Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La

Xlẽ nu tso nu siwo katã dzɔ le Yesu ƒe agbe me siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la ŋu le agbalẽ sia me.

NEƲU   NETU

ŊGƆDONYA

Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La

Yesu ƒe nufiafia kple dɔwɔna siwo le nyanyuigbalẽawo me la ate ŋu atrɔ wò agbenɔnɔ.

TA 1

Gbedeasi Eve Siwo Tso Mawu Gbɔ

Mawudɔla Gabriel va gblɔ gbedeasi siwo dzi xɔxɔ se sesẽ.

TA 2

Wode Bubu Yesu Ŋu Hafi Wodzii

Aleke Elizabet kple via si le dɔ me nɛ la siaa de bubu Yesu ŋui?

TA 3

Wodzi Ame Si Ava Dzra Mɔ Dzi Ðo

Esi Zakariya gate nuƒoƒo nukutɔe teti ko la, egblɔ nya vevi aɖe ɖi.

TA 4

Maria Fɔ Fu Evɔ Meɖe Srɔ̃ O

Esi Maria gblɔ na Yosef be menye ŋutsu aɖekee do fu ye o, ke boŋ to gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ mee yefɔ fu le la, ɖe Yosef xɔ edzi sea?

TA 5

Yesu Dzidzi—Afi Kae Eye Ɣekaɣie?

Aleke míewɔ nya be womedzi Yesu le December 25 lia dzi o?

TA 6

Vi Si Ƒe Ŋugbe Wodo La

Esi Yosef kple Maria kɔ Yesu, vidzĩ la va gbedoxɔa me la, ŋutsu kple nyɔnu nyagblɔɖila tsitsi eve gblɔ nya ɖi ku ɖe Yesu ƒe etsɔme ŋu.

TA 7

Ɣletivimefakalawo Va Kpɔ Yesu Ða

Nu ka tae ɣletivi si wokpɔ le Ɣedzeƒe la mekplɔ wo yi Yesu gbɔ gbã o, ke boŋ wòkplɔ wo yi Fia Herodes, amewula la gbɔ?

TA 8

Wosi Le Dziɖula Vɔ̃ɖi Aɖe Nu

Biblia me nyagblɔɖi etɔ̃ siwo ku ɖe Mesia ŋu la va eme le Yesu ƒe ɖevime.

TA 9

Yesu Ƒe Agbenɔnɔ Le Nazaret

Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu nenie nɔ Yesu si?

TA 10

Yesu Ƒe Ƒomea Zɔ Mɔ Yi Yerusalem

Yosef kple Maria tsi dzi vevie esime womenɔ Yesu kpɔm o, eye ewɔ nuku na Yesu hã be womenya afi si woadi ye le enumake o.

TA 11

Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa Dzra Mɔ Dzi Ðo

Esi Farisitɔwo kple Zadukitɔ aɖewo va Yohanes gbɔ la, eka mo na wo vevie. Nu ka tae?

TA 12

Wonyrɔ Yesu

Esi wònye be Yesu mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o la, nu ka tae wonyrɔe?

TA 13

Nusɔsrɔ̃ Tso Yesu Ƒe Tetekpɔwo Me

Tetekpɔ siwo me Yesu to ɖe nu vevi eve aɖewo fia tso Abosam ŋu.

TA 14

Yesu Te Amewo Wɔwɔ Nusrɔ̃lawoe

Nu kae na Yesu ƒe nusrɔ̃la ade gbãtɔawo ka ɖe edzi be yewoke ɖe Mesia la ŋu?

TA 15

Yesu Wɔ Eƒe Nukunu Gbãtɔ

Yesu gblɔ na dadaa be ye Fofo si le dziƒoe le mɔ fiam ye ke menye eya o.

TA 16

Dzo Nɔ Yesu Me Ðe Tadedeagu Vavãtɔ Ŋu

Mawu ƒe Sea ɖe mɔ be amewo naƒle lãwo le Yerusalem hena vɔsasa. Ke nu ka tae dɔme ve Yesu ɖe gbedoxɔa me asitsalawo ŋu?

TA 17

Yesu Fia Nu Nikodemo

Nu kae wòfia be ‘woagbugbɔ ame adzi’?

TA 18

Yesu Le Dzidziɖedzi Kpɔm, Ke Yohanes Le To Yim

Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe nusrɔ̃lawo ʋã ŋu, ke Yohanes ya meʋã ŋu o.

TA 19

Nufiafia Samaria-nyɔnu Aɖe

Yesu gblɔ nu si edze ƒãa be meɖe gblɔ na ame aɖeke kã haɖe o la nɛ.

TA 20

Eƒe Nukunu Evelia Esime Wòle Kana

Yesu da gbe le ŋutsuvi si le didiƒe tso egbɔ anɔ kilometa 26 la ŋu.

TA 21

Eyi Ƒuƒoƒea Le Nazaret

Nya kae Yesu gblɔ si na wo detɔwo di be yewoawui?

TA 22

Nusrɔ̃la Ene Ava Nye Ameɖelawo

Emia asi wo be woaɖe asi le lãɖeɖedɔ ƒomevi aɖe ŋu ava dze bubu gɔme.

TA 23

Yesu Wɔ Nukudɔwo Le Kapernaum

Ne Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me la, meɖea mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woagblɔ na amewo be Mawu ƒe Vie yenye o. Nu ka tae?

TA 24

Yesu Dzi Eƒe Subɔsubɔdɔa Ðe Edzi Le Galilea

Amewo va Yesu gbɔ be wòada dɔ na yewo, gake Yesu ɖe eme na wo be taɖodzinu si le vevie wu lae le yeƒe subɔsubɔdɔa ŋu.

TA 25

Anyidɔléla Aɖe Ƒe Nu Wɔ Nublanui Na Yesu Wòda Dɔ Nɛ

Yesu gblɔ nya kpui wɔdɔɖeamedzi aɖe si ɖe ale si gbegbe wòtsɔ ɖe le eme na ame siwo ŋu wòda gbe le la fia.

TA 26

“Wotsɔ Wò Nu Vɔ̃wo Ke Wò”

Aleke Yesu ɖee fia be ƒomedodo le nu vɔ̃ kple dɔléle dome?

TA 27

Yesu Yɔ Mateo

Nu ka tae Yesu ɖu nu kple ame siwo amewo nya nyuie be wonye nu vɔ̃ wɔlawo?

TA 28

Nu Ka Tae Yesu Ƒe Nusrɔ̃lawo Metsi Nu Dɔ O?

Yesu tsɔ lãgbalẽgolo wɔ kpɔɖeŋui tsɔ ɖo nyaa ŋu.

TA 29

Ðe Woate Ŋu Awɔ Dɔ Nyuiwo Le Sabat Dzia?

Nu ka tae Yudatɔwo ti Yesu yome be eda gbe le ŋutsu aɖe si le dɔ lém ƒe 38 sɔŋ la ŋu?

TA 30

Ƒomedodo Si Le Yesu Kple Fofoa Dome

Yudatɔwo susui be Yesu tsɔ eɖokui le sɔsɔm kple Mawu, gake Yesu na eme kɔ ƒãa be Mawu lolo wu ye.

TA 31

Nukuwo Ŋeŋe Le Sabat Dzi

Nu ka tae Yesu gblɔ be yenye ‘Sabat la ƒe Aƒetɔ’ ɖo?

TA 32

Nu Ka Ŋue Se Ðe Mɔ Ðo Le Sabat Dzi?

Zadukitɔwo kple Farisitɔwo siwo menyina o la va wɔ ɖeka le susu aɖe ta.

TA 33

Ena Yesaya Ƒe Nyagblɔɖia Va Eme

Nu ka tae Yesu de se na ame siwo wòda dɔ na la be woagana amewo nadze si ye alo woagblɔ nu si yewɔ la o?

TA 34

Yesu Tia Apostolo Wuieve

Vovototo kae le apostolo kple nusrɔ̃la dome?

TA 35

Todzimawunya Xɔŋkɔ La

Xlẽ nu tso Yesu ƒe nuƒoa me nya vevi aɖewo me ɖeɖe ŋu.

TA 36

Asrafomegã Aɖe Ðe Xɔse Sẽŋu Fia

Nu kae asrafomegã sia wɔ si wɔ nuku na Yesu?

TA 37

Yesu Fɔ Ahosi Aɖe Viŋutsu Ðe Tsitre

Ame siwo kpɔ nukunu sia teƒe la de dzesi gɔmesese vevi si le eŋu.

TA 38

Yohanes Di Be Yease Nya Aɖe Tso Yesu Gbɔ

Nu ka tae Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa bia nenye be Yesue nye Mesia la? Ði kemee Yohanes lea?

TA 39

Yesu Do Baba Na Dzidzime Sẽdzime Aɖe

Yesu gblɔ be le Ʋɔnudrɔ̃gbea la, anɔ bɔbɔe na Sodom-nyigba la wu Kapernaum, si nye du si me wònɔ hewɔ dɔ geɖe le la.

TA 40

Tsɔtsɔke Ŋuti Nufiame Aɖe

Esi Yesu gblɔ na nyɔnu aɖe si anya nye gbolo la be wotsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee la, ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be megblẽ naneke be ame nada le Mawu ƒe se dzi oa?

TA 41

Ame Ka Ƒe Ŋusẽ Mee Wòwɔ Nukunuwo Le?

Yesu nɔviŋutsuwo susui be eƒe tagbɔ le gbegblẽm.

TA 42

Yesu Ka Mo Na Farisitɔwo

Nu kae nye “nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la”?

TA 43

Fiaɖuƒea Ŋuti Lododowo

Yesu do lo enyi tsɔ ɖe Dziƒofiaɖuƒea me.

TA 44

Yesu Tsi Ahom Nu Le Ƒu Dzi

Ale si Yesu na yaƒoƒo kple ƒu dzeagbo la dze akɔ anyi la fia nu vevi aɖe mí ku ɖe ale si agbea anɔ le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te la ŋu.

TA 45

Ekpɔ Ŋusẽ Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃ Geɖewo Dzi

Ðe gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo ate ŋu anɔ ame ɖeka mea?

TA 46

Ehaya Esi Wòka Asi Yesu Ƒe Awu Ŋu

Yesu ɖe eƒe ŋusẽ kple dɔmetɔtrɔ fia le nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi sia me.

TA 47

Nyɔnuvi Dzaa Aɖe Gbɔ Agbe!

Esi Yesu gblɔ be alɔ̃ ko dɔm nyɔnuvi aɖe si ku la le la, amewo koe. Nu kae Yesu nya si woawo ya menya o?

TA 48

Ewɔ Nukunuwo, Gake Wogbee Le Nazaret Gɔ̃ Hã

Nazaretetɔwo gbe Yesu, menye le eƒe nufiafia kple eƒe nukunuwo ta o, ke boŋ ɖe susu bubu aɖe ta.

TA 49

Gbeƒãɖeɖe Le Galilea Kple Hehenana Apostoloawo

Nu kae nya ‘Dziƒofiaɖuƒe la gogo’ fia ŋutɔŋutɔ?

TA 50

Wosu Te Aɖe Gbeƒã Le Yometitiwo Gɔ̃ Hã Me

Esi Yesu gblɔ na apostoloawo be womegavɔ̃ ku o ɖe, ke nu ka tae wògblɔ be ne woti wo yome la woasi?

TA 51

Amewuwu Le Dzigbezã Aɖe Ðuɣi

Salome ƒe ɣeɖuɖu dzɔ dzi na Herodes ale gbegbe be wòka atam be yeatsɔ nu sia nu si wòabia la anɛ. Nu dziŋɔ kae wòbia?

TA 52

Yesu Tsɔ Abolo Kple Tɔmelã Ʋɛ Aɖewo Nyi Ame Akpe Geɖe

Yesu ƒe nukunu sia ɖe dzesi ale gbegbe be Nyanyuigbalẽ eneawo katã ƒo nu tso eŋu.

TA 53

Dziɖula Si Kpɔ Ŋusẽ Ðe Dzɔdzɔmenuwo Dzi

Nu kae apostoloawo srɔ̃ tso ale si Yesu zɔ tsi dzi eye wòtsi ahom nu la me?

TA 54

Yesu—“Agbebolo La”

Nu ka tae Yesu ka mo na amewo togbɔ be wodze agbagba geɖe hafi te ŋu va egbɔ?

TA 55

Yesu Ƒe Nyawo Ðia Ame Geɖe Nu

Yesu ƒe nufiafia aɖe ɖia amewo nu ale gbegbe be eƒe nusrɔ̃la geɖe trɔ le eyome.

TA 56

Nu Kae Ƒoa Ði Ame Ŋutɔŋutɔ?

Nu si yia eƒe nu mee loo alo nu si doa go tsoa emee?

TA 57

Yesu Da Gbe Le Nyɔnuvi Aɖe Kple Tokunɔ Aɖe Ŋu

Esi Yesu tsɔ dukɔ si me nyɔnu aɖe tso la me tɔwo sɔ kple avuviwo la, nu ka tae dzi meku nyɔnua o?

TA 58

Ena Abolo Dzi Ðe Edzi Eye Wòxlɔ̃ Nu Tso Amɔwɔʋãnu Ŋu

Yesu ƒe nusrɔ̃lawo se amɔwɔʋãnu si ŋu nya gblɔm wòle la gɔme mlɔeba.

TA 60

Nɔnɔmetɔtrɔ La—Enye Kristo Ƒe Ŋutikɔkɔe Ƒe Ðeɖefia

Nu kae nye nɔnɔmetɔtrɔ la? Nu kae wòfia?

TA 61

Yesu Da Gbe Le Ŋutsuvi Si Me Gbɔgbɔ Vɔ̃ Le Ŋu

Yesu gblɔ be xɔse ʋɛ gbɔe wòtso be womete ŋu da gbe le ɖevia ŋu o, gake ame ka ƒe xɔsee nɔ ʋɛ? Ðeviae loo, fofoae loo, alo Yesu ƒe nusrɔ̃lawoe?

TA 62

Ðokuibɔbɔ Ƒe Nufiame Vevi Aɖe

Ŋutsu tsitsiwo srɔ̃ nu vevi aɖe tso ɖevi sue aɖe gbɔ.

TA 63

Yesu Xlɔ̃ Nu Tso Nukiklizuzu Na Ame Kple Nu Vɔ̃ Ŋu

Eƒo nu tso afɔ etɔ̃ siwo wòle be woaɖe atsɔ akpɔ ŋkubiãnyawo gbɔe le nɔviwo dome ŋu.

TA 64

Ale Si Wòhiã Be Woatsɔ Ake

Yesu zã kpɔɖeŋu si ku ɖe kluvi makpɔnublanuia ŋu tsɔ ɖee fia be le Mawu gbɔ la, ele vevie ŋutɔ be míalɔ̃ faa atsɔe ake ame bubuwo.

TA 65

Efia Nu Esime Wozɔ Mɔ Yina Yerusalem

Le dzeɖoɖo kpui etɔ̃ aɖewo me la, Yesu ƒo nu tso nɔnɔme siwo ate ŋu axe mɔ na ame be madze ye yome o la ŋu.

TA 66

Eva Yerusalem Hena Agbadɔŋkekenyuia Ðuɖu

Nu kae na Yesu ƒe nyaselawo susui be gbɔgbɔ vɔ̃ le eyama me?

TA 67

“Ame Aɖeke Meƒo Nu Alea Kpɔ O”

Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ la me tɔwo katã tsi tsitre ɖe Yesu ŋu, gake wo dometɔ ɖeka do dzi ƒo nu ɖe enu.

TA 68

Mawu Ƒe Vi Lae Nye “Xexea Ƒe Kekeli”

Yesu gblɔ be “nyateƒe la ana ablɔɖe mi.” Ablɔɖe tso nu ka me?

TA 69

Abraham Ye Nye Wo Fofo Loo Alo Abosam Ye?

Yesu gblɔ ale si woade dzesi ame siwo nye Abraham ƒe viwo kple ale si woade dzesi ame si tututu Fofoa nye.

TA 70

Yesu Da Gbe Le Ŋutsu Si Wodzi Ŋkuagbãtɔ La Ŋu

Nusrɔ̃lawo bia nya tso nu si tae wodzi ŋutsu aɖe ŋkuagbãtɔe la ŋu. Nu vɔ̃e wòwɔa? Ðe edzilawo wɔ nu vɔ̃a? Esi Yesu da gbe le eŋu la, mama ɖo amewo dome.

TA 71

Farisitɔwo Bia Gbe Ŋutsu Si Nye Ŋkuagbãtɔ Tsã La

Ŋutsu si nye ŋkuagbãtɔ tsã la ƒe nya si me susu le la ve dɔme na Farisitɔwo. Ŋutsua dzilawo vɔ̃ be Farisitɔwo anyae le ƒuƒoƒea, eye wonyae hã vavã.

TA 72

Yesu Dɔ Nusrɔ̃la 70 Ða Be Woaɖaɖe Gbeƒã

Le Yudea la, Yesu dɔ ame 70 eveveve be woaɖaɖe gbeƒã tso Fiaɖuƒea ŋu. Afi kae nusrɔ̃lawo akpɔ ame siwo woaɖe gbeƒã na la le—le ƒuƒoƒewo loo, alo le amewo ƒe aƒewo me?

TA 73

Samariatɔ Aɖe Ðee Fia Be Yenye Havi Nyui

Aleke Yesu zã ŋutinya si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃laa ŋu tsɔ he susu yi nufiame vevi aɖe dzii?

TA 74

Amedzrowɔwɔ Kple Gbedodoɖa Ŋuti Nufiamewo

Yesu yi Maria kple Marta gbɔ le woƒe aƒe me. Nu kae wòfia wo tso amedzrowɔwɔ ŋu? Eye nu kae wòfia eƒe nusrɔ̃lawo emegbe be woado gbe ɖa abia?

TA 75

Yesu Gblɔ Nu Si Gbɔ Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona

Yesu ƒo nu tso “Mawu ƒe asibidɛ” kple ale si Mawu Fiaɖuƒea ɖi ɖe enutsolawoe la ŋu tsɔ ɖo nya ŋu na wo. Eƒo nu tso ale si amewo awɔ akpɔ dzidzɔ vavãtɔ la hã ŋu.

TA 76

Nuɖuɖu Kple Farisitɔ Aɖe

Yesu klo nu le Farisitɔwo kple agbalẽfialawo ƒe alakpanuwɔwɔ dzi. Agba kpekpe kawoe woƒonɛ ɖe amewo nu be woatsɔ?

TA 77

Yesu Xlɔ̃ Nu Tso Kesinɔnuwo Ŋu

Yesu do lo ku ɖe kesinɔtɔ si tu nudzraɖoƒe siwo lolo wu ŋu. Nuxlɔ̃amenya kae wògbugbɔ gblɔ tso afɔku siwo le kesinɔnuwo yome titi ŋu?

TA 78

Aƒedzikpɔla Nuteƒewɔla, Nɔ Dzadzraɖoɖi!

Yesu ɖee fia be yetsɔ ɖe le yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ me. Akpa kae aƒedzikpɔla aɖe awɔ be woanɔ dedie le gbɔgbɔ me? Nu ka tae nuxlɔ̃ame si nye be míanɔ dzadzraɖoɖi la le vevie nenema gbegbe?

TA 79

Nu Si Tae Tsɔtsrɔ̃ Ava

Yesu gblɔ be ame siwo yele nu ƒom na la atsrɔ̃ ne wogbe dzimetɔtrɔ. Ðe woade dzesi nufiame vevi siwo le nu si fiam Yesu le wo tso wo kple Mawu dome ƒomedodoa ŋu mea?

TA 80

Alẽkplɔla Nyui La Kple Alẽkpoawo

Ƒomedodo si le alẽkplɔla kple eƒe alẽwo dome la ɖe ale si Yesu sena le eɖokui me ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu la fia eme kɔ. Ðe woakpɔ eƒe nufiafiawo adze sii ahadze eyomea?

TA 81

Eya Kple Fofo La Le Ðeka, Gake Menye Eyae Nye Mawu O

Ame siwo tsi tre ɖe Yesu ŋu la dometɔ aɖewo tso enu be egblɔ be yesɔ kple Mawu. Aleke wòɖee fiae be woƒe nutsotsoa mele eme o?

TA 82

Subɔsubɔdɔ Si Yesu Wɔ Le Perea

Yesu gblɔ nu si hiã hafi ame siwo nɔ to ɖomee la nakpɔ ɖeɖe kple nu si tae ame geɖe makpɔ ɖeɖe o. Aɖaŋu si wòɖo la nɔ vevie ɣemaɣi. Ke egbea ya ɖe?

TA 83

Ame Kawoe Mawu Kpe Be Woava Ðu Nu Le Kplɔ̃ Ŋu?

Esi Yesu nɔ nu ɖum le Farisitɔ aɖe ƒe me la, ewɔ kpɔɖeŋu ku ɖe fiẽnuɖukplɔ̃ gã aɖe ŋu. Egblɔ nya si me nufiame vevi aɖe le na Mawu ƒe amewo katã. Nu kae nye nufiamea?

TA 84

Nu Ka Gbegbee Nusrɔ̃lanyenye Bia?

Agbanɔamedzi gãe wònye be ame nanye Yesu ƒe nusrɔ̃la. Yesu gblɔ nu si gbegbe esia bia la eme kɔ nyuie. Nya siwo wògblɔ la anya wɔ moyaa na ame siwo ava nye eyomedzelawo la dometɔ aɖewo.

TA 85

Dzidzɔkpɔkpɔ Le Nu Vɔ̃ Wɔla Si Trɔ Dzi Me La Ŋuti

Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒo nu tsi tre ɖe Yesu ŋu le esi wòde ha kple ame tsɛwo ta. Yesu do lowo na wo tsɔ ɖe ale si Mawu bua nu vɔ̃ wɔlawoe fia.

TA 86

Vi Búbu La Trɔ Gbɔ

Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe lododo si ku ɖe vi nudomegblẽlaa ŋu me?

TA 87

Dzra Ðo Ðe Etsɔme Ŋu—Dze Aɖaŋu

Yesu do lo ku ɖe aƒedzikpɔla mawɔnuteƒe aɖe si wɔ susu ŋu dɔ la tsɔ fia nyateƒe wɔnuku aɖe.

TA 88

Nɔnɔmeawo Trɔ Na Kesinɔtɔ La Kple Lazaro

Nu si akpe ɖe mía ŋu míase Yesu ƒe lododoa gɔmee nye be míade dzesi ame siwo kesinɔtɔ la kple Lazaro le tsitre ɖi na.

TA 89

Efia Nu Le Perea Esime Wòle Mɔ Dzi Yina Yudea

Ehe susu yi nɔnɔme aɖe si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsɔ ake ne wowɔ nu vɔ̃ ɖe mía ŋu enuenu gɔ̃ hã.

TA 90

“Tsitretsitsi La Kple Agbe La”

Nya si Yesu gblɔ be ame si xɔa ye dzi sena “maku akpɔ o” la gɔme ɖe?

TA 91

Wofɔ Lazaro Ðe Tsitre

Nudzɔdzɔ sia ƒe akpa vevi eve aɖewo wɔe be Yesu ƒe futɔwo gɔ̃ hã mate ŋu agblɔ be nukunu sia medzɔ o.

TA 92

Woda Gbe Le Anyidɔléla Ewo Ŋu, Gake Ðeka Koe Va Da Akpe

Ŋutsu si ŋu woda gbe le la da akpe na Yesu kple ame bubu hã.

TA 93

Amegbetɔvi La Aɖe Eɖokui Afia

Aleke Kristo ƒe anyinɔɣi la anɔ abe dzikedzo ene?

TA 94

Nuhiahiã Vevi Eve—Gbedodoɖa Kple Ðokuibɔbɔ

Le lo si Yesu do ku ɖe ahosi aɖe kple ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔa ŋu me la, ete gbe ɖe nɔnɔme aɖe ƒe vevienyenye dzi.

TA 95

Nufiafia Tso Srɔ̃gbegbe Kple Ðeviwo Lɔlɔ̃ Ŋu

Yesu ƒe nɔnɔme ɖe ɖeviwo ŋu to vovo sãa na eƒe nusrɔ̃lawo tɔ. Nu ka tae?

TA 96

Yesu Ðo Nya Ŋu Na Kplɔla Ðekakpui Kesinɔtɔ Aɖe

Nu kae na Yesu gblɔ be ele bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me wu be kesinɔtɔ nayi ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me?

TA 97

Waingblemedɔwɔlawo Ŋuti Lododoa

Aleke ame gbãtɔwo ava zu ame mlɔetɔwo eye ame mlɔetɔwo ava zu gbãtɔwo?

TA 98

Apostoloawo Gadi Nɔƒe Gã Ake

Yakobo kple Yohanes di ɖoƒe kɔkɔwo le Fiaɖuƒea me, gake menye woawo ɖeɖee o.

TA 99

Yesu Yɔ Dɔ Ŋkuagbãtɔwo Eye Wòkpe Ðe Zaxeo Ŋu

Biblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe gbedada le ŋkuagbãtɔ aɖe ŋu le afi si gogo Yeriko la dze abe ɖe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ene, gake aleke míate ŋu ase wo gɔmee?

TA 100

Lo Si Wòdo Ku Ðe Mina Ewoawo Ŋuti

Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be: “Ame sia ame si si nu le la, woatsɔ geɖe akpee nɛ, gake ame si si nu mele o la, woaxɔ nu si le esi la kura gɔ̃ hã le esi”?

TA 101

Yesu Ðu Nu Le Simon Ƒe Me Le Betania

Maria, si nye Lazaro nɔvinyɔnu, wɔ nane si he nyahehe vɛ, gake Yesu ʋli eta.

TA 102

Fia La Nɔ Tedzi Dzi Yi Yerusalem

Ena nya si wogblɔ ɖi ƒe alafa atɔ̃ do ŋgɔ la va eme.

TA 103

Egakɔ Gbedoxɔa Ŋu Ake

Edze abe nu si wɔm asitsalawo nɔ le Yerusalem la sɔ ene, ekema nu ka tae Yesu yɔ wo be adzodalawo?

TA 104

Yudatɔwo Se Mawu Ƒe Gbe—Ðe Woaɖe Xɔse Afia?

Ðe vovototo le Yesu dzi xɔxɔ se kple xɔse ma tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me domea?

TA 105

Yesu Zã Gboti Tsɔ Fia Nu Tso Xɔse Ŋu

Yesu fia nu eƒe nusrɔ̃lawo tso ŋusẽ si le xɔse ŋu, eye wòɖe nu si tae Mawu nɔ Israel dukɔa gbem la me.

TA 106

Waingble Ŋuti Lododo Eve

Nu kae lododo si ku ɖe ŋutsu si dɔ viaŋutsuwo ɖe eƒe waingble me kple esi ku ɖe ame si tsɔ eƒe waingble de asi na agbledela vɔ̃ɖiwo ŋu la fia?

TA 107

Fia Aɖe Yɔ Ame Siwo Wokpe Hena Srɔ̃ɖeŋkekenyui

Lo si Yesu do la nye nyagblɔɖi.

TA 108

Yesu Gblẽ Mɔ̃ Si Wotre Nɛ La Me

Etsi nya ɖe Farisitɔwo, Zadukitɔwo kple mlɔeba eƒe tsitretsiɖeŋula siwo wɔ ɖeka la hã nu.

TA 109

Eka Mo Na Subɔsubɔhakplɔla Siwo Tsi Tre Ðe Eŋu

Nu ka tae Yesu meŋe aɖaba ƒu mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔ dzi o?

TA 110

Ŋkeke Mamlɛtɔ Si Yesu Nɔ Gbedoxɔa Me

Etsɔ kpɔɖeŋu si ahosia ɖo la fia nu vevi aɖe.

TA 111

Apostoloawo Bia Dzesi

Eƒe nyagblɔɖia va eme zi gbãtɔ le ƒe alafa gbãtɔ me. Ðe wòagate ŋu ava eme le mɔ si lolo wu nu le etsɔmea?

TA 112

Ŋudzɔnɔnɔ Ŋuti Nufiame—Ðetugbui Leaƒeawo

Ðe Yesu fia nu be yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe afã anye bometsilawo, eye afã mamlɛa anye aɖaŋudzelawoa?

TA 113

Veviedodonu Ŋuti Nufiame—Talentoawo

Yesu ƒe lododoa ɖe nya si wògblɔ be: “Ame si si nu le la, woatsɔ nu geɖe wu akpee nɛ” la me.

TA 114

Kristo Si Le Zi Dzi Adrɔ̃ Ʋɔnu Alẽwo Kple Gbɔ̃wo

Yesu wɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe ŋu dɔ tsɔ ɖe nu si dzi woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnui la me.

TA 115

Yesu Ƒe Ŋutitoto Mamlɛtɔ Ðuɖu Gogo

Nu ka tae wònye nu si ɖe dzesi be subɔsubɔhakplɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be yewoaxe klosalo 30 pɛpɛpɛ na Yuda ale be wòade Yesu asi?

TA 116

Efia Ðokuibɔbɔ Wo Le Ŋutitoto Mamlɛtɔ Ðuɣi

Ewɔ nu si eƒe apostoloawo menɔ mɔ kpɔm na o esi wòwɔ dɔ si kluviwo wɔna.

TA 117

Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La

Yesu ɖo ŋkuɖodzi ƒe wɔna aɖe si wòle be eyomedzelawo nanɔ wɔwɔm ƒe sia ƒe le Nisan 14 lia dzi la anyi.

TA 118

Woʋli Nya Le Ame Si Nye Gãtɔ Ŋu

Apostoloawo ŋlɔ nu si Yesu fia wo do ŋgɔ le fiẽsi ma ke me la be.

TA 119

Yesu Ye Nye Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La

Yesu gblɔ nyateƒenya vevi aɖe ku ɖe ale si woawɔ ate ɖe Mawu ŋu.

TA 120

Ale Si Woanye Atilɔ Siwo Tsea Ku Kple Yesu Xɔlɔ̃wo

Mɔ ka nue Yesu ƒe nusrɔ̃lawo “tsea ku” le?

TA 121

“Milé Dzi Ðe Ƒo! Nye La Meɖu Xexea Dzi”

Ne xexea na wowu Yesu ɖe, ke gɔmesese ka nue wòɖu xexea dzi le?

TA 122

Yesu Ƒe Gbedodoɖa Mamlɛtɔ Le Dziƒoxɔa Dzi

Ena eme kɔ be yeva wɔ nu si le vevie kura wu amegbetɔwo xɔxɔ ɖe agbe.

TA 123

Edo Gbe Ða Esime Wòle Nu Xam Vevie

Nu ka tae Yesu do gbe ɖa be: “Na kplu sia nato ŋunye”? Ðe megadi be yeaku axe tafea oa?

TA 124

Kristo Dede Asi Kple Eléle

Yuda te ŋu ke ɖe Yesu ŋu togbɔ be zã tsi hã.

TA 125

Wokplɔ Yesu Yi Ana Gbɔ, Emegbe Wokplɔe Yi Kayafa Gbɔ

Wote nya dzɔdzɔe ɖe to le ʋɔnu si wodrɔ̃ Yesu me.

TA 126

Petro Gbe Nu Le Yesu Gbɔ Le Kayafa Ƒe Me

Aleke wòdzɔe be Petro, ame si si xɔse le, si sroa Mawu ɖa la gbe nu le Yesu gbɔ kaba nenema?

TA 127

Sanhedrin La Drɔ̃ Ʋɔnui, Eyome Wokplɔe Yi Pilato Gbɔ

Tame vɔ̃ si Yuda subɔsubɔhakplɔlawo ɖo la dze ƒãa.

TA 128

Pilato Kple Herodes Kpɔe Be Yesu Meɖi Fɔ O

Nu ka tae Pilato ɖo Yesu ɖe Herodes gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnui? Ðe ŋusẽ mele Pilato si be wòadrɔ̃ ʋɔnu Yesu oa?

TA 129

Pilato Gblɔ Be: “Mikpɔ Ða! Ŋutsu Lae Nye Esi!”

Pilato gɔ̃ hã kpɔ Yesu ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo dze sii.

TA 130

Pilato Tsɔ Yesu De Asi Wokplɔ Yina Wuwu Ge

Nu ka tae Yesu gblɔ na nyɔnu siwo nɔ nu xam la be woafa na wo ɖokuiwo kple wo viwo, ke menye na ye o?

TA 131

Fia Si Meɖi Fɔ O La Kpe Fu Le Fuwɔameti Ŋu

Yesu do yayra gã aɖe ŋugbe na nu vlo wɔla aɖe si hã wohe ɖe ati ŋu.

TA 132

“Mawu Ƒe Vie Ame Sia Nye Vavã”

Viviti si do le ŋkeke me, anyigbaʋuʋua kple gbedoxɔmetsovɔ si dze ɖe eve la katã ɖo kpe nu ɖeka dzi.

TA 133

Wodzra Yesu Ƒe Kukua Ðo Heɖii

Nu ka tae wòhiã kpata be woaɖi Yesu hafi ɣe naɖo to?

TA 134

Yɔdoa Tsi Ƒuƒlu, Elabena Yesu Le Agbe!

Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la aɖe si nye nyɔnu la gbã, ke menye eƒe apostoloawo o.

TA 135

Yesu Si Wofɔ Ðe Tsitre La Ðe Eɖokui Fia Ame Geɖe

Nu kae Yesu wɔ tsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo kpɔe be wofɔ ye ɖe tsitre?

TA 136

Le Galilea-ƒua Ta

Yesu ɖo ŋku ale si Petro aɖee afia be yelɔ̃ ye la dzi nɛ zi etɔ̃.

TA 137

Ame Alafawo Kpɔe Do Ŋgɔ Na Pentekoste Ŋkekea

Le Yesu fɔfɔ ɖe tsitre va se ɖe eƒe dziƒoyiyi me la, eƒo nu tso nu si eƒe nusrɔ̃lawo axɔ kple ale si woawɔ eŋu dɔe ŋu zi geɖe.

TA 138

Kristo Le Mawu Ƒe Ðusime

Nu kae Yesu anɔ wɔwɔm esime wòle lalam be ɣeyiɣia nade yeatso ɖe yeƒe futɔwo ŋu?

TA 139

Yesu Ahe Paradiso Vɛ Ahawu Eƒe Dɔ La Nu

Dɔ geɖe gali wòawɔ hafi wòatsɔ Fiaɖuƒea ade asi na Mawu si nye Fofoa.

Srɔ̃ Yesu Be Nànye . . .

Yesu ɖe nɔnɔme 8 aɖewo fia edziedzi le eƒe agbenɔɣi katã.

Mawunyakpukpuiwo Diƒe

Zã mawunyakpukpuiwo diƒe sia nàtsɔ adi teƒe siwo wodzro mawunyakpukpuiawo me le le Nyanyuigbalẽawo me.

Kpɔɖeŋuwo Kple Lododowo Diƒe

Àkpɔ ta si me wodzro Yesu ƒe kpɔɖeŋu siawo me le le agbalẽ sia me.

Mesia La Ŋuti Nyagblɔɖi Aɖewo

Tsɔ nu siwo dzɔ le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la sɔ kple Biblia me nyagblɔɖi siwo ɖo kpe edzi be eyae nye Mesia la, eye àkpɔ ta siwo me wodzro wo me le le agbalẽ sia me.

Teƒe Siwo Yesu Nɔ Hefia Nu Le

Anyigbatata sia fia asi teƒe siwo Yesu wɔ eƒe subɔsubɔdɔa le.