Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA WUIÐEKE

Nu Ka Tae Fukpekpe Bɔ Alea Gbegbe?

Nu Ka Tae Fukpekpe Bɔ Alea Gbegbe?

1, 2. Nya kae ame geɖe biana?

ANYIGBA ʋuʋu le atsiaƒu gɔme va gbã kɔƒe aɖe. Ŋutsu aɖe ɖe tu ɖe amewo dzi le tsɔtsixɔ me eye wòde abi amewo ŋu hewu ame geɖe. Kansadɔ wu vidada aɖe le via atɔ̃awo gbɔ.

2 Ne afɔkuwo alo nya vɔ̃ siawo tɔgbi dzɔ la, ame geɖe biana be, “Nu ka tae?” Ame geɖe biana be nu ka tae fuléle kple fukpekpe bɔ ɖe xexea me alea gbegbe ɖo mahã. Wò hã èbia nya sia tɔgbi kpɔa?

3, 4. (a) Nya kawoe Habakuk bia? (b) Aleke Yehowa ɖo wo ŋu nɛ?

3 Míekpɔe le Biblia me be ame siwo xɔ Mawu dzi se vevie gɔ̃ hã bia nya siawo tɔgbi kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Habakuk bia Yehowa be: “Nu ka tae nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm? Eye nu ka tae nèle ameteteɖeanyi teƒe kpɔm? Nu ka tae tsɔtsrɔ̃ kple ŋutasesẽ le ŋkunyeme? Eye nu ka tae dzrewɔwɔ kple avuwɔwɔ bɔ?”—Habakuk 1:3.

4 Ale si Yehowa ɖo Habakuk ƒe nyabiase siawo ŋu nɛ la dze le Habakuk 2:2, 3 eye Yehowa do ŋugbe be yeakpɔ nyawo gbɔ. Yehowa lɔ̃ amewo vevie. Biblia gblɔ be: “Eléa be na mi.” (1 Petro 5:7) Amewo ƒe fukpekpe teƒe kpɔkpɔ tena ɖe Yehowa dzi wu mí. (Yesaya 55:8, 9) Eya ta na míadzro biabia sia me, Nu ka tae fukpekpe bɔ ɖe xexea me alea gbegbe?

NU KA TAE FUKPEKPE BƆ ALEA GBEGBE?

5. Nya kawoe mawunyafiala geɖewo gblɔna tso fukpekpe ŋu? Gake nu kae Biblia fia mí?

5 Pastɔwo, fadawo kple mawunyafiala aɖewo gblɔna zi geɖe be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be amewo nakpe fu. Ame aɖewo gblɔna be Mawu ɖo nu sia nu si dzɔna ɖe ame dzi, siwo dome nya vɔ̃wo hã le la, ɖi xoxo eye míate ŋu ase egɔme gbeɖe o. Ame aɖewo hã gblɔna be amegbetɔwo, siwo dome ɖevi suewo hã le, kuna ale be woate ŋu ayi aɖanɔ Mawu gbɔ le dziƒo. Gake menye nyateƒee o. Yehowa menana nu vɔ̃ɖi dzɔna gbeɖe o. Biblia gblɔ be: “Mawu vavã la mawɔ nu vɔ̃ɖi akpɔ o, eye Ŋusẽkatãtɔ la mawɔ nu gbegblẽ gbeɖe o!”—Hiob 34:10.

6. Nu ka tae ame geɖe bua fɔ Mawu be eya gbɔe fukpekpe siwo katã le xexea me la tso?

6 Ame geɖe bua fɔ Mawu be eya gbɔe fukpekpe siwo katã le xexea me la tso, elabe wosusunɛ be Mawue le xexea dzi ɖum. Gake abe ale si míesrɔ̃e le Ta 3 lia me ene la, Satana boŋue le xexea dzi ɖum.

7, 8. Nu ka tae fukpekpe bɔ ɖe xexea me alea gbegbe?

7 Biblia gblɔ na mí be “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yohanes 5:19) Ŋutasẽla kple tagbɔsẽla vɔ̃ɖi aɖee Satana, ame si le xexe sia dzi dum la nye. Ele “anyigbadzinɔlawo katã blem.” (Nyaɖeɖefia 12:9) Ame geɖe srɔ̃ eƒe nuwɔnawo. Susu siwo tae amebeble, fuléle kple ŋutasẽnuwɔwɔwo bɔ ɖe xexe sia me ɖo la dometɔ ɖeka koe nye esia.

8 Susu bubuwo hã li siwo tae fukpekpe bɔ ɖe xexea me ɖo. Esi Adam kple Xawa dze aglã ɖe Mawu ŋu ta la, woƒe dzidzimeviwo nyi nu vɔ̃ ƒe dome tso wo gbɔ. Eye nu vɔ̃ wɔe be amegbetɔwo nana be wo nɔviwo kpea fu. Wodina zi geɖe be yewoaxɔ ŋkɔ wu yewo nɔviwo. Wowɔa dzre, wowɔa aʋa eye wowɔa ŋlɔmi le ame bubuwo ŋu. (Nyagblɔla 4:1; 8:9) Ɣeaɖewoɣi la, “azãgbe kple nuɖiɖeame” gbɔe wòtsona be amewo kpea fu. (Nyagblɔla 9:11) Ne wole teƒe aɖe eye afɔku dzɔ le vo me la, nu vevi ate ŋu awɔ wo alo vɔ̃ aɖe ate ŋu adzɔ ɖe wo dzi.

9. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be susu nyui aɖe kokoko tae Yehowa ɖe mɔ fukpekpe gakpɔtɔ li ɖo?

9 Yehowa mehea fukpekpe va amewo dzi gbeɖe o. Menye eya gbɔe aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ kple ŋlɔmiwɔwɔ tso o. Menye Mawu gbɔe dzɔdzɔmefɔku siwo dometɔ aɖewoe nye anyigbaʋuʋuwo, ahomwo kple tsiɖɔɖɔwo tsona o. Gake àbia be ‘Ne Yehowae nye ame si tri akɔ wu ame sia ame le xexea me ɖe, nu ka tae mexea mɔ ɖe nu dziŋɔ siwo le dzɔdzɔm la nu o?’ Míenya be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí vevie, eya ta anɔ eme godoo be susu nyui aɖe tae wòɖe mɔ fukpekpe gakpɔtɔ li ɖo.—1 Yohanes 4:8.

NU KA TAE MAWU ÐE MƆ FUKPEKPE LI

10. Aleke Satana tso Yehowa nui?

10 Le Eden-bɔa me la, Satana flu Adam kple Xawa. Satana tso Mawu nu be enye dziɖula baɖa. Egblɔ be Mawu le nu nyui aɖe tem Adam kple Xawa. Satana di be woaxɔe ase be yeanye dziɖula nyui wu Yehowa eye womehiã Yehowa o.—1 Mose 3:2-5; kpɔ Dzesidenya 27.

11. Biabia kae wòle be míakpɔ ŋuɖoɖo na?

11 Adam kple Xawa gbe toɖoɖo Yehowa hedze aglã ɖe eŋu. Wosusui be yewokpɔ mɔ atso nya me le nu si nye nyui alo vɔ̃ ŋu na yewo ɖokuiwo. Aleke Yehowa aɖo kpe edzi be aglãdzela siawo da ƒu, eye be yee nya nu si nyo na mí wu?

12, 13. (a) Nu ka tae Yehowa metsrɔ̃ aglãdzelaawo enumake o? (b) Nu ka tae Yehowa ɖe mɔ na Satana be wòaɖu xexea dzi eye wòɖe mɔ na amegbetɔwo be woakplɔ wo ɖokuiwo?

12 Yehowa metsrɔ̃ Adam kple Xawa enumake o. Ke boŋ eɖe mɔ na wo wodzi viwo. Eye Yehowa na mɔnukpɔkpɔ Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo be woatia ame si wodi be wòanye yewoƒe dziɖula. Yehowa ƒe tameɖoɖoe nye be ame deblibowo nayɔ anyigba la dzi, eye tameɖoɖo sia ava eme godoo nu ka kee Abosam ɖawɔ o.—1 Mose 1:28; Yesaya 55:10, 11.

13 Satana tsɔ nya ɖe Yehowa ŋu le mawudɔla miliɔn geɖewo ŋkume. (Hiob 38:7; Daniel 7:10) Eya ta Yehowa na ɣeyiɣi Satana be wòaɖo kpe eƒe nutsotsoa dzi. Ena ɣeyiɣi amegbetɔwo hã be woaɖo woawo ŋutɔwo ƒe dziɖuɖuwo anyi le Satana ƒe kpɔkplɔ te ale be woakpɔe ɖa be woate ŋu akpɔ dzidzedze Mawu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee mahã.

14. Nu ka dzie ƒe akpe geɖe siwo va yi la ɖo kpee?

14 Ƒe akpe geɖee nye esia amegbetɔwo dze agbagba be yewoaɖu yewo ɖokuiwo dzi, gake wodo kpo nu. Esia ɖee fia be Satana ka aʋatso. Amegbetɔwo hiã Mawu ƒe dziɖuɖu. Yeremiya gblɔe wòsɔ nyuie be: “Oo Yehowa, menyae nyuie be amegbetɔ ƒe mɔ mele eya ŋutɔ si me o. Eye ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.”—Yeremiya 10:23.

NU KA TAE YEHOWA LALA ETEƑE DIDI ALEA?

15, 16. (a) Nu ka tae Yehowa ɖe mɔ fukpekpe li ɣeyiɣi didi sia gbegbe? (b) Nu ka tae Yehowa meɖɔ kuxi siwo Satana he vɛ la ɖo o?

15 Nu ka tae Yehowa ɖe mɔ fukpekpe li ɣeyiɣi didi sia gbegbe? Nu ka tae mexea mɔ ɖe nu vɔ̃ɖi siwo le dzɔdzɔm la nu o? Exɔ ɣeyiɣi geɖe hafi wòva dze ƒãa be Satana ƒe dziɖuɖu do kpo nu. Amegbetɔwo te dziɖuɖu ɖe sia ɖe ƒomevi kpɔ, gake ɖeko wòglo wo. Togbɔ be woyi ŋgɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋununya me ŋutɔ hã la, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, ahedada, nu vlo wɔwɔ kple aʋawɔwɔ xɔ aƒe ɖi egbea wu tsã. Mímate ŋu akplɔ mía ɖokuiwo dzidzedzetɔe Mawu manɔmee o.

16 Ke hã Yehowa meɖɔ kuxi siwo Satana he vɛ la ɖo o. Ne Mawu ɖɔ kuxi mawo ɖo la, afia be ele Satana ƒe dziɖuɖu dzi dem. Mawu mawɔ nu sia gbeɖe o. Eye ne ɖe wòwɔ esia la, amegbetɔwo axɔe ase be yewote ŋu le yewo ɖokuiwo kplɔm dzidzedzetɔe. Esia hã nye aʋatso, eye Yehowa mawɔ esia hã o. Mawu mekaa aʋatso gbeɖe o.—Hebritɔwo 6:18.

17, 18. Nu kae Yehowa awɔ tso kuxi siwo katã Satana he vɛ la ŋu?

17 Ðe Yehowa ate ŋu aɖɔ kuxi siwo katã Satana kple amegbetɔwo ƒe aglãdzedze he vɛ la ɖoa? Ɛ̃. Mawu ya tea ŋu wɔa nu sia nu. Yehowa nya ɣeyiɣi si wòaɖo Satana ƒe nutsotsoawo katã ŋu bliboe. Ekema atrɔ anyigba wòazu paradiso abe ale si wòɖoe be wòanɔ ene. Woafɔ ame siwo katã le “ŋkuɖodziyɔdowo” me la ɖe tsitre. (Yohanes 5:28, 29) Amewo magadze dɔ alo aku gbeɖe o. Yesu aɖɔ nu siwo katã Satana gblẽ la ɖo. Yehowa azã Yesu “wòagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.” (1 Yohanes 3:8) Míeda akpe gã aɖe na Yehowa be egbɔ dzi ɖi na mí va se ɖe fifia ale be míate ŋu anya eya amea ahatso nya me be míedi be wòanye míaƒe Dziɖula. (Xlẽ 2 Petro 3:9, 10.) Ne míele fu kpem hã la, ekpena ɖe mía ŋu míedoa dzi.—Yohanes 4:23; xlẽ 1 Korintotɔwo 10:13.

18 Yehowa mezinɛ ɖe mía dzi be míatia ye yeanye míaƒe Dziɖula o. Ena tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe amegbetɔwo. Na míakpɔ ale si nunana xɔasi sia le vevie na mí ɖa.

ALEKE NÀWƆ TIATIAWƆBLƆÐEA ŊU DƆE?

19. Nunana xɔasi kae Yehowa na mí? Nu ka ta wòle be míade asixɔxɔ nunana sia ŋu?

19 Yehowa ƒe nunana xɔasi si nye tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe na be míeto vovo na lãwo. Lãmenusenu nu koe lãwo wɔa nu ɖo, gake míawo ya míate ŋu atia ale si míedi be míanɔ agbee eye míate ŋu atiae be míadze Yehowa ŋu hã. (Lododowo 30:24) Míeto vovo na mɔ̃wo hã. Mɔ̃wo ya nu siwo wowɔ wo be woawɔ la ko wowɔna. Gake mí amegbetɔwo ya, ablɔɖe le mía si be míawo ŋutɔwo míatia ame si míedi be míanye, mía xɔlɔ̃wo kple nu siwo míadi be míawɔ le agbe me. Yehowa di be míase vivi na agbea.

20, 21. Tiatia nyui kae nàte ŋu awɔ fifia?

20 Yehowa di be míalɔ̃ ye. (Mateo 22:37, 38) Ele abe vifofo aɖe si kpɔa dzidzɔ ne via tso le eɖokui si gblɔ nɛ tso dzi me be “melɔ̃ wò” ke menye ɖe wozi edzi hafi wògblɔe o la ene. Yehowa na ablɔɖe mí be míatiae be míasubɔ ye loo alo mímasubɔ ye o. Satana, Adam, kple Xawa tiae be yewoagbe Yehowa. Aleke nàwɔ nunana si nye tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe la ŋu dɔ?

21 Wɔ wò tiatiawɔblɔɖe la ŋu dɔ nàtsɔ asubɔ Yehowa. Ame miliɔn geɖewo tiae be yewoadze Yehowa ŋu eye wogbe Satana. (Lododowo 27:11) Nu kae nàte ŋu awɔ fifia ale be wò hã nànɔ Mawu ƒe xexe yeyea me esime woaɖe fukpekpewo katã ɖa? Míakpɔ nyabiase sia ƒe ŋuɖoɖo le ta si kplɔ esia ɖo me.