu eve siwo le nɔnɔmetataa me ƒe ŋkɔwo ɖe, eye amekawoe wonye?

  2. Nukae Axiya wɔ awu si wòdo lae, eye eƒe nuwɔnaa gɔme ɖe?

  3. Nukae Salomo di be yeawɔ Yerobeam?

  4. Nukatae ameawo tsɔ Yerobeam ɖo fia ɖe to ewo nu?

  5. Nukatae Yerobeam wɔ sikanyivi eve, eye nukae dzɔ ɖe anyigba la dzi le ema megbe kpuie?

  6. Nukae va dzɔ ɖe to eve fiaɖuƒe la kple Yehowa ƒe gbedoxɔ si nɔ Yerusalem la dzi?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Fiawo I, 11:26-43.

    Ameka ƒomevie nye Yerobeam, eye nukae Yehowa gblɔ be yeawɔ nɛ ne elé yeƒe seawo me ɖe asi? (Fia. I, 11:28, 38)

  2. Xlẽ Fiawo I, 12:1-33.

    1. Nukae dzilawo kple hamemegãwo ate ŋu asrɔ̃ tso ŋusẽ zazã le mɔ gbegblẽ nu ŋu le Rexabeam ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽ la me? (Fia. I, 12:13; Nyagb. 7:7; Pet. I, 5:2, 3)

    2. Ameka gbɔe wòle be sɔhɛwo nadi mɔfiafia tsoe egbea ne wole nyametsotso veviwo wɔm le agbe me? (Fia. I, 12:6, 7; Lod. 1:8, 9; Tim. II, 3:16, 17; Heb. 13:7)

    3. Nukae na Yerobeam ɖo nyivi tadeaguƒe eve, eye aleke esia ɖee fia be mexɔ Yehowa dzi se kura o? (Fia. I, 11:37; 12:26-28)

    4. Amekae na to ewo fiaɖuƒea dze aglã ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu? (Fia. I, 12:32, 33)

Ŋutinya 66

IzebelFianyɔnu Vɔ̃ɖi Aɖe

  1. Amekae nye Izebel?

  2. Nukae na Fia Axab lé blanui gbeɖeka?

  3. Nukae Izebel wɔ tsɔ xɔ Nabot ƒe weingble la na srɔ̃a Axab?

  4. Amekae Yehowa dɔ be wòahe to na Izebel?

  5. Abe alesi nàkpɔe le nɔnɔmetata la me ene la, nukae dzɔ esi Yehu va Izebel ƒe fiasãa me?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Fiawo I, 16:29-33 kple 18:3, 4.

    Aleke gbegbee nɔnɔmeawo gblẽ le Israel le Fia Axab ƒe ɣeyiɣia me? (Fia. I, 14:9)

  2. Xlẽ Fiawo I, 21:1-16.

    1. Aleke Nabot ɖe dzinɔameƒo kple nuteƒewɔwɔ fia Yehowae? (Fia. I, 21:1-3; Mose III, 25:23-28)

    2. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Axab ƒe kpɔɖeŋua me ku ɖe tenɔnɔ ɖe mɔkpɔkpɔbuɖeame nu ŋu? (Fia. I, 21:4; Rom. 5:3-5)

  3. Xlẽ Fiawo II, 9:30-37.

    Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehu ƒe dzonɔameme ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu me? (Fia. II, 9:4-10; Kor. II, 9:1, 2; Tim. II, 4:2)

Ŋutinya 67

Yosafat Ðo Dzi Ðe Yehowa Ŋu

  1. Amekae nye Yosafat, eye ɣeyiɣi ka mee wònɔ anyi?

  2. Nukatae vɔvɔ̃ ɖo Israel-viwo, eye nukae wo dometɔ geɖe wɔ?

  3. Aleke Yehowa ɖo Yosafat ƒe gbedodoɖaa ŋui?

  4. Nukae Yehowa na wòdzɔ do ŋgɔ na aʋa la?

  5. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Yosafat gbɔ?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Kronika II, 20:1-30.

    1. Aleke Yosafat ɖe nusi wòle be Mawu subɔla wɔnuteƒewo nawɔ ne woɖo nɔnɔme doŋɔdzinamewo me la fiae? (Kron. II, 20:12; Ps. 25:15; 62:2)

    2. Esi wònye be Yehowa zãa mɔnu aɖe tsɔ gblɔa eƒe gbedasiwo na eƒe amewo ɣesiaɣi ta la, mɔnu kae wòzãna egbea? (Kron. II, 20:14, 15; Mat. 24:45-47; Yoh. 15:15)

    3. Ne Mawu dze “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” la gɔme la, aleke míaƒe nɔnɔmea aɖi Yosafat tɔe? (Kron. II, 20:15, 17; 32:8; Nyaɖ. 16:14, 16)

    4. Le Lewi-viawo sɔsrɔ̃ me la, kpekpeɖeŋu kae mɔɖelawo kple dutanyanyuigblɔlawo nana le xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me egbea? (Kron. II, 20:19; Rom. 10:13-15; Tim. II, 4:2)

Ŋutinya 68

Ŋutsuvi Eve Siwo Gagbɔ Agbe

  1. Amekawoe nye ame etɔ̃ siwo le nɔnɔmetataa me, eye nukae dzɔ ɖe ŋutsuvia dzi?

  2. Gbe kae Eliya do ɖa ɖe ɖevi la ta, eye nukae dzɔ emegbe?

  3. Eliya ƒe kpeɖeŋutɔa ŋkɔ ɖe?

  4. Nukatae Elisa yi Sunem-nyɔnu aɖe ƒeme?

  5. Nukae Elisa wɔ, eye nukae dzɔ ɖe ɖevi kuku la dzi?

  6. Abe alesi wòdze le Eliya kple Elisa gome ene la, ŋusẽ kae le Yehowa si?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Fiawo I, 17:8-24.

    1. Aleke wodo Eliya ƒe toɖoɖo kple eƒe xɔse kpɔe? (Fia. I, 17:9; 19:1-4, 10)

    2. Nukatae xɔse si nɔ Zarpat-hosi la si ɖe dzesi ŋutɔ? (Fia. I, 17:12-16; Luka 4:25, 26)

    3. Aleke nusi teƒe Zarpat-hosi la kpɔ na míekpɔ Yesu ƒe nya siwo le Mateo 10:41, 42 la ƒe nyateƒenyenye dze sii? (Fia. I, 17:10-12, 17, 23, 24)

  2. Xlẽ Fiawo II, 4:8-37.

    1. Nukae Sunem-nyɔnu la fia mí tso amedzrowɔwɔ ŋu? (Fia. II, 4:8; Luka 6:38; Rom. 12:13; Yoh. I, 3:17)

    2. Mɔ kawo nue míate ŋu anyo dɔme na Mawu subɔlawo le egbea? (Dɔw. 20:35; 28:1, 2; Gal. 6:9, 10; Heb. 6:10)

Ŋutinya 69

Nyɔnuvi aɖe Kpe Ðe Kalẽtɔ aɖe Ŋu

  1. Nya ka gblɔm nyɔnuvi suea le na nyɔnua le nɔnɔmetata la me?

  2. Amekae nye nyɔnu si le nɔnɔmetataa me, eye nuka wɔmee nyɔnuvi suea le le nyɔnua ƒeme?

  3. Nya kae Elisa dɔ eƒe dɔlawo be wòagblɔ na Naeman, eye nukatae Naeman do dziku?

  4. Nukae dzɔ esi Naeman ɖo to eƒe dɔlawo?

  5. Nukatae Elisa gbe Naeman ƒe nunana la xɔxɔ, gake nukae Gexazi ya wɔ?

  6. Nukae dzɔ ɖe Gexazi dzi, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusia me?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Fiawo II, 5:1-27.

    1. Aleke kpɔɖeŋu si Israel nyɔnuvi suea ɖo la ate ŋu ade dzi ƒo na ɖeviwo egbea? (Fia. II, 5:3; Ps. 8:3; 148:12, 13)

    2. Nukatae wònyo be Naeman ƒe kpɔɖeŋua nanɔ susu me na mí ne wozã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖo aɖaŋu na míi? (Fia. II, 5:15; Heb. 12:5, 6; Yak. 4:6)

    3. Nukae míate ŋu asrɔ̃ to Elisa ƒe kpɔɖeŋua tsɔtsɔ sɔ kple Gexazi tɔ me? (Fia. II, 5:9, 10, 14-16, 20; Mat. 10:8; Dɔw. 5:1-5; Kor. II, 2:17)

Ŋutinya 70

Yona Kple Tɔmelã Gã La

  1. Amekae nye Yona, eye nukae Yehowa gblɔ nɛ be wòawɔ?

  2. Esi Yona medi be yeayi afisi Yehowa gblɔ nɛ be wòayi o ta la, nukae wòwɔ?

  3. Nukae Yona gblɔ na tɔdziʋua kulawo be woawɔ ale be tsi la nadze akɔ anyi?

  4. Abe alesi nàkpɔe le nɔnɔmetataa me ene la, nukae dzɔ esi Yona nyrɔ ɖe tsia me?

  5. Ɣeyiɣi didi kae Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔme, eye nukae wòwɔ esi wònɔ afima?

  6. Esi Yona do go tso tɔmelã gã la ƒe dɔme vɔ la, afikae wòyi, eye nukae esia fia mí?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Yona 1:1-17.

    Edze ƒã be aleke Yona se le eɖokui me ɖe dɔ si wode esi be wòaɖe gbeƒã na Niniwetɔwo ŋu? (Yona 1:2, 3; Lod. 3:7; Nyagb. 8:12)

  2. Xlẽ Yona 2:1, 2, 10.

    Aleke nusiwo me Yona to la na kakaɖedzi mí be Yehowa aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu? (Ps. 22:25; 34:7; Yoh. I, 5:14)

  3. Xlẽ Yona 3:1-10.

    1. Dzideƒoname kae alesi Yehowa yi edzi zã Yona, togbɔ be egbe dɔ si wode esi wɔwɔ gbã hã la, nye na mí? (Ps. 103:14; Pet. I, 5:10)

    2. Nukae nusi teƒe Yona kpɔ le Niniwetɔwo gbɔ fia mí le nazãbubu ɖe amesiwo le míaƒe anyigbamamaa me ŋu ŋuti? (Yona 3:6-9; Nyagb. 11:6; Dɔw. 13:48)

Ŋutinya 71

Mawu Do Paradiso aɖe Ŋugbe

  1. Amekae Yesaya nye, ɣekaɣie wònɔ agbe, eye nukae Yehowa ɖe fiae?

  2. Nya “paradiso” gɔme ɖe, eye nuka dzie wòɖo ŋkui na wò?

  3. Nukae Yehowa gblɔ na Yesaya be wòaŋlɔ tso Paradiso yeyea ŋu?

  4. Nukatae Adam kple Xawa bu woƒe aƒe dzeani la?

  5. Ŋugbe kae Yehowa do na amesiwo lɔ̃nɛ?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Yesaya 11:6-9.

    1. Aleke Mawu ƒe Nya la ƒo nu tso ŋutifafa si anɔ lãwo kple amegbetɔwo dome le xexe yeyea me ŋui? (Ps. 148:10, 13; Yes. 65:25; Xez. 34:25)

    2. Aleke Yesaya ƒe nyawo le eme vam le gbɔgbɔ me gomee le Yehowa ƒe amewo dome egbea? (Rom. 12:2; Ef. 4:23, 24)

    3. Amekae wòdze be míakafu ɖe tɔtrɔ siwo le amegbetɔwo ƒe nɔnɔme me vam fifia kple esiwo agava le xexe yeyea me la ta? (Yes. 48:17, 18; Gal. 5:22, 23; Fil. 4:7)

  2. Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

    1. Aleke Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be Mawu ƒe amewo gbɔ nɔnɔ fia be ele wo gbɔ le kpɔɖeŋumɔ nu, ke menye le ŋutilã me le anyigba dzi o? (Mose III, 26:11, 12; Kron. II, 6:18; Yes. 66:1; Nyaɖ. 21:2, 3, 22-24)

    2. Aɖatsi kple vevesese kawo ƒomevi nue ayi? (Luka 8:49-52; Rom. 8:21, 22; Nyaɖ. 21:4)

Ŋutinya 72

Mawu Kpe Ðe Fia Xizkiya Ŋu

  1. Ŋutsu kae le nɔnɔmetata la me, eye nukatae wòle fukpekpe geɖe me ɖo?

  2. Agbalẽ kawoe Xizkiya tsɔ ɖo Mawu ŋkume, eye gbe kae Xizkiya do ɖa?

  3. Fia ka ƒomevie Xizkiya nye, eye gbedasi kae Yehowa ɖo ɖee to nyagblɔɖila Yesaya dzi?

  4. Abe alesi wòdze le nɔnɔmetata la me ene la, nukae Yehowa ƒe dɔla wɔ na Asiriatɔwo?

  5. Togbɔ be to eve fiaɖuƒe la kpɔ ŋutifafa ɣeyiɣi aɖe hã la, nukae dzɔ le Xizkiya ƒe ku megbe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Fiawo II, 18:1-36.

    1. Aleke Asiriatɔwo ƒe nyanuɖela Rabsake dze agbagba be yeana Israel-viwo ƒe xɔse nagbɔdzɔe? (Fia. II, 18:19, 21; Mose II, 5:2; Ps. 64:4)

    2. Aleke Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Xizkiya ƒe kpɔɖeŋua le nu wɔwɔ kple woƒe tsitretsiɖeŋulawo me? (Fia. II, 18:36; Ps. 39:2; Lod. 26:4; Tim. II, 2:24)

  2. Xlẽ Fiawo II, 19:1-37.

    1. Aleke Yehowa ƒe ame siwo li egbea srɔ̃a Xizkiya ne woɖo xaxa me? (Fia. II, 19:1, 2; Lod. 3:5, 6; Heb. 10:24, 25; Yak. 5:14, 15)

    2. Go etɔ̃ kawo mee woɖu Fia Sanxerib dzi le, eye amekae wòtsi tre ɖi na le nyagblɔɖi me? (Fia. II, 19:32, 35, 37; Nyaɖ. 20:2, 3)

  3. Xlẽ Fiawo II, 21:1-6, 16.

    Nukatae míate ŋu agblɔ be Manase nye fia vɔ̃ɖitɔ kekeake siwo ɖu dzi le Yerusalem la dometɔ ɖeka? (Kron. II, 33:4-6, 9)

Ŋutinya 73

Israel Fia Nyui Mamlɛtɔ

  1. Ƒe nenie Yosiya xɔ esime wòzu fia, eye nukae wòte wɔwɔ esi wòɖu fia ƒe adre?

  2. Nukae nèkpɔ Yosiya wòle wɔwɔm le nɔnɔmetata gbãtɔ me?

  3. Nukae nunɔlagã la kpɔ esime amewo nɔ gbedoxɔa dzram ɖo?

  4. Nukatae Yosiya vuvu eƒe awuwo?

  5. Yehowa ƒe gbedasi kae nyɔnunyagblɔɖila Xulda tsɔ yi na Yosiya?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Kronika II, 34:1-28.

    1. Kpɔɖeŋu kae Yosiya ɖo ɖi na amesiwo mexɔ hehe nyui le ɖevi me o la? (Kron. II, 33:21-25; 34:1, 2; Ps. 27:10)

    2. Afɔ vevi kae Yosiya ɖe be wòado tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔ le eƒe dziɖuɖu ƒe ƒe 8 lia, 12 lia, kple 18 lia me? (Kron. II, 34:3, 8)

    3. Nukae kpɔɖeŋu siwo Fia Yosiya kple Nunɔlagã Xilkiya ɖo la fia mí le beléle na míaƒe tadeaguƒewo ŋu? (Kron. II, 34:9-13; Lod. 11:14; Kor. I, 10:31)

Ŋutinya 74

Ŋutsu si Mevɔ̃na O

  1. Ðekakpui kae ma le nɔnɔmetata la me?

  2. Aleke Yeremya bu tso nyagblɔɖila nyenye ŋu, gake nya kae Yehowa gblɔ nɛ?

  3. Gbedasi kae Yeremya yi edzi le gbɔgblɔm na ameawo?

  4. Aleke nunɔlawo dze agbagba be yewoana Yeremya nadzudzɔ eƒe dɔa wɔwɔ, gake aleke wòɖee fia be yemevɔ̃na o?

  5. Nukae dzɔ esi Israel-viwo metrɔ ɖa le woƒe mɔ vɔ̃wo yome o?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Yeremya 1:1-8.

    1. Abe alesi Yeremya ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia ene la, nukae nana ame dzena na Yehowa ƒe dɔ wɔwɔ? (Kor. II, 3:5, 6)

    2. Dzideƒo kae Yeremya ƒe kpɔɖeŋua nye na Kristotɔ sɔhɛwo egbea? (Nyagb. 12:1; Tim. I, 4:12)

  2. Xlẽ Yeremya 10:1-5.

    Kpɔɖeŋu sẽŋu kae Yeremya wɔ tsɔ ɖee fia be ŋuɖoɖo ɖe legbawo ŋu nye nu gbɔlo? (Yer. 10:5; Yes. 46:7; Xab. 2:19)

  3. Xlẽ Yeremya 26:1-16.

    1. Aleke amesiamina susɔeawo bua se si Yehowa de na Yeremya be ‘wòagana nya aɖeke nato le eme o’ la nu vevii ne wole nuxlɔ̃amegbedasia gblɔm egbea? (Yer. 26:2; Mose V, 4:2; Dɔw. 20:27)

    2. Kpɔɖeŋu nyui kae Yeremya ɖo ɖi na Yehowa Ðasefowo le Yehowa ƒe nuxlɔ̃amenyawo gbɔgblɔ na dukɔwo egbea me? (Yer. 26:8, 12, 14, 15; Tim. II, 4:1-5)

  4. Xlẽ Fiawo II, 24:1-17.

    Nu wɔnublanui kae do tso Yuda ƒe nuteƒemawɔmawɔ na Yehowa me? (Fia. II, 24:2-4, 14)

Ŋutinya 75

Ŋutsuvi Ene le Babilon

  1. Ŋutsuvi ene kawoe le nɔnɔmetata la me, eye nukatae wole Babilon ɖo?

  2. Ðoɖo kae Nebukadnezar wɔ ɖe ɖekakpui eneawo ŋu, eye se kae wòde na eƒe subɔlawo?

  3. Nukae Daniel bia ku ɖe woa kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo ƒe nuɖuɖu kple nunono ŋu?

  4. Esi Daniel kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo ɖu amagbewo ŋkeke ewo megbe la, aleke woƒe nɔnɔme nɔ ne wotsɔe sɔ kple ɖekakpui bubuawo tɔ?

  5. Aleke Daniel kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo wɔ va nɔ fia ƒe fiasa me, eye mɔ kawo nue wonyo wu nunɔlawo kple nunyalawo le?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Daniel 1:1-21.

    1. Ne míedi be míanɔ te ɖe tetekpɔwo nu ahaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi la, agbagbadzedze ka tɔgbee hiã? (Dan. 1:8; Mose I, 39:7, 10; Gal. 6:9)

    2. Mɔ kawo nue woate ŋu ate sɔhɛwo kpɔ alo aƒo nya ɖe wo nu le be woakpɔ gome le nusi ame aɖewo bu be wonye ‘nu nyuitɔwo kekeake’ me? (Dan. 1:8; Lod. 20:1; Kor. II, 6:17–7:1)

    3. Nukae Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe Hebrivi eneawo ŋu kpe ɖe mía ŋu míekpɔ dze sii le sidzedze si asu ame si le xexeame ŋu? (Dan. 1:20; Yes. 54:13; Kor. I, 3:18-20)

Ŋutinya 76

Wotsrɔ̃ Yerusalem

  1. Abe alesi wòdze le nɔnɔmetataa me ene la, nukae le dzɔdzɔm ɖe Yerusalem kple Israel-viwo dzi?

  2. Amekae nye Xezekiel, eye nu gbegblẽ kawoe Yehowa ɖe fiae?

  3. Esi Israel-viwo medea bubu aɖeke Yehowa ŋu o ta la, ŋugbe kae wòdo?

  4. Nukae Fia Nebukadnezar wɔ esi Israel-viwo dze aglã ɖe eŋu?

  5. Nukatae Yehowa ɖe mɔ tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ sia va Israel-viwo dzi?

  6. Aleke Israel-nyigba la tsi ƒuƒlui, eye hena ɣeyiɣi didi ka?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Fiawo II, 25:1-26.

    1. Amekae Zedekiya nye, nukae dzɔ ɖe edzi, eye aleke esia na Biblia ƒe nyagblɔɖi va emee? (Fia. II, 25:5-7; Xez. 12:13-15)

    2. Amekawoe Yehowa bia akɔntae le Israel ƒe nuteƒemawɔmawɔa katã ta? (Fia. II, 25:9, 11, 12, 18, 19; Kron. II, 36:14, 17)

  2. Xlẽ Xezekiel 8:1-18.

    Aleke Kristodukɔa srɔ̃a Israel-vi xɔsegbela siwo subɔ ɣe lae? (Xez. 8:16; Yes. 5:20, 21; Yoh. 3:19-21; Tim. II, 4:3)

Ŋutinya 77

Womade Ta Agu O

  1. Se kae Nebukadnezar, Babilon-fia, de na amewo?

  2. Nukatae Daniel xɔlɔ̃ etɔ̃awo mele ta dem agu na sikalegba la o?

  3. Esi Nebukadnezar na mɔnukpɔkpɔ bubu Hebri-vi etɔ̃awo be woade ta agu la, aleke woɖee fia be yewoɖo ŋu ɖe Yehowa ŋui?

  4. Nukae Nebukadnezar na eƒe amewo wɔ na Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego?

  5. Esi Nebukadnezar lé ŋku ɖe kpodzoa me la, nukae wòkpɔ?

  6. Nukatae fia la kafu Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ƒe Mawu la, eye kpɔɖeŋu kae woɖo ɖi na mí?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Daniel 3:1-30.

    1. Nɔnɔme kae Hebri ɖekakpui etɔ̃awo ɖe fia si wòle be Mawu subɔlawo katã nasrɔ̃ ne wole nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔwo me tom? (Dan. 3:17, 18; Mat. 10:28; Rom. 14:7, 8)

    2. Nu vevi kae Yehowa Mawu fia Nebukadnezar? (Dan. 3:28, 29; 4:31, 32)

Ŋutinya 78

Asinuŋɔŋlɔ le Gli Ŋu

  1. Nukae dzɔ esi Babilon-fia ɖo nuɖukplɔ̃ gã aɖe hezã kplu kple agba siwo wotsɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔa me le Yerusalem?

  2. Nya kae Belsazar gblɔ na eƒe nunyalawo, gake nukae wodo kpo wɔwɔ?

  3. Nukae fia la dada gblɔ nɛ be wòawɔ?

  4. Le nya si Daniel gblɔ na fia la nu la, nukatae Mawu dɔ asia wòva ŋlɔ nu ɖe glia ŋu?

  5. Aleke Daniel ɖe nya siwo woŋlɔ ɖe glia ŋu la gɔmee?

  6. Nukae dzɔ esime Daniel nɔ nu ƒom?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Daniel 5:1-31.

    1. Gblɔ vovototo si le mawuvɔvɔ̃ kpakple vɔvɔ̃ si ɖo Belsazar esime wòkpɔ asinuŋɔŋlɔ le glia ŋu dome míase. (Dan. 5:6, 7; Ps. 19:10; Rom. 8:35-39)

    2. Aleke Daniel ɖe dzinɔameƒo fia esime wònɔ nu ƒom na Belsazar kple eƒe ame veviawo? (Dan. 5:17, 18, 22, 26-28; Dɔw. 4:29)

    3. Mɔ ka nue Daniel ta 5 he susu yi Yehowa ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye dzi le? (Dan. 4:14, 22; 5:21)

Ŋutinya 79

Daniel le Dzatawo ƒe Do Me

  1. Amekae nye Dario, eye aleke wòbua Daniel?

  2. Nukae ŋutsu ŋuʋãla aɖewo na Dario wɔ?

  3. Nukae Daniel wɔ esi wòse nu tso se yeye si wode la ŋu?

  4. Nukatae Dario tsi dzodzodzoe ale gbegbe be mete ŋu dɔ alɔ̃ o, eye nukae wòwɔ esi ŋu ke?

  5. Aleke Daniel ɖo nya ŋu na Dario?

  6. Nukae dzɔ ɖe ame vɔ̃ɖi siwo nɔ agbagba dzem be yewoawu Daniel la dzi, eye nukae Dario ŋlɔ ɖo ɖe amesiwo katã le eƒe fiaɖuƒea me?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Daniel 6:1-28.

    1. Aleke nugbe si woɖo ɖe Daniel ŋu la ɖo ŋku nusi tsitretsiɖeŋulawo dze agbagba wɔ be yewoana Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa natɔ te le egbeŋkekeawo me la dzi na míi? (Dan. 6:8; Ps. 94:20; Yes. 10:1; Rom. 8:31)

    2. Aleke Mawu subɔla siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ Daniel le toɖoɖo “dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na” me? (Dan. 6:6, 11; Rom. 13:1; Dɔw. 5:29)

    3. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Daniel ƒe Yehowa subɔsubɔ “atraɖi” ƒe kpɔɖeŋuae? (Dan. 6:17, 21; Fil. 3:16; Nyaɖ. 7:15)

Ŋutinya 80

Mawu ƒe Amewo Dzo le Babilon

  1. Abe alesi wòdze le nɔnɔmetataa me ene la, nuka wɔmee Israel-viwo le?

  2. Aleke Kores na nya si Yehowa gblɔ ɖi to Yesaya dzi va emee?

  3. Nya kae Kores gblɔ na Israel-vi siwo mate ŋu atrɔ ayi Yerusalem o?

  4. Nukae Kores tsɔ na ameawo be woatsɔ yi Yerusalem?

  5. Ɣeyiɣi didi kae Israel-viwo zɔ mɔ hafi ɖo Yerusalem?

  6. Ƒe nenie anyigba la tsi ƒuƒlu keŋkeŋ eye ame menɔ edzi o?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Yesaya 44:28 kple 45:1-4.

    1. Aleke Yehowa te gbe ɖe edzi be nya si yegblɔ ɖi ku ɖe Kores ŋu la ava eme godoo? (Yes. 55:10, 11; Rom. 4:17)

    2. Nukae Yesaya ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Kores ŋu ɖe fia le ŋutete si le Yehowa Mawu si be wòagblɔ etsɔme ɖi ŋu? (Yes. 42:9; 45:21; 46:10, 11; Pet. II, 1:20)

  2. Xlẽ Ezra 1:1-11.

    Aleke míate ŋu ‘ado alɔ’ amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me egbea abe alesi amesiwo mete ŋu trɔ yi Yerusalem o la wɔe ene? (Ezra 1:4, 6; Rom. 12:13; Kol. 4:12)

Ŋutinya 81

Ŋuɖoɖo Ðe Mawu ƒe Kpekpeɖeŋu Ŋu

  1. Ame nenie zɔ mɔ didi la tso Babilon va Yerusalem, gake nukae wokpɔ esi woɖo?

  2. Nuka tutu gɔmee Israel-viwo dze esi wova ɖo, gake nukae woƒe futɔwo wɔ?

  3. Amekawoe nye Xagai kple Zaxarya, eye nya kae wogblɔ na ameawo?

  4. Nukatae Tatnai ŋlɔ lɛta aɖe ɖo ɖe Babilon ɖo, eye aleke woɖo eŋu nɛ?

  5. Nukae Ezra wɔ esi wòse be ehiã be woaɖo atsyɔ̃ na Mawu ƒe gbedoxɔ la?

  6. Nuka ƒe gbe domee Ezra le ɖa le nɔnɔmetata la me, aleke woɖo eƒe gbedodoɖaa ŋui, eye nukae esia fia mí?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Ezra 3:1-13.

    Ne míeva le teƒe aɖe si Mawu ƒe amewo ƒe hame aɖeke mele o ɖe, nukae wòle be míayi edzi awɔ? (Ezra 3:3, 6; Dɔw. 17:16, 17; Heb. 13:15)

  2. Xlẽ Ezra 4:1-7.

    Kpɔɖeŋu kae Zerubabel ɖo na Yehowa ƒe amewo le xɔsetsakatsaka ŋu? (Mose II, 34:12; Kor. I, 15:33; Kor. II, 6:14-17)

  3. Xlẽ Ezra 5:1-5, 17 kple 6:1-22.

    1. Nukatae tsitretsiɖeŋulawo mete ŋu tɔ te gbedoxɔa tutu o? (Ezra 5:5; Yes. 54:17)

    2. Aleke nusi Yudatɔ ame tsitsiwo wɔ la dea dzi ƒo na Kristotɔ hamemegãwo be woadi Yehowa ƒe mɔfiafia ne amewo le tsitre tsim ɖe hamea ŋu? (Ezra 6:14; Ps. 32:8; Rom. 8:31; Yak. 1:5)

  4. Xlẽ Ezra 8:21-23, 28-36.

    Hafi míaɖe afɔ aɖe la, Ezra ƒe kpɔɖeŋu kae wòanyo be míasrɔ̃? (Ezra 8:23; Ps. 127:1; Lod. 10:22; Yak. 4:13-15)

Ŋutinya 82

Mardoxai Kple Ester

  1. Amekawoe nye Mardoxai kple Ester?

  2. Nukatae Fia Axasweros di be yeaɖe srɔ̃ yeye, eye amekae wòtia?

  3. Amekae nye Haman, eye nukae na wòdo dziku vevie?

  4. Se kae wode, eye nukae Ester wɔ esi wòse du si Mardoxai ɖo ɖee?

  5. Nukae dzɔ ɖe Haman dzi, eye aleke nuwo va yi na Mardoxai ya?

  6. Aleke woɖe Israel-viwo tso woƒe futɔwo si mee?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Ester 2:12-18.

    Aleke Ester ɖee fia be ele vevie be “gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme” nanɔ ame si? (Ester 2:15; Pet. I, 3:1-5)

  2. Xlẽ Ester 4:1-17.

    Abe alesi ko wona mɔnukpɔkpɔ Ester be wòaʋli tadedeagu vavãtɔ ta ene la, mɔnukpɔkpɔ kae wona mí egbea be míaɖee afia be míevɔ̃a Yehowa hewɔa nuteƒe nɛ? (Ester 4:13, 14; Mat. 5:14-16; 24:14)

  3. Xlẽ Ester 7:1-6.

    Aleke Mawu ƒe ame siwo li egbea la dometɔ geɖe de woƒe agbe afɔku me le yometiti ƒe ɣeyiɣi me, abe alesi Ester wɔe ene? (Ester 7:4; Mat. 10:16-22; Pet. I, 2:12)

Ŋutinya 83

Yerusalem Gliawo

  1. Aleke Israel-viwo se le wo ɖokui me ku ɖe gli si mele wo dedu Yerusalem ŋu o la ŋu?

  2. Amekae nye Nexemya?

  3. Dɔ kae Nexemya wɔna, eye nukatae wònye dɔ vevi aɖe?

  4. Nukae na Nexemya lé blanui, eye nukae wòwɔ?

  5. Aleke Fia Artaxsasta nyo dɔme na Nexemya?

  6. Aleke Nexemya wɔ ɖoɖo ɖe glia ɖoɖo ŋu ale be Israel-viwo ƒe futɔwo mete ŋu tɔ te wo o?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Nexemya 1:4-6 kple 2:1-20.

    Aleke Nexemya di Yehowa ƒe mɔfiafiae? (Nex. 2:4, 5; Rom. 12:12; Pet. I, 4:7)

  2. Xlẽ Nexemya 3:3-5.

    Nukae hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ate ŋu asrɔ̃ tso vovototo si dze le Tekoatɔwo kple “bubumewo” ƒe nuwɔna dome ŋu? (Nex. 3:5, 27; Tes. II, 3:7-10; Pet. I, 5:5)

  3. Xlẽ Nexemya 4:1-23.

    1. Nukae ʋã Israel-viwo be woayi edzi aɖo glia togbɔ be wotsi tre ɖe wo ŋu vevie hã? (Nex. 4:6, 8, 9; Ps. 50:15; Yes. 65:13, 14)

    2. Mɔ ka nue Israel-viwo ƒe kpɔɖeŋua dea dzi ƒo na mí le egbea?

  4. Xlẽ Nexemya 6:15.

    Nukae alesi woɖo Yerusalem gliawo le ɣleti eve me ɖe fia le ŋusẽ si le xɔse ŋu ŋuti? (Ps. 56:4, 5; Mat. 17:20; 19:26)

Ŋutinya 84

Mawudɔla aɖe Yi Maria Gbɔ

  1. Nyɔnu kae nye ema le nɔnɔmetata la me?

  2. Nya kae Gabriel gblɔ na Maria?

  3. Aleke Gabriel ɖe eme na Maria be adzi vi togbɔ be medɔ kple ŋutsu kpɔ o?

  4. Nukae dzɔ esi Maria yi eƒe ƒometɔ Elisabet kpɔ ge ɖa?

  5. Nukae Yosef susu esi wòse be Maria le vi dzi ge, gake nukatae wòtrɔ eƒe susua?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Luka 1:26-56.

    1. Nukae Luka 1:35 ɖe fia ku ɖe ŋusẽ si Adam ƒe blibomademade akpɔ ɖe azi si le Maria ƒe vidzidɔ me esi wotrɔ Mawu ƒe Vi la ƒe agbe tso dziƒo de eme la dzi? (Xag. 2:11-13; Yoh. 6:69; Heb. 7:26; 10:5)

    2. Aleke wode bubu Yesu ŋu gɔ̃ hã hafi wova dzii? (Luka 1:41-43)

    3. Kpɔɖeŋu nyui kae Maria ɖo ɖi na Kristotɔ siwo xɔa subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo egbea? (Luka 1:38, 46-49; 17:10; Lod. 11:2)

  2. Xlẽ Mateo 1:18-25.

    Togbɔ be wometsɔ ŋkɔ Imanuel na Yesu o hã la, aleke akpa si wòwɔ esi wònye amegbetɔ la na gɔmesese si le ŋkɔ ma ŋu va emee? (Mat. 1:22, 23; Yoh. 14:8-10; Heb. 1:1-3)

Ŋutinya 85

Wodzi Yesu ɖe Lãkpɔ Me

  1. Amekae nye vidzĩ si le nɔnɔmetataa me, eye afikae Maria tsɔe le mɔmlɔm?

  2. Nukatae wodzi Yesu ɖe lãkpɔ si me lãwo le la me?

  3. Amekawoe gbɔna lãkpɔa me le nɔnɔmetata la me, eye nya kae mawudɔla aɖe gblɔ na wo?

  4. Nukatae Yesu nye ame vevi aɖe?

  5. Nukatae woyɔ Yesu be Mawu ƒe Vi ɖo?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Luka 2:1-20.

    1. Akpa kae Kaisaro Augusto wɔ le nyagblɔɖi si ku ɖe Yesu dzidzi ŋu me vava me? (Luka 2:1-4; Mixa 5:1)

    2. Aleke ame awɔ ava nɔ ‘amesiwo si nɔnɔme nyui le’ la dome? (Luka 2:14; Mat. 16:24; Yoh. 17:3; Dɔw. 3:19; Heb. 11:6) (Luke 2:14; Matt. 16:24; John 17:3; Acts 3:19; Heb. 11:6)

    3. Ne susu aɖe li si tae Yudatɔ alẽkplɔla ɖokuibɔbɔla mawo akpɔ dzidzɔ be wodzi Xɔla la, ekema susu si lolo wu ka tae wòle be Mawu subɔlawo nakpɔ dzidzɔ ɖo egbea? (Luka 2:10, 11; Ef. 3:8, 9; Nyaɖ. 11:15; 14:6)

Ŋutinya 86

Amesiwo Ɣletivi Fia Mɔe

  1. Amekawoe nye amesiwo le nɔnɔmetata la me, eye nukatae wo dometɔ ɖeka le asi fiam ɣletivi keklẽ aɖe?

  2. Nukatae dɔme ve Fia Herodes, eye nukae wòwɔ?

  3. Afikae ɣletivi keklẽ la fia mɔ ameawo yi, gake nukatae woto mɔ bubu dzo yi wo de?

  4. Se kae Herodes de, eye nukatae?

  5. Nukae Yehowa gblɔ na Yosef be wòawɔ?

  6. Amekae na ɣletivi yeye la klẽ, eye nukatae?

Additional question:

  1. Xlẽ Mateo 2:1-23.

    Ƒe nenie Yesu xɔ, eye afikae wònɔ, esime ɣletivimefakalawo va srãe kpɔ? (Mat. 2:1, 11, 16)

Ŋutinya 87

Yesu Ðevi la le Gbedoxɔa Me

  1. Ƒe nenie Yesu xɔ le nɔnɔmetataa me, eye afikae wòle?

  2. Nukae Yosef kple eƒe ƒomea wɔna ƒe sia ƒe?

  3. Esi wotrɔ gbɔna aƒe gbeɖeka la, nukatae Yosef kple Maria trɔ yi Yerusalem?

  4. Afikae Yosef kple Maria kpɔ Yesu le, eye nukatae amesiwo le afima ƒe mo wɔ yaa?

  5. Nya kae Yesu gblɔ na dada Maria?

  6. Aleke míate ŋu anɔ abe Yesu ene le nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu me?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Luka 2:41-52.

    1. Togbɔ be Sea bia be ŋutsuwo ko neva ŋkekenyuiwo ɖuƒe ƒe sia ƒe hã la, kpɔɖeŋu nyui kae Yosef kple Maria ɖo ɖi na dzila siwo li egbea? (Luka 2:41; Mose V, 16:16; 31:12; Lod. 22:6)

    2. Aleke Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na ɖeviwo egbea be woabɔbɔ wo ɖokui ɖe wo dzilawo te? (Luka 2:51; Mose V, 5:16; Lod. 23:22; Kol. 3:20)

  2. Xlẽ Mateo 13:53-56.

    Yesu dadavi ŋutsu ene kawo ŋkɔe woyɔ le Biblia me, eye aleke wozã wo dometɔ eve emegbe le Kristo-hamea me? (Mat. 13:55; Dɔw. 12:17; 15:6, 13; 21:18; Gal. 1:19; Yak. 1:1; Yuda 1)

Ŋutinya 88

Yohanes Nyrɔ Yesu ɖe Tsi Me

  1. Amekawoe nye ŋutsu eve mawo le nɔnɔmetataa me?

  2. Aleke wonyrɔa amee?

  3. Amekawoe Yohanes nyrɔna edziedzi?

  4. Susu vevi ka tae Yesu bia Yohanes be wòanyrɔ ye?

  5. Aleke Mawu ɖee fia be edzɔ dzi na ye be Yesu xɔ nyɔnyrɔ?

  6. Nukae dzɔ esi Yesu yi teƒe aɖe si ɖe vovo ŋkeke 40?

  7. Amekawoe nye Yesu yomedzela, alo nusrɔ̃la, gbãtɔwo dometɔ aɖewo, eye nukunu gbãtɔ kae wòwɔ?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mateo 3:13-17.

    Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi ku ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu? (Ps. 40:8, 9; Mat. 28:19, 20; Luka 3:21, 22)

  2. Xlẽ Mateo 4:1-11.

    Aleke alesi Yesu zã Ŋɔŋlɔawo nyuie la dea dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ Biblia edziedzi? (Mat. 4:5-7; Pet. II, 3:17, 18; Yoh. I, 4:1)

  3. Xlẽ Yohanes 1:29-51.

    Ameka dzie Yohanes Amenyrɔɖetsimela he eƒe nusrɔ̃lawo ƒe susu yi, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eyama egbeae? (Yoh. 1:29, 35, 36; 3:30; Mat. 23:10)

  4. Xlẽ Yohanes 2:1-12.

    Aleke Yesu ƒe nukunu gbãtɔa ɖee fia be Yehowa metea nu nyui aɖeke Esubɔlawo o? (Yoh. 2:9, 10; Ps. 84:12; Yak. 1:17)

Ŋutinya 89

Yesu Kɔ Gbedoxɔ la Ŋu

  1. Nukatae wole lãwo dzram le gbedoxɔa me ɖo?

  2. Nukae ve dɔme na Yesu?

  3. Abe alesi nàkpɔe le nɔnɔmetataa me ene la, nukae Yesu wɔ, eye gbe kae wòɖe na amesiwo le akpakpawo dzram?

  4. Esi Yesu yomedzelawo kpɔ nusi wɔm wòle la, nuka dzie wòɖo ŋkui na wo?

  5. Nuto ka mee Yesu yi ɖato esime wòtrɔ yina Galilea?

Additional question:

  1. Xlẽ Yohanes 2:13-25.

    Ne míebu alesi dɔme ve Yesu ɖe amesiwo nɔ ga gbam le gbedoxɔa me ŋu la, nukpɔsusu nyui kae wòle be wòanɔ mía si ɖe asitsatsa le Fiaɖuƒe Akpataa me ŋu? (Yoh. 2:15, 16; Kor. I, 10:24, 31-33)

Ŋutinya 90

Ele Nyɔnua Gbɔ le Vudoa To

  1. Nukatae Yesu tɔ ɖe vudo aɖe to le Samaria, eye nya ka gblɔm wòle na nyɔnua le afima?

  2. Nukatae esia wɔ nuku na nyɔnua, nya kae Yesu gblɔ nɛ, eye nukatae?

  3. Tsi ka ƒomevie nyɔnua bu be eƒe nya gblɔm Yesu le, gake tsi ka ƒe nya gblɔm Yesu le ŋutɔŋutɔ?

  4. Nukatae nyɔnua ƒe mo yaa le nusi Yesu nya tso eŋu la ta, eye aleke wòwɔ nya nusiawo?

  5. Nukawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nyɔnu si le vudoa to ŋuti nuŋlɔɖia me?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Yohanes 4:5-43.

    1. Le Yesu ƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ me la, nɔnɔme kae wòle be míaɖe afia amesiwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo alo amesiwo ƒe nɔnɔme mesɔ kple mía tɔ o? (Yoh. 4:9; Kor. I, 9:22; Tim. I, 2:3, 4; Tito 2:11)

    2. Yayra kawoe amesi va zu Yesu ƒe nusrɔ̃la xɔna le Mawu subɔsubɔ ta? (Yoh. 4:14; Yes. 58:11; Kor. II, 4:16)

    3. Aleke míawɔ aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia abe Samaria nyɔnu si di vevie be yeaƒo nu tso nusiwo wogblɔ na ye ŋu ene? (Yoh. 4:7, 28; Mat. 6:33; Luka 10:40-42)

Ŋutinya 91

Yesu Fia Nu le To aɖe Dzi

  1. Afikae Yesu le nu fiam le le nɔnɔmetata la me, eye amekawoe nye ema nɔ anyi ɖe egbɔ tututu?

  2. Apostolo 12-awo ƒe ŋkɔwo ɖe?

  3. Nukae nye Fiaɖuƒe si ŋu Yesu le gbeƒã ɖem tsoe?

  4. Nukae Yesu fia ameawo be woado gbe ɖa abia?

  5. Nya kae Yesu gblɔ le alesi wòle be ameawo nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋui ŋu?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mateo 5:1-12.

    Mɔ kawo nue míate ŋu aɖee fia le be míetsɔa ɖe le mawusubɔsubɔnyawo me? (Mat. 5:3; Rom. 10:13-15; Tim. I, 4:13, 15, 16)

  2. Xlẽ Mateo 5:21-26.

    Aleke Mateo 5:23, 24 te gbe ɖe edzi be ƒomedodo si le mía kple mía nɔviwo dome la kpɔa ŋusẽ ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodo dzi? (Mat. 6:14, 15; Ps. 133:1; Kol. 3:13; Yoh. I, 4:20)

  3. Xlẽ Mateo 6:1-8.

    Ðokuiŋudzedze ƒomevi kawoe wòle be Kristotɔwo naƒo asa na? (Luka 18:11, 12; Kor. I, 4:6, 7; Kor. II, 9:7)

  4. Xlẽ Mateo 6:25-34.

    Nukae Yesu fia le alesi wòhiã be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be ana ŋutilãmenuhiahiãwo mí ŋu? (Mose II, 16:4; Ps. 37:25; Fil. 4:6)

  5. Xlẽ Mateo 7:1-11.

    Nukae kpɔɖeŋu si me kɔ nyuie si le Mateo 7:5 la fia mí? (Lod. 26:12; Rom. 2:1; 14:10; Yak. 4:11, 12)

Ŋutinya 92

Yesu Fɔ Ame Kukuwo Ðe Tsitre

  1. Amekae nye nyɔnuvi si le nɔnɔmetataa me fofo, eye nukatae edzilawo xa nu vevie?

  2. Nukae Yairo wɔ esi wòkpɔ Yesu?

  3. Nukae dzɔ esi Yesu yina Yairo ƒeme, eye nya kae wova gblɔ na Yairo le mɔa dzi?

  4. Nukatae amesiwo le Yairo ƒeme la ɖu fewu le Yesu ŋu?

  5. Esi Yesu kplɔ apostolo etɔ̃ kpakple nyɔnuvi la fofo kple dadaa yi xɔ si me nyɔnuvia le vɔ la, nukae wòwɔ?

  6. Amekawo hãe Yesu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye nukae esia fia?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Luka 8:40-56.

    Aleke Yesu kpɔ nublanui hese nu gɔme na nyɔnu si ŋu ʋu nɔ sisim le lae, eye nukae Kristotɔ hamemegãwo ate ŋu asrɔ̃ tso esia me egbea? (Luka 8:43, 44, 47, 48; Mose III, 15:25-27; Mat. 9:12, 13; Kol. 3:12-14)

  2. Xlẽ Luka 7:11-17.

    Nukatae amesiwo ƒe ame ku ate ŋu akpɔ akɔfafa gã aɖe tso alesi Yesu wɔ nu ɖe Nain-hosi la ŋui me? (Luka 7:13; Kor. II, 1:3, 4; Heb. 4:15)

  3. Xlẽ Yohanes 11:17-44.

    Aleke Yesu ɖee fia be ele dzɔdzɔme nu be woase veve ne ame ku na ame? (Yoh. 11:33-36, 38; Sam. II, 18:33; 19:1-4)

Ŋutinya 93

Yesu Nyi Ame Geɖewo

  1. Nu dziŋɔ kae dzɔ ɖe Yohanes Amenyrɔɖetsimela dzi, eye aleke esia na Yesu se le eɖokui me?

  2. Aleke Yesu nyi ameha siwo kplɔe ɖoe, eye nuɖuɖu agbɔsɔsɔ kae tsi anyi?

  3. Nukatae nusrɔ̃lawo vɔ̃ le zã me, eye nukae dzɔ ɖe Petro dzi?

  4. Aleke Yesu nyi ame akpe geɖe zi evelia?

  5. Nukatae nuwo anyo ŋutɔ ne Yesu si nye Mawu ƒe Fia la le anyigba dzi ɖum?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mateo 14:1-32.

    1. Nuka gɔmee nuŋlɔɖi si le Mateo 14:23-32 na míese le Petro ƒe amenyenye ŋu?

    2. Aleke Ŋɔŋlɔawo me nuŋlɔɖia ɖee fia be Petro wɔ ŋgɔyiyi va ɖu eƒe dzitsitsia dzi? (Mat. 14:27-30; Yoh. 18:10; 21:7; Dɔw. 2:14, 37-40; Pet. I, 5:6, 10)

  2. Xlẽ Mateo 15:29-38.

    Aleke Yesu de bubu ŋutilãmenu siwo Fofoa nae ŋu? (Mat. 15:37; Yoh. 6:12; Kol. 3:15)

  3. Xlẽ Yohanes 6:1-21.

    Aleke Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le bubudede dziɖuɖu ŋu me? (Yoh. 6:15; Mat. 22:21; Rom. 12:2; 13:1-4)

Ŋutinya 94

Elɔ̃ Ðevi Suewo

  1. Nuka ŋue apostoloawo nɔ nya ʋlim le esime wole mɔ dzi gbɔna tso didi aɖe ƒe?

  2. Nukatae Yesu yɔ ŋutsuvi sue aɖe hetsɔe tsi tre ɖe apostoloawo dome?

  3. Mɔ ka nue wòle be apostoloawo nasrɔ̃ alesi woanɔ abe ɖeviwo ene le?

  4. Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, aleke Yesu ɖee fia be yelɔ̃a ɖeviwo?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mateo 18:1-4.

    Nukatae Yesu zã kpɔɖeŋuwo tsɔ fia nui? (Mat. 13:34, 36; Mar. 4:33, 34)

  2. Xlẽ Mateo 19:13-15.

    Ðeviwo ƒe nɔnɔme kawoe wòle be míasrɔ̃ ne míedi be míaxɔ Fiaɖuƒea ƒe yayrawo? (Ps. 25:9; 138:6; Kor. I, 14:20)

  3. Xlẽ Marko 9:33-37.

    Nukae Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo le nɔƒegãdidi ŋu? (Mar. 9:35; Mat. 20:25, 26; Gal. 6:3; Fil. 2:5-8)

  4. Xlẽ Marko 10:13-16.

    Aleke gbegbee amewo tena ɖe Yesu ŋui, eye nukae Kristotɔ hamemegãwo ate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me? (Marko 6:30-34; Fil. 2:1-4; Tim. I, 4:12)

Ŋutinya 95

Alesi Yesu Fiaa Nui

  1. Nya kae ŋutsu aɖe bia Yesu, eye nukatae?

  2. Nukae Yesu zãna ɣeaɖewoɣi tsɔ fiaa nui, eye nukae míesrɔ̃ xoxo tso Yudatɔwo kple Samariatɔwo ŋu?

  3. Nukae Yesu zãna ɣeaɖewoɣi tsɔ fiaa nui, eye nukae míesrɔ̃ xoxo tso Yudatɔwo kple Samariatɔwo ŋu?

  4. Nukae dzɔ esi Yuda-nunɔla aɖe kple Lewitɔ aɖe va to mɔa dzi yi?

  5. Amekae le kpekpem ɖe Yudatɔa si xɔ abi la ŋu le nɔnɔmetata la me?

  6. Esi Yesu wu eƒe ŋutinyaa nu vɔ la, nya kae wòbia, eye aleke ŋutsua ɖo eŋui?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Luka 10:25-37.

    1. Le esi teƒe be Yesu naɖo nya ŋu tẽ na ŋutsu si nya Sea nyuie la, aleke wòkpe ɖe eŋu wòbu tame le nyaa ŋui? (Luka 10:26; Mat. 16:13-16)

    2. Le esi teƒe be Yesu naɖo nya ŋu tẽ na ŋutsu si nya Sea nyuie la, aleke wòkpe ɖe eŋu wòbu tame le nyaa ŋui? (Luka 10:26; Mat. 16:13-16)

Ŋutinya 96

Yesu Da Dɔ na Dɔlélawo

  1. Nukae Yesu wɔ esi wònɔ duawo me tom?

  2. Anɔ ƒe etɔ̃ le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, nya kae wògblɔ na eƒe apostolowo?

  3. Amekawoe nye amesiwo le nɔnɔmetataa me, eye nukae Yesu wɔ na nyɔnua?

  4. Nukatae alesi Yesu ɖo tsitretsiɖeŋunya siwo subɔsubɔhakplɔlawo gblɔ ŋu la na ŋu kpe wo?

  5. Esi Yesu kple eƒe apostolowo gogo Yerixo la, nukae Yesu wɔ na nubiala ŋkuagbãtɔ eve?

  6. Nukatae Yesu wɔ nukunuwo ɖo?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mateo 15:30, 31.

    Yehowa ƒe ŋusẽ ɖeɖefia wɔnuku kae dze to Yesu dzi, eye ŋusẽ kae wòle be esia nakpɔ ɖe alesi míesea nusi ŋugbe Yehowa do ku ɖe xexe yeyea ŋu gɔme ɖe edzii? (Ps. 37:29; Yes. 33:24)

  2. Xlẽ Luka 13:10-17.

    Aleke nyateƒe si wònye be Yesu wɔ eƒe nukunu ɖedzesi akpa gãtɔ le Sabat dzi la ɖe gbɔdzɔe si tɔgbe wòahe vɛ na ameƒomea le eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me fia? (Luka 13:10-13; Ps. 46:10; Mat. 12:8; Kol. 2:16, 17; Nyaɖ. 21:1-4)

  3. Xlẽ Mateo 20:29-34.

    Aleke nuŋlɔɖi sia ɖee fia be Yesu mesusui be yexaxa akpa be yeakpe ɖe amewo ŋu o, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me? (Mose V, 15:7; Yak. 2:15, 16; Yoh. I, 3:17)

Ŋutinya 97

Yesu Gbɔna abe Fia Ene

  1. Esi Yesu va ɖo kɔƒe aɖe si te ɖe Yerusalem ŋu me la, nukae wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ?

  2. Nukae dzɔ esi Yesu te ɖe Yerusalem-dua ŋu le nɔnɔmetata la me?

  3. Nukae ɖevi suewo wɔ esi wokpɔ be Yesu da dɔ na ŋkuagbãtɔwo kple bunɔwo?

  4. Nya kae Yesu gblɔ na nunɔla siwo dɔme le vevem la?

  5. Aleke míate ŋu anɔ abe ɖevi siwo kafu Yesu ene?

  6. Nukae nusrɔ̃lawo di be yewoanya?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mateo 21:1-17.

    1. Aleke Yesu ƒe Yerusalem yiyi abe Fia ene la to vovo tso aʋafia dziɖula siwo nɔ anyi le Romatɔwo ƒe ɣeyiɣiawo me tɔ gbɔe? (Mat. 21:4, 5; Zax. 9:9; Fil. 2:5-8; Kol. 2:15)

    2. Nukae ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ tso Israel-vi sue siwo yɔ nya si le Psalmo 118 me esime Yesu ɖo gbedoxɔa me la gbɔe? (Mat. 21:9, 15; Ps. 118:25, 26; Tim. II, 3:15; Pet. II, 3:18)

  2. Xlẽ Yohanes 12:12-16.

    Nukae deʋaya siwo amesiwo nɔ Yesu kafum tsɔ ɖe asi la nye kpɔɖeŋu na? (Yoh. 12:13; Fil. 2:10; Nyaɖ. 7:9, 10)

Ŋutinya 98

Le Amito la Dzi

  1. Amekae nye Yesu le nɔnɔmetata la me, eye amekawoe le egbɔ?

  2. Nukae nunɔlawo di be yewoawɔ Yesu le gbedoxɔa me, eye nya kae Yesu gblɔ na wo?

  3. Nya kae apostoloawo bia Yesu?

  4. Nukatae Yesu gblɔ nusiwo adzɔ le anyigba dzi ne ele dzi ɖum le dziƒo la dometɔ aɖewo na eƒe apostoloawo?

  5. Nukae Yesu gblɔ be adzɔ hafi yeaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖesiaɖe ɖa le anyigba dzi?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mateo 23:1-39.

    1. Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo gblɔ be dzesideŋkɔwo zazã ate ŋu asɔ hã la, nukae Yesu ƒe nya siwo le Mateo 23:8-11 ɖe fia le amedodoɖedzi ƒe dzesideŋkɔwo zazã le Kristo-hamea me ŋu? (Dɔw. 26:25; Rom. 13:7; Pet. I, 2:13, 14)

    2. Nukae Farisitɔwo zã tsɔ dze agbagba be yewoaxe mɔ na amewo be woagazu Kristotɔwo o, eye aleke subɔsubɔhakplɔlawo zã mɔnu mawo tɔgbe egbeae? (Mat. 23:13; Luka 11:52; Yoh. 9:22; 12:42; Tes. I, 2:16)

  2. Xlẽ Mateo 24:1-14.

    1. Aleke wote gbe ɖe dzidodo ƒe vevienyenye dzii le Mateo 24:13?

    2. Nukae nyagbɔgblɔ “nuwuwu” si dze le Mateo 24:13 la fia? (Mat. 16:27; Rom. 14:10-12; Kor. II, 5:10)

  3. Xlẽ Marko 13:3-10.

    Nyagbɔgblɔ kae le Marko 13:10 si ɖee fia be ehiã kpata be woaɖe gbeƒã nyanyuia, eye aleke wòle be Yesu ƒe nyawo nawɔ dɔ ɖe mía dzii? (Rom. 13:11, 12; Kor. I, 7:29-31; Tim. II, 4:2)

Ŋutinya 99

Le Dziƒoxɔ aɖe Me

  1. Abe alesi wòdze le nɔnɔmetataa me ene la, nukatae Yesu kple eƒe apostolo 12-awo le dziƒoxɔ gã aɖe me?

  2. Amekae nye ema dzo yina, eye nuka wɔ gee wòyina?

  3. Nuɖuɖu tɔxɛ ka gɔmee Yesu dze esi woɖu Ŋutitoto nuɖuɖua vɔ?

  4. Nudzɔdzɔ ka dzie Ŋutitoto la ɖoa ŋkui na Israel-viwo, eye nuka dzie nuɖuɖu tɔxɛ sia ɖoa ŋkui na Yesu yomedzelawo?

  5. Le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua vɔ megbe la, nya kae Yesu gblɔ na eyomedzelawo, eye nukae wowɔ?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mateo 26:14-30.

    1. Aleke Mateo 26:15 ɖee fia be Yuda ŋutɔe ɖoe be yeade Yesu asi?

    2. Taɖodzinu eve ka tae Yesu kɔ eƒe ʋu ɖi ɖo? (Mat. 26:27, 28; Yer. 31:31-33; Ef. 1:7; Heb. 9:19, 20)

  2. Xlẽ Luka 22:1-39.

    Gɔmesese ka nue Satana ge ɖe Yuda me le? (Luka 22:3; Yoh. 13:2; Dɔw. 1:24, 25)

  3. Xlẽ Yohanes 13:1-20.

    1. Le nuŋlɔɖi si le Yohanes 13:2 nu la, ɖe woate ŋu abu fɔ Yuda le nusi wòwɔ taa, eye nukae Mawu subɔlawo ate ŋu asrɔ̃ tso esia me? (Mose I, 4:7; Kor. II, 2:11; Gal. 6:1; Yak. 1:13, 14)

    2. Nu vevi ŋutɔŋutɔ kae Yesu fia? (Yoh. 13:15; Mat. 23:11; Pet. I, 2:21)

  4. Xlẽ Yohanes 17:1-26.

    Gɔmesese ka nue Yesu do gbe ɖa be ye yomedzelawo ‘nazu ɖeka’ le? (Yoh. 17:11, 21-23; Rom. 13:8; 14:19; Kol. 3:14)

Ŋutinya 100

Yesu le Abɔ la Me

  1. Afikae Yesu kple eƒe apostolowo yi esi woɖi tso dziƒoxɔa dzi, eye nukae wògblɔ na wo be woawɔ?

  2. Nukae Yesu kpɔ esi wòtrɔ va apostoloawo gbɔ, eye zi nenie nusia dzɔ?

  3. Amekawoe va abɔa me, eye nukae Yuda Iskariot wɔ abe alesi wòdze le nɔnɔmetataa me ene?

  4. Nukatae Yuda gbugbɔ nu na Yesu, eye nukae Petro wɔ?

  5. Nya kae Yesu gblɔ na Petro, gake nukatae Yesu mebia Mawu be wòaɖo mawudɔlawo ɖe ye o?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mateo 26:36-56.

    1. Aleke alesi Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na Kristotɔ hamemegãwo egbea? (Mat. 20:25-28; 26:40, 41; Gal. 5:17; Ef. 4:29, 31, 32)

    2. Aleke Yesu bu lãnuwo tsɔtsɔ ɖe ame havi ŋui? (Mat. 26:52; Luka 6:27, 28; Yoh. 18:36)

  2. Xlẽ Luka 22:39-53.

    Aleke Yesu kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo ta tso eƒe tsitretsiɖeŋulawo si mee, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu sia me? (Yoh. 10:11, 12; 18:1, 6-9; Heb. 13:6; Yak. 2:25)

  3. Xlẽ Yohanes 18:1-12.

    Aleke Yesu kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo ta tso eƒe tsitretsiɖeŋulawo si mee, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu sia me? (Yoh. 10:11, 12; 18:1, 6-9; Heb. 13:6; Yak. 2:25)

Ŋutinya 101

Wowu Yesu

  1. Wowu Yesu

  2. Nukae apostoloawo wɔ esi subɔsubɔhakplɔlawo lé Yesu?

  3. Nukae dzɔ le nunɔlagã Kayafa ƒeme?

  4. Nukatae Petro do go hefa avi?

  5. Esi wokplɔ Yesu yi Pilato gbɔ la, nukae nunɔlagãwo do ɣli be woawɔ?

  6. Nukae dzɔ ɖe Yesu dzi le Fiɖagbe ŋdɔ me, eye ŋugbe kae wòdo na hlɔ̃dola aɖe si woklã ɖe ati ŋu le exa la?

  7. Afikae Paradiso si ƒe nya gblɔm Yesu le la le?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mateo 26:57-75.

    Mɔ ka nue Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔa me tɔwo ɖee fia le be dzi vɔ̃ɖie le yewo si? (Mat. 26:59, 67, 68)

  2. Xlẽ Mateo 27:1-50.

    Nukatae míate ŋu agblɔ be veve si Yuda se ɖe nusi wòwɔ ta la metso eƒe dzime ŋutɔŋutɔ o? (Mat. 27:3, 4; Mar. 3:29; 14:21; Kor. II, 7:10, 11)

  3. Xlẽ Luka 22:54-71.

    Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Petro ƒe nugbegbe le Yesu gbɔ le zã si me wofia eyome mɔ helée la me? (Luka 22:60-62; Mat. 26:31-35; Kor. I, 10:12)

  4. Xlẽ Luka 23:1-49.

    Aleke Yesu wɔ nui esime wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋuti, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me? (Luka 23:33, 34; Rom. 12:17-19; Pet. I, 2:23)

  5. Xlẽ Yohanes 18:12-40.

    Nukae nyateƒe si wònye be togbɔ be amegbetɔ vɔvɔ̃ ɖe fu na Petro ɣeyiɣi vi aɖe hã la, egava zu apostolo vevi aɖe la ɖe fia? (Yoh. 18:25-27; Kor. I, 4:2; Pet. I, 3:14, 15; 5:8, 9)

  6. Xlẽ Yohanes 19:1-30.

    1. Nukpɔsusu si da sɔ kae nɔ Yesu si le ŋutilãmenuwo ŋu? (Yoh. 2:1, 2, 9, 10; 19:23, 24; Mat. 6:31, 32; 8:20)

    2. Aleke nya si Yesu gblɔ esime wònɔ kukum la nye aʋadziɖunya si fia be edo Yehowa ƒe dziɖulanyenye ɖe dzi? (Yoh. 16:33; 19:30; Pet. II, 3:14; Yoh. I, 5:4)

Ŋutinya 102

Yesu Le Agbe

  1. Amekae nye nyɔnu si le nɔnɔmetataa me, amekawoe nye ŋutsu eveawo, eye afikae wole?

  2. Nukatae Pilato gblɔ na nunɔlawo be woadɔ asrafowo ɖa woaɖadzɔ Yesu ƒe yɔdoa ŋu?

  3. Nukae mawudɔla aɖe wɔ le Yesu ƒe ku megbe ŋkeke etɔ̃agbe ƒe ŋdi kanya, gake nukae nunɔlawo wɔ?

  4. Nukatae nyɔnu aɖewo siwo de Yesu ƒe yɔdoa to la ƒe mo wɔ yaa?

  5. Nukatae Petro kple Yohanes ƒu du yi Yesu ƒe yɔdoa to, eye nukae wokpɔ?

  6. Nukae dzɔ ɖe Yesu ƒe ŋutilã dzi, gake nukae wòwɔ be yeatsɔ aɖee afia nusrɔ̃lawo be yele agbe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Mateo 27:62-66 kple 28:1-15.

    Le Yesu ƒe tsitretsiɣi la, aleke nunɔlagãwo, Farisitɔwo, kple ame tsitsiawo wɔ nuvɔ̃ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋui? (Mat. 12:24, 31, 32; 28:11-15)

  2. Xlẽ Luka 24:1-12.

    Aleke Yesu ƒe tsitretsitsi ŋuti nuŋlɔɖia ɖee fia be Yehowa bua nyɔnuwo be wonye ɖasefo siwo dzi woate ŋu aka ɖo? (Luka 24:4, 9, 10; Mat. 28:1-7)

  3. Xlẽ Yohanes 20:1-12.

    Aleke Yohanes 20:8, 9 kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be ehiã be míagbɔ dzi ɖi ne míese Biblia me nyagblɔɖi aɖe me vava gɔme keŋkeŋ o? (Lod. 4:18; Mat. 17:22, 23; Luka 24:5-8; Yoh. 16:12)

Ŋutinya 103

Ege Ðe Xɔ aɖe si Le Tutu Me

  1. Nya kae Maria gblɔ na ŋutsu aɖe si wòbu be eyae nye abɔdzikpɔla la, gake nukae na wònya be Yesue?

  2. Nukae dzɔ ɖe nusrɔ̃la eve siwo nɔ mɔ zɔm yina Emaus-kɔƒe la dzi?

  3. Nu wɔnuku kae dzɔ esime nusrɔ̃la eve gblɔ na apostoloawo be yewokpɔ Yesu?

  4. Zi nenie Yesu ɖe eɖokui fia eyomedzelawo?

  5. Nya kae Toma gblɔ esi wòse be nusrɔ̃lawo kpɔ Aƒetɔ la, gake nukae dzɔ le ŋkeke enyiagbe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Yohanes 20:11-29.

    Ðe Yesu nɔ gbɔgblɔm le Yohanes 20:23 be wona ŋusẽ amegbetɔwo be woatsɔ nuvɔ̃ akea? Ðe eme. (Ps. 49:3, 8; Yes. 55:7; Tim. I, 2:5, 6; Yoh. I, 2:1, 2)

  2. Xlẽ Luka 24:13-43.

    Aleke míate ŋu adzra míaƒe dzi ɖo ale be wòaxɔ Biblia me nyateƒea? (Luka 24:32, 33; Ezra 7:10; Mat. 5:3; Dɔw. 16:14; Heb. 5:11-14)

Ŋutinya 104

Yesu Gatrɔ Yi Dziƒo

  1. Nusrɔ̃la nenie kpɔ Yesu ɣeaɖeɣi, eye nuka ŋue wòƒo nu le na wo?

  2. Nukae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe la, eye aleke agbenɔnɔ anɔ le anyigba dzi ne Yesu nye Fia le dzi ɖum hena ƒe akpe ɖeka?

  3. Ŋkeke nenie Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo, gake nukae ɣeyiɣia de nɛ azɔ be wòawɔ?

  4. Do ŋgɔ teti hafi Yesu nadzo le eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ la, nukae wògblɔ na wo be woawɔ?

  5. Nukae le dzɔdzɔm le nɔnɔmetataa me, eye aleke wɔ womegakpɔ Yesu o?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Korintotɔwo I, 15:3-8.

    Nukatae apostolo Paulo te ŋu ƒo nu kple kakaɖedzi le Yesu ƒe tsitretsitsi ŋu nenema, eye nukawo ŋue Kristotɔ siwo li egbea hã ate ŋu aƒo nu le kple kakaɖedzi? (Kor. I, 15:4, 7, 8; Yes. 2:2, 3; Mat. 24:14; Tim. II, 3:1-5)

  2. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 1:1-11.

    Afika kee gbeƒãɖeɖedɔa ɖo, abe alesi wogblɔe ɖe Dɔwɔwɔwo 1:8 ene? (Dɔw. 6:7; 9:31; 11:19-21; Kol. 1:23)

Ŋutinya 105

Wole Lalam le Yerusalem

  1. Abe alesi wòdze le nɔnɔmetataa me ene la, nukae dzɔ ɖe Yesu yomedzela siwo nɔ lalam le Yerusalem la dzi?

  2. Nukunu ka teƒee amesiwo va Yerusalem la kpɔ?

  3. Nya ka mee Petro ɖe na ameawo?

  4. Aleke ameawo se le wo ɖokui me esime wose Petro ƒe nyawo vɔ, eye nukae wògblɔ na wo be woawɔ?

  5. Ame nenie xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkeke ma dzi?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 2:1-47.

    1. Aleke Petro ƒe nya siwo le Dɔwɔwɔwo 2:23, 36 ɖee fia be Yesu ƒe kua ƒe agba le Yuda-dukɔ bliboa dzi? (Tes. I, 2:14, 15)

    2. Aleke Petro ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le numeɖeɖe tso Ŋɔŋlɔawo me mee? (Dɔw. 2:16, 17, 29, 31, 36, 39; Kol. 4:6)

    3. Aleke Petro zã “dziƒofiaɖuƒe ƒe safuiawo” si ŋugbe Yesu do be yeatsɔ nɛ la ƒe gbãtɔ? (Dɔw. 2:14, 22-24, 37, 38; Mat. 16:19)

Ŋutinya 106

Woɖe Wo le Gaxɔ Me

  1. Nukae dzɔ ɖe Petro kple Yohanes dzi le ŋdɔ aɖe me esi woyina ɖe gbedoxɔa me?

  2. Nya kae Petro gblɔ na bunɔ aɖe, eye nukae Petro nae si xɔ asi wu ga?

  3. Nukatae dzi ku subɔsubɔhakplɔlawo, eye nukae wowɔ na Petro kple Yohanes?

  4. Nya kae Petro gblɔ na subɔsubɔhakplɔlawo, eye se kae wode na apostoloawo?

  5. Nukatae subɔsubɔhakplɔlawo ʋã ŋu, gake nukae dzɔ esi wode apostoloawo gaxɔ me zi evelia?

  6. Aleke apostoloawo ɖo nya ŋui esi wokplɔ wo va Ʋɔnudrɔ̃ƒegã lae?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 3:1-10.

    Togbɔ be womena ŋusẽ mí be míawɔ nukunuwo egbea o hã la, aleke Petro ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Dɔwɔwɔwo 3:6 kpena ɖe mía ŋu míedea asixɔxɔ Fiaɖuƒegbedasia ŋui? (Yoh. 17:3; Kor. II, 5:18-20; Fil. 3:8)

  2. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 4:1-31.

    Ne míedo go tsitretsiɖeŋu le subɔsubɔdɔa me la, mɔ ka nue wòle be míasrɔ̃ mía nɔvi Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me le? (Dɔw. 4:29, 31; Ef. 6:18-20; Tes. I, 2:2)

  3. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 5:17-42.

    Aleke amesiwo menye Ðasefowo o dometɔ aɖewo ɖe nugɔmesese fia ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le blema kple fifiae? (Dɔw. 5:34-39)

Ŋutinya 107

Woƒu Kpe Stefano

  1. Amekae nye Stefano, eye nukae Mawu kpena ɖe eŋu wòwɔna?

  2. Nya kae Stefano gblɔ si na subɔsubɔhakplɔlawo do dziku vevie?

  3. Esi ameawo he Stefano yi dua godo la, nukae wowɔ nɛ?

  4. Ðekakpui kae nye ema tsi tre ɖe awuawo gbɔ le nɔnɔmetata la me?

  5. Hafi Stefano naku la, gbe kae wòdo ɖa na Yehowa?

  6. Ne míedi be míasrɔ̃ Stefano la, nukae wòle be míawɔ ne ame aɖe wɔ vɔ̃ ɖe mía ŋuti?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 6:8-15.

    Ameblemɔnu kawo ŋudɔe subɔsubɔhakplɔlawo wɔ tsɔ te kpɔ be yewoatɔ te Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa? (Dɔw. 6:9, 11, 13)

  2. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 7:1-60.

    1. Nukae kpe ɖe Stefano ŋu wòte ŋu ʋli nyanyuia ta le Sanhedrin la ŋkume nyuie, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me? (Dɔw. 7:51-53; Rom. 15:4; Tim. II, 3:14-17; Pet. I, 3:15)

    2. Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si ɖe amesiwo tsia tre ɖe míaƒe dɔa ŋu la ŋuti? (Dɔw. 7:56-59; Mat. 5:44; Luka 23:33, 34)

Ŋutinya 108

Le Damasko Mɔ Dzi

  1. Nukae Saul wɔ le Stefano wuwu megbe?

  2. Esi Saul nɔ mɔ dzi yina Damasko la, nu wɔnuku kae dzɔ?

  3. Nukae Yesu gblɔ na Saul be wòawɔ?

  4. Nya kae Yesu gblɔ na Anania, eye aleke wɔ hafi Saul gate ŋu kpɔ nu?

  5. Aleke wova yɔna na Saul, eye aleke wozãe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 8:1-4.

    Aleke yometiti si va Kristo-hame si woɖo yeye dzi la na Kristotɔwo ƒe xɔsea kakae, eye nu ma tɔgbe kae dzɔ le egbeŋkekeawo me? (Dɔw. 8:4; Yes. 54:17)

  2. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 9:1-20.

    Dɔdasi etɔ̃ kae Yesu gblɔ be ele ye si na Saul? (Dɔw. 9:15; 13:5; 26:1; 27:24; Rom. 11:13)

  3. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 22:6-16.

    Aleke míawɔ anɔ abe Anania ene, eye nukatae ema le vevie? (Dɔw. 22:12; Tim. I, 3:7; Pet. I, 1:14-16; 2:12)

  4. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 26:8-20.

    Aleke Saul ƒe dzimetɔtrɔ zu Kristotɔ nye dzideƒo na amesiwo srɔ̃ nye dzimaxɔsetɔwo egbea? (Dɔw. 26:11; Tim. I, 1:14-16; Tim. II, 4:2; Pet. I, 3:1-3)

Ŋutinya 109

Petro Yi Kornelio Gbɔ

  1. Amekae nye ema le klo dzem le nɔnɔmetataa me?

  2. Nya kae mawudɔla aɖe gblɔ na Kornelio?

  3. Nukae Mawu na Petro kpɔ esi wòle Simon ƒe aƒe ƒe xɔta le Yope?

  4. Nukatae Petro gblɔ na Kornelio be mele be wòadze klo ahade ta agu na ye o?

  5. Nukatae Yudatɔ nusrɔ̃la siwo kplɔ Petro ɖo la ƒe mo wɔ yaa?

  6. Nu vevi kae wòle be míasrɔ̃ tso Petro ƒe Kornelio gbɔ yiyi me?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 10:1-48.

    Nukae Petro ƒe nya siwo le Dɔwɔwɔwo 10:42 ɖe fia ku ɖe Fiaɖuƒe nyanyui gbeƒãɖeɖedɔa ŋu? (Mat. 28:19; Mar. 13:10; Dɔw. 1:8)

  2. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 11:1-18.

    Nɔnɔme kae Petro ɖe fia esime mɔfiame siwo Yehowa na ku ɖe Trɔ̃subɔlawo ŋu me va kɔ nɛ, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋui? (Dɔw. 11:17, 18; Kor. II, 10:5; Ef. 5:17)

Ŋutinya 110

Timoteo—Paulo ƒe Kpeɖeŋutɔ Yeye

  1. Ðekakpui kae nye ema le nɔnɔmetataa me, afikae wòle, eye nɔa kple mamaa ŋkɔ ɖe?

  2. Nya kae Timoteo gblɔ esi Paulo biae be edi be yeakpe ɖe ye kple Sila ŋu yewoaɖa ɖe gbeƒã na amewo le didiƒe hã?

  3. Afikae woyɔ Yesu yomedzelawo le zi gbãtɔ be Kristotɔwo?

  4. Esi Paulo, Sila, kple Timoteo wodzo le Antioxia la, du siwo me woyi dometɔ aɖewo ɖe?

  5. Aleke Timoteo kpe ɖe Paulo ŋui, eye nya kae wòle be sɔhɛwo nabia wo ɖokui egbea?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 9:19-30.

    Aleke apostolo Paulo dze aɖaŋui esi amewo tsi tre ɖe nyanyuia ŋu? (Dɔw. 9:22-25, 29, 30; Mat. 10:16)

  2. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 11:19-26.

    Aleke nuŋlɔɖi si le Dɔwɔwɔwo 11:19-21, 26 ɖee fia be Yehowa ƒe gbɔgbɔae fiaa mɔ gbeƒãɖeɖedɔa?

  3. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 13:13-16, 42-52.

    Aleke Dɔwɔwɔwo 13:51, 52 ɖee fia be nusrɔ̃lawo meɖe mɔ tsitretsiɖeŋu ɖe dzi le wo ƒo o? (Mat. 10:14; Dɔw. 18:6; Pet. I, 4:14)

  4. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 14:1-6, 19-28.

    Aleke nyagbɔgblɔ ‘wotsɔ wo de Yehowa si me’ nana míevona tsoa dzimaɖitsitsi dzodzro me ne míele kpekpem ɖe ame yeyewo ŋu? (Dɔw. 14:21-23; 20:32; Yoh. 6:44)

  5. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 16:1-5.

    Aleke Timoteo ƒe lɔlɔ̃ faa be woatso aʋa na ye la te gbe ɖe alesi wòle vevie be míawɔ ‘nuwo katã ɖe nyanyui la ta’ dzii? (Dɔw. 16:3; Kor. I, 9:23; Tes. I, 2:8)

  6. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 18:1-11, 18-22.

    Nukae Dɔwɔwɔwo 18:9, 10 ɖe fia le Yesu ŋutɔ ƒe gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpɔkpɔ me ŋu, eye kakaɖedzi kae esia nana mí egbea? (Mat. 28:20)

Ŋutinya 111

Ŋutsuvi si Dɔ Alɔ̃ La

  1. Ŋutsuvi kae ma mlɔ anyi ɖe anyigba le nɔnɔmetata la me, eye nukae dzɔ ɖe edzi?

  2. Nukae Paulo wɔ esi wòkpɔ be ŋutsuvia ku?

  3. Afika yimee Paulo, Timoteo, kple amesiwo le mɔ zɔm kpli wo la le, eye nukae dzɔ esi wova tɔ ɖe Mileto?

  4. Nuxlɔ̃ame kae nyagblɔɖila Agabo na Paul, eye aleke nyagblɔɖilaa ƒe nya la va eme nenema pɛpɛpɛ?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 20:7-38.

    1. Aleke míawɔ ‘mía ŋuti nakɔ tso amewo katã ƒe ʋu me’ le Paulo ƒe nya siwo le Dɔwɔwɔwo 20:26, 27 ƒe nya nu? (Xez. 33:8; Dɔw. 18:6, 7)

       

    2. Nukatae wòle be hamemegãwo ‘nalé nya siwo le blibo’ la me ɖe asi ne wole nu fiam? (Dɔw. 20:17, 29, 30; Tito 1:7-9; Tim. II, 1:13)

  2. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 26:24-32.

    Aleke Paulo zã eƒe Romatɔ nyenye tsɔ wɔ gbeƒãɖeɖedɔ si wòxɔ tso Yesu gbɔ lae? (Dɔw. 9:15; 16:37, 38; 25:11, 12; 26:32; Luka 21:12, 13)

Ŋutinya 112

Ʋugbagbã le Ƒukpo aɖe Dzi

  1. Nukae dzɔ ɖe tɔdziʋu si me Paulo nɔ la dzi esi wòto Kreta-ƒukpo la ŋuti?

  2. Nya kae Paulo gblɔ na amesiwo le ʋua me?

  3. Aleke wɔ hafi ʋu la gbã kakɛkakɛ?

  4. Nya kae aʋafia si le wo nu gblɔ, eye aleke wɔ ame geɖe te ŋu ɖo ƒuta dedie?

  5. Ƒukpo si dzi woɖo la ŋkɔ ɖe, eye nukae dzɔ ɖe Paulo dzi esi xexeame kɔ nyuie?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 27:1-44.

    Aleke míaƒe kaka ɖe Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo ƒe nyateƒenyenye dzi me gasẽna ɖe edzi ne míexlẽ nuŋlɔɖi si ku ɖe Paulo ƒe mɔzɔzɔ yi Roma ŋu? (Dɔw. 27:16-19, 27-32; Luka 1:3; Tim. II, 3:16, 17)

  2. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 28:1-14.

    Ne “menye dɔmenyonyo vi aɖe” ye trɔ̃subɔla siwo le Melite wɔ na Paulo kple ehati siwo ʋu gbã ɖe “o” la, ekema nukae wòle be esia naʋã Kristotɔwo woaɖe fia, eye vevietɔ le mɔ ka nu? (Dɔw. 28:1, 2; Heb. 13:1, 2; Pet. I, 4:9)

Ŋutinya 113

Paulo le Roma

  1. Amekawoe Paulo ɖe gbeƒã na esime wònye gamenɔla le Roma?

  2. Amekae nye amedzro si le kplɔ̃a ŋu le nɔnɔmetata la me, eye nuka wɔm wòle na Paulo?

  3. Amekae nye Epafrodito, eye nukae wòtsɔ ɖe asi esi wòtrɔ yina Filipi?

  4. Nukatae Paulo ŋlɔ agbalẽ na exɔlɔ̃ vevi Filemon?

  5. Nukae Paulo wɔ esi woɖe asi le eŋu, eye nukae dzɔ ɖe edzi emegbe?

  6. Amekawoe Yehowa zã woŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ mamlɛawo, eye nuka ŋue Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tsoe?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Dɔwɔwɔwo 28:16-31 kple Filipitɔwo 1:13.

    Aleke Paulo zã ɣeyiɣi si wòtsɔ nɔ game le Roma lae, eye ŋusẽ kae xɔse maʋamaʋã si nɔ esi la kpɔ ɖe Kristo-hamea dzi? (Dɔw. 28:23, 30; Fil. 1:14)

  2. Xlẽ Filipitɔwo 2:19-30.

    Akpedanya kawoe Paulo gblɔ tso Timoteo kple Epafrodito ŋu, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋuae? (Fil. 2:20, 22, 25, 29, 30; Kor. I, 16:18; Tes. I, 5:12, 13)

  3. Xlẽ Filemon 1-25.

    1. Nuka dzie Paulo nɔ te ɖo xlɔ̃ nu Filemon be wòawɔ nusi sɔ, eye aleke esia nye mɔfiafia na hamemegãwo egbea? (Filem. 9; Kor. II, 8:8; Gal. 5:13)

    2. Aleke Paulo ƒe nya siwo le Filemon 13, 14 ɖee fia be ede bubu hamea me tɔ bubuwo ƒe dzitsinya ŋu? (Kor. I, 8:7, 13; 10:31-33)

  4. Xlẽ Timoteo II, 4:7-9.

    Abe apostolo Paulo ene la, aleke míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo eteƒe na mí ne míewɔ nuteƒe vaseɖe nuwuwu? (Mat. 24:13; Heb. 6:10)

Ŋutinya 114

Vɔ̃ɖinyenye Ðesiaɖe ƒe Nuwuwu

  1. Nukatae Biblia gblɔ be sɔwo le dziƒo?

  2. Aʋa si Mawu awɔ kple ame vɔ̃ɖiwo le anyigba dzi la ŋkɔ ɖe, eye tameɖoɖo kae le aʋa sia ŋu?

  3. Abe alesi wòdze le nɔnɔmetata la me ene la, amekae axɔ ŋgɔ le aʋa la wɔwɔ me, nukatae wòɖɔ fiakuku, eye nukae eƒe yi la fia?

  4. Ne míetrɔ yi megbe kpɔ Ŋutinya 10, 15 kple 33 la, nukatae mele be wòawɔ nuku na mí be Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo o?

  5. Aleke Ŋutinya 36 kple 76 ɖee fia míi be Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ne wogblɔna be yewosubɔnɛ kura gɔ̃ hã?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Nyaɖeɖefia 19:11-16.

    1. Aleke Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ be Yesu Kristoe nye sɔ ɣia dola? (Nyaɖ. 1:5; 3:14; 19:11; Yes. 11:4)

    2. Aleke ʋu si wohlẽ ɖe Yesu ƒe awu ŋu la ɖo kpe edzi be aɖu dzi godoo? (Nyaɖ. 14:18-20; 19:13; Yes. 63:1-6)

    3. Amekawo hãe anya le aʋakɔ si dze Yesu yome le eƒe sɔ ɣia dzi dome? (Nyaɖ. 12:7; 19:14; Mat. 25:31, 32)

Ŋutinya 115

Paradiso Yeye le Anyigba Dzi

  1. Nɔnɔme kawo mee Biblia gblɔ be míanɔ le anyigba dzi Paradisoa me?

  2. Ŋugbe kae Biblia do na amesiwo anɔ agbe le Paradisoa me?

  3. Ɣekaɣie Yesu akpɔ egbɔ be tɔtrɔ nyui siawo nava eme?

  4. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, nukawoe wòwɔ tsɔ ɖe nusi wòawɔ ne enye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la fia?

  5. Nuka gbɔe Yesu kple eƒe dziƒo hatidziɖulawo akpɔ ne wole dziƒo hele fia ɖum ɖe anyigba dzi?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Nyaɖeɖefia 5:9, 10.

    Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be amesiwo aɖu anyigba dzi le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la anye fia kple nunɔla siwo sea veve ɖe ame nu hekpɔa nublanui na ame? (Ef. 4:20-24; Pet. I, 1:7; 3:8; 5:6-10)

  2. Xlẽ Nyaɖeɖefia 14:1-3.

    Nukae Fofo la kple Alẽvi la ƒe ŋkɔ si woŋlɔ ɖe ame 144,000 la ƒe ŋgonu fia? (Kor. I, 3:23; Tim. II, 2:19; Nyaɖ. 3:12)

Ŋutinya 116

Alesi Míawɔ Anɔ Agbe Tegbee

  1. Nukae wòhiã be míanya ne míedi be míanɔ agbe tegbee?

  2. Abe alesi nyɔnuvi sue la kple exɔlɔ̃ siwo le nɔnɔmetataa me ɖee fia ene la, aleke míawɔ asrɔ̃ nu tso Yehowa Mawu kple Yesu ŋu?

  3. Agbalẽ bubu kae nèkpɔ le nɔnɔmetataa me, eye nukatae wòle be míanɔ exlẽm edziedzi?

  4. Tsɔ kpe ɖe nusɔsrɔ̃ tso Yehowa kple Yesu ŋu la, nukae gahiã hafi míakpɔ agbe mavɔ?

  5. Nukae míesrɔ̃ tso Ŋutinya 69 me?

  6. Nukae Samuel sue la ƒe kpɔɖeŋu nyui si le Ŋutinya 55 me la fia wò?

  7. Aleke míawɔ adze Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋua yome, eye ne míedze eyome la, nukae míate ŋu awɔ le etsɔme?

Nyabiabia bubuwo:

  1. Xlẽ Yohanes 17:3.

    Aleke Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ŋuti sidzedze xɔxɔ fia nu geɖe wu nyateƒenya aɖewo nyanya ɖe tame ko? (Mat. 7:21; Yak. 2:18-20; Yoh. I, 2:17)

  2. Xlẽ Psalmo 145:1-21.

    1. Susu gbogbo siwo ta míakafu Yehowa ɖo dometɔ aɖewo ɖe? (Ps. 145:8-11; Nyaɖ. 4:11)

    2. Aleke Yehowa “[nye] dɔmenyotɔ na amewo katã,” eye aleke wòle be esia nyanya nana míate ɖe eŋu wu? (Ps. 145:9; Mat. 5:43-45)

    3. Ne míelɔ̃ Yehowa vevie tso míaƒe dzime la, nukae wòaʋã mí míawɔ? (Ps. 119:171, 172, 175; 145:11, 12, 21)