Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 12

Paulo Ƒe Nyruiyɔvi Mevɔ̃ O

Paulo Ƒe Nyruiyɔvi Mevɔ̃ O

Na míasrɔ̃ nu tso ɖekakpui aɖe si na nyruia tsi agbe la ŋu. Ðekakpui sia nye apostolo Paulo ƒe nyruiyɔvi. Míenya ɖekakpui sia ƒe ŋkɔ o, gake míenya be ewɔ nu vɔvɔ̃manɔmee. Àdi be yease nu si wòwɔa?​—

Wode Paulo gaxɔ me le Yerusalem. Wolée elabena enɔ gbeƒã ɖem tso Yesu ŋu. Ame vɔ̃ɖi aɖewo lé fu Paulo, eye woɖo susu vɔ̃ ɖe eŋu. Wogblɔ be: ‘Mina míagblɔ na aʋafiagã la be wòana eƒe asrafowo nakplɔ Paulo va ʋɔnudrɔ̃ƒea. Míabe ɖe mɔa dzi, eye ne wokplɔ Paulo va yina la, míawui!’

Paulo ƒe nyruiyɔvia gblɔ susu vɔ̃ siwo amewo ɖo la na Paulo kple aʋafiagã la

Paulo ƒe nyruiyɔvia se susu vɔ̃ si amewo ɖo ɖe nyruia ŋu. Nu kae wòwɔ? Eyi Paulo gbɔ le gaxɔa me eye wògblɔe nɛ be amewo ɖoe be yewoawui. Paulo gblɔ nɛ be neyi aʋafiagã gbɔ zi ɖeka ne wòagblɔ susu vɔ̃ si amewo ɖo la nɛ. Èsusu be ènɔ bɔbɔe na Paulo ƒe nyruiyɔvia be wòagblɔ nya sia na aʋafiagã la?​— Ao, elabe amegãe ŋutsu sia nye. Gake vɔvɔ̃ meɖo Paulo ƒe nyruiyɔvia o. Egblɔ nya la na aʋafiagã la.

Aʋafiagã la nya nu si tututu wòawɔ. Eɖe asrafo siwo ade 500 kloe be woadzɔ Paulo ŋu! Egblɔ na wo be woakplɔ Paulo ayi Kaisarea le zã ma me. Ðe wokpɔ Paulo ƒe agbe ta?​— Ɛ̃, ame vɔ̃ɖiawo mete ŋu wui o! Woƒe susu vɔ̃a medze edzi na wo o.

Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso ŋutinya sia me?​— Paulo ƒe nyruiyɔvia mevɔ̃ o, wò hã àte ŋu awɔ nu abe eya ke ene. Ne míele Yehowa ƒe nya gblɔm na amewo la, mele be míavɔ̃ o. Ðe nàyi edzi agblɔ Yehowa ƒe nya na amewo vɔvɔ̃manɔmea?​— Ne èwɔe nenema la, àte ŋu ana ame aɖe natsi agbe.