TA WUIENYI
Akpa si Nyɔnyrɔxɔxɔ Wɔna le Mia Kple Mawu Dome Ƒomedodo Me
Aleke wonaa nyɔnyrɔ ame wòva zua Kristotɔe?
Afɔ kawoe wòhiã be nàɖe hafi adze axɔ nyɔnyrɔ?
Aleke ame tsɔa eɖokui ɖea adzɔgbe na Mawui?
Nukae nye susu vevi si ta wòle be nàxɔ nyɔnyrɔ?
1. Nukata Etiopiatɔ aƒedzikpɔla aɖe bia be yeaxɔ nyɔnyrɔ?
‘KPƆ ÐA, tsie nye esi, nukae xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ mahã?’ Etiopiatɔ aƒedzikpɔla aɖee bia nya sia le ƒe alafa gbãtɔ me. Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Filipo ɖe nu me nɛ kɔte be Yesu ye nye Mesia si ŋugbe wodo. Esi nusi Etiopia-ŋutsua srɔ̃ tso Ŋɔŋlɔawo me de dzi gbɔ nɛ ta la, ewɔ afɔɖeɖe si hiã. Eɖee fia be yedi be yeaxɔ nyɔnyrɔ!—Dɔwɔwɔwo 8:26-36.
2. Nukata wòle be nàbu nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu nyuie?
2 Ne Yehowa Ðasefowo dometɔ aɖee srɔ̃ agbalẽ sia kpli wò tsitotsito tso eƒe gɔmedzedze la, ke ɖewohĩ wò hã àdi be yeabia be, ‘Nukae xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ?’ Va ɖo fifia èva srɔ̃ nu tso agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso si ŋugbe Biblia do me ŋu. (Luka 23:43; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Èva srɔ̃ nu tso nɔnɔme si tututu me ame kukuwo le kple tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa hã ŋu. (Nyagblɔla 9:5; Yohanes 5:28, 29) Ðewohĩ èle ha dem kple Yehowa Ðasefowo to woƒe hame ƒe kpekpewo dede me eye wò ŋutɔ èva kpɔ kpeɖodzi be woawoe le subɔsubɔha vavãtɔ me. (Yohanes 13:35) Vevietɔ wu la, anye be ƒomedodo aɖe va ɖo mia kple Yehowa Mawu dome.
3. (a) Se kae Yesu de na eyomedzelawo? (b) Aleke wonyrɔa ame ɖe tsi mee?
3 Aleke nàwɔ aɖee afia be yedi be yeasubɔ Mawu? Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: ‘Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo.’ (Mateo 28:19) Yesu ŋutɔ ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖi esi wonyrɔe ɖe tsi me. Menye ɖe wohlẽ tsi ɖe eŋu o, eye menye ɖe wokɔ tsi vi aɖe ɖe ta nɛ ko hã o. (Mateo 3:16) Woɖe nya “nyɔnyrɔ” tso Helagbe me nya si gɔmee nye “woana nu nayi to” me. Eyata Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ fia be woana ame nayi to alo woanyrɔe keŋkeŋ ɖe tsi me.
4. Nukae nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me fia?
4 Wodi tso amesiame si di be ƒomedodo nanɔ woa kple Yehowa Mawu dome la si be wòaxɔ nyɔnyrɔ. Nyɔnyrɔxɔxɔ ɖenɛ fiana amewo be enye wò didi be yeasubɔ Mawu. Eɖenɛ fiana be enye dzidzɔ na wò be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. (Psalmo 40:8, 9) Gake hafi nàdze na nyɔnyrɔxɔxɔ la, ehiã be nàwɔ afɔɖeɖe aɖewo gbã.
SIDZEDZE KPLE XƆSE HIÃ
5. (a) Nukae nye afɔɖeɖe gbãtɔ si ana nàdze na nyɔnyrɔxɔxɔ? (b) Nukatae Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede le vevie?
5 Èdze afɔɖeɖe gbãtɔa wɔwɔ gɔme xoxo. Aleke? To Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ŋuti sidzedze xɔxɔ, ɖewohĩ to Biblia-nusɔsrɔ̃ si ame aɖe wɔna kpli wò, dzi. (Yohanes 17:3) Gake nu geɖe gali wòle be nàsrɔ̃. Enye Kristotɔwo ƒe didi be ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze vavã nayɔ yewo fũ.’ (Kolosetɔwo 1:9) Kpekpewo dede le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ le esia wɔwɔ me. Ele vevie ŋutɔ be nàde kpekpe mawo. (Hebritɔwo 10:24, 25) Ne èdea kpekpeawo ɣesiaɣi la, akpe ɖe ŋuwò be Mawu ŋuti sidzedze geɖe nasu asiwò.
6. Afikae wòle be nànya Biblia ƒe nufiafia ase ɖo hafi adze na nyɔnyrɔxɔxɔ?
6 Enye nyateƒe be mehiã be nànya nusianu si le Biblia me tsitotsito hafi adze na nyɔnyrɔxɔxɔ o. Sidzedze aɖe su Etiopiatɔ aƒedzikpɔlaa si xoxo, gake egahiã kpekpeɖeŋu be wòase Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo gɔme. (Dɔwɔwɔwo 8:30, 31) Nenema kee nu geɖe gali si wòle be wò hã nàsrɔ̃. Le nyateƒe me la, màsrɔ̃ nu tso Mawu ŋu avɔ gbeɖe o. (Nyagblɔla 3:11) Gake hafi nàdze axɔ nyɔnyrɔ la, ehiã be nànya Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo ya teti ahalɔ̃ ɖe wo dzi. (Hebritɔwo 5:12) Nufiafia mawo dometɔ aɖewoe nye nyateƒe si ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le kpakple alesi Mawu ƒe ŋkɔa kple eƒe Fiaɖuƒea le vevie ŋu nyanya.
7. Ŋusẽ kae wòle be Biblia la sɔsrɔ̃ nakpɔ ɖe dziwò?
7 Gake sidzedze ɖeɖe mesu o, elabena “ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o.” (Hebritɔwo 11:6) Biblia gblɔ na mí be esi ame aɖewo siwo nɔ blemadu si nye Korinto me se nyanyui si Kristotɔwo nɔ gbeƒã ɖemee la, ‘woxɔe se, eye wonyrɔ wo.’ (Dɔwɔwɔwo 18:8) Nenema kee wòle be Biblia la sɔsrɔ̃ nana xɔse nasu asiwò nàkpɔe be Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ mee wònye. Ele be Biblia sɔsrɔ̃ nakpe ɖe ŋuwò nàxɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo kple Yesu ƒe vɔsa la ƒe ameɖeŋusẽ dzi ase.—Yosua 23:14; Dɔwɔwɔwo 4:12; Timoteo II, 3:16, 17.
BIBLIA ME NYATEƑEA GBƆGBLƆ NA AMEWO
8. Nukae aʋã wò be nàƒo nu tso nusiwo srɔ̃m nèle ŋu na amewo?
8 Ne wò xɔse le sesẽm ɖe edzi le wò dzi me la, àkpɔe be asesẽ be nàmia nu ɖe nusiwo srɔ̃m nèle dzi. (Yeremya 20:9) Anye wò didi vevie be yeaƒo nu tso Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu na amewo.—Korintotɔwo II, 4:13.
9, 10. (a) Amekawoe nàte ŋu adze egɔme anɔ Biblia me nyateƒea gblɔm na? (b) Nukae wòle be nàwɔ ne èdi be yeakpɔ gome le Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔ si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo me?
9 Àte ŋu adze Biblia me nyateƒea fiafia amewo gɔme ne ètsɔa ŋuɖɔɖo gblɔa eŋu nya na wò ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, aƒelikawo, kple dɔwɔhatiwo. Emegbe àdi be yeawɔ ɖeka kple Yehowa Ðasefowo akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ si hamea wɔna ɖekae me. Ekema àte ŋu agblɔe na Ðasefo si le Biblia srɔ̃m kpli wò la faa be yedi be yeawɔ esia. Ne wokpɔe be èdze akpɔ gome le dutoƒosubɔsubɔdɔa me la, woawɔ ɖoɖo be mia kple wò nufiala miakpe kple hamemegã eve.
10 Kpekpe kple Kristotɔ hamemegã siwo le Mawu ƒe alẽha la kplɔm dometɔ aɖewo ana nàgadze si wo nyuie wu. (Dɔwɔwɔwo 20:28; Petro I, 5:2, 3) Ne hamemetsitsi siawo kpɔe be èse Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme, èxɔ wo dzi se, èle agbe nɔm ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo nu, eye be nèdi vavã be yeanye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka la, woana nànya be èdze akpɔ gome le dutoƒosubɔsubɔdɔa me abe nyanyuia ƒe gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ ene.
11. Tɔtrɔ kawoe wòahiã be ame aɖewo nawɔ hafi adze na dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ?
11 Ðewohĩ woakpɔe be ahiã be nàwɔ tɔtrɔ aɖewo le wò agbenɔnɔ kple nuwɔnawo me hafi nàdze na dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ. Tɔtrɔ siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye be nàdzudzɔ bebeme nuwɔna aɖewo. Eyata hafi nàbia be yedi be yeazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ la, ehiã be nàtsri nuvɔ̃ gãwo abe agbegbegblẽnɔnɔ, ahamumu, kple atikevɔ̃ɖi zazã ene.—Korintotɔwo I, 6:9, 10; Galatiatɔwo 5:19-21.
DZIMETƆTRƆ KPLE TƆTRƆWƆWƆ
12. Nukata dzimetɔtrɔ hiã?
12 Ele be nàgawɔ afɔɖeɖe bubu aɖewo hafi adze na nyɔnyrɔxɔxɔ. Apostolo Petro gblɔ be: “Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo.” (Dɔwɔwɔwo 3:19) Be woatrɔ dzime fia be woase veve ŋutɔŋutɔ ɖe nane si wowɔ ta. Edze ƒã be dzimetɔtrɔ sɔ ne wonɔ agbe manyomanyo va yi, ke hã, egahiã kokoko nenye be wonɔ agbe nyui alesi woate ŋui va yi gɔ̃ hã. Nukatae? Elabena amegbetɔwo katã nye nuvɔ̃wɔla siwo hiã Mawu ƒe tsɔtsɔke. (Romatɔwo 3:23; 5:12) Hafi nàdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, mènya nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o. Ekema agbe si nènɔ va yi la mate ŋu asɔ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu bliboe gbeɖe o. Eyata dzimetɔtrɔ hiã.
13. Nukae nye tɔtrɔwɔwɔ?
13 Le dzimetɔtrɔ vɔ megbe la, nusi gahiãe nye tɔtrɔwɔwɔ, alo ‘be woagbugbɔ.’ Menye be nàse veve ɖe wò nuwɔnawo ta ko evɔ o. Ehiã be nàgbe nu le wò agbenɔnɔ tsãtɔ gbɔ eye nàɖoe kplikpaa be yeanɔ agbe nyui tso fifia dzi yina. Dzimetɔtrɔ kpakple tɔtrɔwɔwɔ nye afɔ siwo wòle be nàɖe hafi axɔ nyɔnyrɔ.
ÐOKUIWÒ TSƆTSƆ ÐE ADZƆGBE
14. Nu vevi kae wòle be nàwɔ hafi axɔ nyɔnyrɔ?
14 Nu vevi bubu aɖe hã li wòle be nàwɔ hafi axɔ nyɔnyrɔ. Ele be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu.
15, 16. Nukae adzɔgbeɖeɖe na Mawu fia, eye nukae ʋãa ame wòwɔa esia?
15 Ne èdo gbe ɖa tso dzi me na Yehowa Mawu hetsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe nɛ la, efia be èdo ŋugbe be yeatsɔ ye ɖokui ana eyama bliboe. (Mose V, 6:15) Gake nukata wòle be nàdi be yeawɔ esia? Na míawɔ kpɔɖeŋu aɖe atsɔ aɖo nya ma ŋu. Tsɔe be ŋutsu aɖe di be yealé ŋku ɖe nyɔnu aɖe ƒe nɔnɔme ŋu na eɖeɖe. Ne ŋutsua va le nu geɖe nyam tso nyɔnua ŋu eye wòle eƒe nɔnɔme nyuiwo kpɔm dze sii la, awɔe be eƒe nu ava nɔ dzi lém nɛ ɖe edzi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, abiae ne elɔ̃ be yewoaɖe yewo nɔewo. Ele eme baa be srɔ̃ɖeɖe fia be ŋutsua natsɔ agbanɔmedzi geɖe wu ya. Gake lɔlɔ̃ aʋãe be wòawɔ afɔɖeɖe vevi ma.
16 Esi nèva dze si Yehowa helɔ̃ eyama la, esia aʋã wò be nàsubɔe bliboe, menye le nɔnɔme aɖewo ko me alo vaseɖe afi aɖe ko o. Ele be amesiame si di be yeadze Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, yome ‘nagbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ.’ (Marko 8:34) Míegbea nu le mía ɖokui gbɔ nenye be míekpɔ egbɔ be míena mía ŋutɔwo míaƒe nudidiwo alo taɖodzinuwo xe mɔ ɖe míaƒe toɖoɖo Mawu bliboe nu o. Eyata hafi nàte ŋu axɔ nyɔnyrɔ la, ele be wò taɖodzinu vevitɔ le agbe me nanye be yeawɔ Yehowa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.—Petro I, 4:2.
MÈGAVƆ̃ BE YEAVA DO KPO NU O
17. Nukata ame aɖewo anɔ hehem ɖe megbe le adzɔgbeɖeɖe na Mawu me?
17 Ame aɖewo hena ɖe megbe le adzɔgbeɖeɖe na Yehowa me le esi wovɔ̃na vie na afɔɖeɖe vevi ma wɔwɔ ta. Ðewohĩ woanɔ vɔvɔ̃m be ne yewova zu Kristotɔ ɖeadzɔgbewo la, yewoabu yewoƒe nuwɔnawo ŋuti kɔnta na Mawu. Esi ame aɖewo vɔ̃na be yewoava do kpo nu ahawɔ nusi ate ɖe Yehowa dzi ta la, wobunɛ be anyo wu ne yewomeɖe adzɔgbe nɛ kura o.
18. Nukae ate ŋu aʋã wò be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Yehowa?
18 Ne wò lɔlɔ̃ na Yehowa le to dem ɖe edzi la, aʋã wò be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe nɛ eye nàwɔ wò ŋutete ɖesiaɖe anɔ agbe ɖe enu. (Nyagblɔla 5:3) Ne èɖe adzɔgbe vɔ la, àdi godoo be yeayi edzi ‘azɔ alesi dze Yehowa be yeadze eŋu bliboe.’ (Kolosetɔwo 1:10) Esi nèlɔ̃ Mawu ta la, mawɔ na wò be eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ sesẽ akpa o. Ðikeke mele eme o be àlɔ̃ ɖe apostolo Yohanes ƒe nya siwo wòŋlɔ dzi, be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.”—Yohanes I, 5:3.
19. Nukata mele be nàvɔ̃ adzɔgbeɖeɖe na Mawu o?
19 Mehiã be nànye ame deblibo hafi aɖe adzɔgbe na Mawu o. Yehowa nya wò ŋutetewo ƒe seɖoƒe eye mele nu geɖe akpa biam tso asiwò wu nusi nàte ŋu awɔ o. (Psalmo 103:14) Edi be nu nadze edzi na wò eye ado alɔ wò ahakpe ɖe ŋuwò. (Yesaya 41:10) Àte ŋu aka ɖe edzi be ne èɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me la, “ata mɔ na wò.”—Lododowo 3:5, 6.
KPEÐOÐO WÒ ADZƆGBEÐEÐE DZI TO NYƆNYRƆXƆXƆ DZI
20. Nukata mele be ɖokuiwò tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Yehowa nanɔ nyanya na wò ɖeka ko o?
20 Nusiwo me míedzro fifia ŋu bubu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Yehowa le gbedodoɖa me. Ele be amesiame si lɔ̃ Mawu ŋutɔŋutɔ ‘natsɔ nu aʋu eme hena agbexɔxɔ.’ (Romatɔwo 10:10) Aleke nàwɔ esiae?
21, 22. Aleke nàwɔ ‘aʋu wò xɔse me le gaglãgbe’?
21 Na miaƒe hamemegãwo ƒe zimenɔla nanya be yedi be yeaxɔ nyɔnyrɔ. Awɔ ɖoɖo hamemetsitsi aɖewo nadzro biabia aɖewo siwo ku ɖe Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo ŋu me kpli wò. Ne hamemetsitsi siawo kpɔe be èdze na nyɔnyrɔxɔxɔ la, woana nànya be àte ŋu axɔ nyɔnyrɔ le takpekpe si le ŋgɔ gbɔna me. * Zi geɖe woƒoa nuƒo si gaɖoa ŋku gɔmesese si le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu dzi na mí le ɣeyiɣi mawo me. Ekema nuƒolaa akpe amesiwo dze na nyɔnyrɔxɔxɔ be woaɖo biabia bɔbɔe eve aɖewo ŋu wòanye mɔ siwo dzi woato ‘aʋu woƒe xɔse me le gaglãgbe’ dometɔ ɖeka.
22 Nyɔnyrɔxɔxɔ ye nye nusi dea dzesi wò ŋutɔŋutɔ be nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Mawu eye fifia nèva zu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka. Wonyrɔa amesiwo dze na nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me bliboe tsɔ ɖenɛ fiana le gaglãgbe be wonye amesiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa.
GƆMESESE SI LE WÒ NYƆNYRƆXƆXƆ ŊU
23. Nukae wòfia be woana nyɔnyrɔ ame le “Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me”?
23 Yesu gblɔ be woanyrɔ yeƒe nusrɔ̃lawo le “Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me.” (Mateo 28:19) Esia fia be amesi dze na nyɔnyrɔxɔxɔ va dze si Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ƒe ŋusẽ eye wòlɔ̃ be yeabɔbɔ ɖe wo te. (Psalmo 83:19; Mateo 28:18) Eva kpɔ akpa si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽ, wɔna la hã dze sii helɔ̃ ɖe eƒe dɔwɔwɔ dzi.—Galatiatɔwo 5:22, 23; Petro II, 1:21.
24, 25. (a) Nuka ƒe kpɔɖeŋue nyɔnyrɔxɔxɔ nye? (b) Biabia kae wòle be míakpɔ ŋuɖoɖo na?
24 Gake nyɔnyrɔxɔxɔ menye tsi me yiyi dzro ko o. Enye kpɔɖeŋu na nu vevi aɖe. Ne wonyrɔ wò ɖe tsia me la, efia be èku le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu le alesi nènɔa agbee tsã gome. Fɔfɔ tso tsia me fia be nègagbɔ agbe azɔ na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Ðo ŋku edzi hã be Yehowa Mawu ŋutɔŋutɔe nèɖe adzɔgbe na, ke menye na dɔ aɖe, taɖodzinu aɖe, amegbetɔ aɖe, alo na habɔbɔ aɖe o. Wò adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ nye xɔlɔ̃ nyui aɖe dzedze kple Mawu—si nye ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple eyama—ƒe gɔmedzedze.—Psalmo 25:14.
25 Nyɔnyrɔxɔxɔ menye kpeɖodzi na ɖeɖekpɔkpɔ godoo o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wɔ mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la.” (Filipitɔwo 2:12) Mɔ aɖe ƒe gɔmedzedze koe nyɔnyrɔxɔxɔ nye. Biabia lae nye, Aleke nàwɔ akpɔtɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa? Agbalẽ sia ƒe ta mamlɛtɔ aɖo biabia ma ŋu.